Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 18

Ale Si Míawɔ Akpɔ Kristotɔ Vavãwo Adze Sii

Ale Si Míawɔ Akpɔ Kristotɔ Vavãwo Adze Sii

Ame miliɔn akpe geɖe gblɔna be Kristotɔwoe yewonye. Gake woƒe dzixɔsewo mele ɖeka o, eye ale si wonɔa agbee hã to vovo. Eya ta, aleke míawɔ akpɔ Kristotɔ vavãwo adze sii?

1. Ame kawoe nye Kristotɔwo?

Kristotɔwoe nye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo, alo eyomedzelawo. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 11:26.) Aleke woɖenɛ fiana be yewonye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo? Yesu gblɔ be: “Ne mieyi edzi lé nye nya la me ɖe asi la, ekema nye nusrɔ̃lawo mienye vavã.” (Yohanes 8:31) Esia fia be Kristotɔ vavãwo wɔna ɖe Yesu ƒe nufiafiawo dzi. Yesu ƒe nufiafiawo katã wɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo, eye nenema kee Kristotɔ vavãwo hã ƒe dzixɔsewo wɔ ɖeka kple nu si Biblia gblɔ.—Xlẽ Luka 24:27.

2. Aleke Kristotɔ vavãwo ɖea lɔlɔ̃ fianae?

Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Mialɔ̃ mia nɔewo, abe ale si melɔ̃ mi ene.” (Yohanes 15:12) Aleke Yesu ɖee fia be yelɔ̃ yeƒe nusrɔ̃lawo? Ekpɔ vovo ɖe wo ŋu, ede dzi ƒo na wo, eye wòkpe ɖe wo ŋu. Etsɔ eƒe agbe sa vɔ ɖe wo ta gɔ̃ hã. (1 Yohanes 3:16) Le Kristotɔ vavãwo hã gome la, menye ɖeko woƒoa nu tso lɔlɔ̃ ŋu o, ke boŋ, woɖenɛ fiana to woƒe nyawo kple nuwɔnawo me be yewolɔ̃ yewo nɔewo.

3. Dɔ vevi ka wɔm Kristotɔ vavãwo le?

Yesu de dɔ aɖe eƒe nusrɔ̃lawo si be woawɔ. ‘Edɔ wo be woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe la.’ (Luka 9:2) Kristotɔ gbãtɔwo ɖe gbeƒã na amewo le dutoƒo kple aƒewo me, ke menye le woƒe ƒuƒoƒewo ko o. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 5:42; 17:17.) Egbea, Kristotɔ vavãwo hã ɖea gbeƒã Biblia me nyateƒea na amewo le afi sia afi si woakpɔ amewo le. Wolɔ̃ wo haviwo, eya ta, edzɔa dzi na wo be yewoawɔ yewoƒe ŋutete ɖe sia ɖe agblɔ Biblia me gbedeasi si naa mɔkpɔkpɔ ame hefaa akɔ na ame la na wo.—Marko 12:31.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ vovototo si le Kristotɔ vavãwo kple ame siwo mewɔna ɖe Yesu ƒe nufiafiawo dzi alo srɔ̃a eƒe kpɔɖeŋu o la dome.

4. Kristotɔ vavãwo kua nu me be yewoanya Biblia me nyateƒea

Kristotɔ gbãtɔwo de asixɔxɔ Mawu ƒe Nyaa ŋu

Menye ame siwo katã gblɔna be Kristotɔwoe yewonye lae dea asixɔxɔ Biblia me nyateƒea ŋu o. Mikpɔ VIDEOA, eye miadzro biabia si gbɔna me.

  • Nu kae subɔsubɔha aɖewo siwo be Kristotɔwoe yewonye la wɔ tsɔ xe mɔ na amewo be woaganya Yesu ƒe nufiafiawo o?

Nyateƒe si tso Mawu gbɔ lae Yesu fia amewo. Mixlẽ Yohanes 18:37, eye miadzro biabia sia me:

  • Le Yesu ƒe nyaa nu la, aleke míawɔ ade dzesi Kristotɔ siwo “le nyateƒea ƒe akpa dzi”?

5. Woɖea gbeƒã Biblia me nyateƒea

Kristotɔ gbãtɔwo ɖe gbeƒã na amewo

Hafi Yesu nayi dziƒo la, ede dɔ aɖe asi na eyomedzelawo, eye wogakpɔtɔ le dɔ ma wɔm egbea. Mixlẽ Mateo 28:19, 20 kple Dɔwɔwɔwo 1:8, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Keke afi ka kee Yesu yomedzelawo aɖe gbeƒã ase ɖo, eye va de asi na ɣekaɣi?

6. Wowɔna ɖe nu siwo wofiaa amewo la dzi

Nu kae na ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Tom va ka ɖe edzi be yeke ɖe Kristotɔ vavãwo ŋu? Mikpɔ VIDEOA, eye miadzro biabia siwo gbɔna me.

  • Le videoa me la, nu kae na Tom tso kadodo me kple subɔsubɔhawo?

  • Nu kae na wòka ɖe edzi be yeke ɖe Yesu yomedzela vavãwo ŋu?

Nu siwo míewɔna la le vevie wu nya siwo míegblɔna. Mixlẽ Mateo 7:21, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu kae le vevie na Yesu wu, nu siwo dzi míegblɔna be míexɔ se ye loo, alo ale si míenɔa agbee ye?

7. Wolɔ̃ wo nɔewo

Kristotɔ gbãtɔwo lɔ̃ wo nɔewo

Ðe Kristotɔwo lɔ̃na faa tsɔa woƒe agbe ɖoa anyi ɖe wo nɔvi Kristotɔwo ta vavã? Mikpɔ VIDEOA, eye miadzro nyabiase siwo gbɔna me.

  • Le videoa me la, nu kae ʋã Lloyd wòlɔ̃ faa be yeaku ɖe Nɔviŋutsu Johansson ta?

  • Le wò susu nu la, ɖe wòwɔ nu abe Kristotɔ vavã enea?

Mixlẽ Yohanes 13:34, 35, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Aleke Yesu ƒe nusrɔ̃lawo (alo Kristotɔ vavãwo) awɔ nu ɖe ame ƒomevi vovovowo alo dukɔ bubu me tɔwo ŋu?

  • Aleke woawɔ esia ne aʋa dzɔ?

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Mawu ɖeka ko subɔm Kristotɔwo katã le, menye tsɔtsi si wodena ye le vevie o.”

  • Ne ame aɖe gblɔ nya sia la, mawunyakpukpui kae nàte ŋu axlẽ nɛ be wòakpɔ ale si wòate ŋu ade dzesi Kristotɔ vavãwo?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Kristotɔ vavãwo wɔna ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi, wodia ame bubuwo ƒe nyonyo wu woawo ŋutɔwo tɔ, eye woɖea gbeƒã Biblia me nyateƒea.

Numetoto

  • Nu ka dzie Kristotɔ vavãwo tua woƒe dzixɔsewo ɖo?

  • Nɔnɔme nyui kae ɖea dzesi le Kristotɔ vavãwo ŋu?

  • Dɔ vevi kae Kristotɔ vavãwo wɔna?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Le video sia me la, àsrɔ̃ nu tso ame siwo dzea agbagba vevie be yewoasrɔ̃ Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋu ahawɔ ɖe eƒe nufiafiawo dzi la ŋu.

Yehowa Ðasefowo—Ame Kawoe Míenye? (1:13)

Le nyati sia me la, àkpɔ ale si wòdzɔe be nyɔnu aɖe si nye Katolikotɔwo ƒe sista tsã la, va ke ɖe ‘nɔviwo ƒe habɔbɔ’ vavã la ŋu.

“Wotsɔ Biblia Ðo Nye Biabiawo Katã Ŋu Nam!” (Gbetakpɔxɔ, April 1, 2014)

Le video sia me la, àkpɔ ale si Kristotɔ vavãwo ɖea lɔlɔ̃ fiaa woƒe haxɔsetɔwo ne afɔkuwo dzɔ.

Kpekpeɖeŋunana Mía Nɔviwo Ne Afɔku Dzɔ—Videoa Ƒe Akpa Aɖe (3:57)

Le nyati sia me la, àkpɔ ale si Kristotɔ gbãtɔwo kple Kristotɔ vavã siwo li egbea ƒe nuwɔnawo wɔ ɖeka kple nu si Yesu gblɔ be woatsɔ ade dzesi ye yomedzela vavãwo.

“Nu Kawoe Míatsɔ Ade Dzesi Kristotɔ Vavãwo?” (Gbetakpɔxɔ, March 1, 2012)