Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 22

Aleke Nàwɔ Agblɔ Nya Nyuia Na Amewo?

Aleke Nàwɔ Agblɔ Nya Nyuia Na Amewo?

Esi nèle nyateƒe siwo le Biblia me srɔ̃m la, ɖewohĩ àgblɔ na ɖokuiwò be, ‘Ele be ame sia ame nase nya siae!’ Vavãe, ele be ame sia ame nasee! Ke hã, ɖewohĩ ànɔ vɔvɔ̃m vie be yeaƒo nu tso nu siwo nèsrɔ̃ ŋu na amewo. Na míakpɔ ale si nàte ŋu aɖu vɔvɔ̃ ma dzi ale be nàtsɔ dzidzɔ anɔ nya nyui si le Biblia me la gblɔm na amewo.

1. Aleke nàwɔ agblɔ nu siwo nèsrɔ̃ la na amewo?

Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ be: “Míate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo le nu siwo míekpɔ kple nu siwo míese la ŋu o.” (Dɔwɔwɔwo 4:20) Nyateƒea nɔ vevie na wo ale gbegbe be wodi be yewoagblɔe na ame geɖe ale si yewoate ŋui. Ðe wò hã èdina be yeaƒo nu tso nu siwo srɔ̃m nèle ŋu na amewoa? Ne nenemae la, dze agbagba nàdi mɔ siwo dzi nàte ŋu ato agblɔ nu siwo srɔ̃m nèle la na wò ƒometɔwo kple xɔ̃wòwo bubutɔe.—Xlẽ Kolosetɔwo 4:6.

Mɔ siwo dzi nàte ŋu ato awɔ esia

  • Ne èle dze ɖom kple wò ƒometɔ aɖe la, àte ŋu aƒo nu tso Biblia me nya aɖe ŋu nɛ ne èdze egɔme be: “Mesrɔ̃ nu nyui aɖe le kwasiɖa sia me.”

  • Zã mawunyakpukpui nyui aɖe nàtsɔ ade dzi ƒo na xɔ̃wò aɖe si dze dɔ alo tsi dzimaɖi.

  • Ne wò dɔwɔhati aɖe bia wò be aleke nuwo yi na wò le kwasiɖaa me hã la, gblɔ nu siwo nèsrɔ̃ le wò Biblia sɔsrɔ̃a me alo le hame ƒe kpekpe aɖe me la nɛ.

  • Tsɔ jw.org nyatakakadzraɖoƒea fia xɔ̃wòwo.

  • Kpe ame bubuwo be woava wɔ ɖeka kpli wò le wò Biblia sɔsrɔ̃a me, alo nàfia wo ale si woato jw.org dzi abia be ame aɖe nava srɔ̃ nu kpli yewo.

2. Nu ka tae wòanyo be nàɖoe be yeawɔ ɖeka kple hamea anɔ gbeƒã ɖem?

Menye ame nyanyɛwo koe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖe gbeƒã na o, woɖe gbeƒã na ame bubuwo hã. Yesu ‘dɔ wo eveeve ɖo ɖe eŋgɔ ɖe duwo me’ be woaɖe gbeƒã. (Luka 10:1) Gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le ɖoɖo nu alea na mɔnukpɔkpɔ ame geɖe be woase nya nyuia. Azɔ hã, esi nusrɔ̃lawo wɔ ɖeka kple wo tɔ nusrɔ̃la bubuawo woɖe gbeƒã la, esia wɔe be wokpɔ dzidzɔ geɖe. (Luka 10:17) Ðe wò hã àdi be yeawɔ ɖeka kple hamea aɖe gbeƒã nya nyuia?

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àsrɔ̃ nu si nàwɔ be dzi naɖo ƒowò nàɖe gbeƒã ale be wò hã nàkpɔ dzidzɔ si amewo kpɔna ne woɖe gbeƒã nya nyuia.

3. Yehowa akpe ɖe ŋuwò

Ame aɖewo dina be yewoaɖe gbeƒã, gake wotsia dzi ɖe ale si amewo abu yewo alo awɔ nu ɖe yewo ŋu la ŋuti.

  • Ðe nèvɔ̃na vie be yeaƒo nu tso nu siwo nèsrɔ̃ ŋu na amewoa? Nu ka tae?

Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro biabia si gbɔna me.

  • Aleke Ðasefo sɔhɛ mawo wɔ ɖu woƒe vɔvɔ̃a dzi?

Mixlẽ Yesaya 41:10, eye miadzro biabia sia me:

  • Ne èle vɔvɔ̃m be yeaɖe gbeƒã la, nu ka tae wòle be nàdo gbe ɖa?

Ènyaa?

Yehowa Ðasefowo dometɔ geɖe susui tsã be yewomate ŋu aɖe gbeƒã nya nyuia na amewo gbeɖe o. Le kpɔɖeŋu me, tsã la, Sergey sena le eɖokui me be yemele ɖeke me o, eye esesẽna nɛ be wòaɖo dze kple amewo. Gake emegbe eva srɔ̃ Biblia. Egblɔ be: “Togbɔ be menɔ vɔvɔ̃m hãa, medze nuƒoƒo tso nu siwo srɔ̃m menɔa ŋu na amewo. Ewɔ nuku nam be nuƒoƒo tso Biblia me nyawo ŋu na amewo wɔe be dzi va ɖo ƒonye boŋ, eye edo ŋusẽ nye xɔse hã.”

4. Ƒo nu bubutɔe

Hafi nàgblɔ nya nyuia na ame aɖe la, menye nya si nàgblɔ ŋu koe wòhiã be nàbu o, ehiã be nàbu ale si nàgblɔe hã ŋu. Mixlẽ 2 Timoteo 2:24 kple 1 Petro 3:15, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Aleke nàte ŋu awɔ ɖe nya siwo le mawunyakpukpui siawo me dzi ne èle Biblia me nyawo gblɔm na amewo?

  • Ate ŋu adzɔ be wò ƒometɔwo alo xɔ̃wòwo malɔ̃ ɖe nya si gblɔm nèle dzi o. Ne edzɔ alea la, nu kae nàwɔ? Nu kae mele be nàwɔ o?

  • Nu ka tae wòanyo wu ne èbia nya wo ŋuɖɔɖotɔe be woagblɔ woƒe susu faa tsɔ wu be nàzi nya ɖe wo dzi?

5. Nya nyuia gbɔgblɔ na amewo nana míekpɔa dzidzɔ

Yehowa de dɔ asi na Yesu be wòagblɔ nya nyui na amewo. Aleke Yesu bu dɔ mae? Mixlẽ Yohanes 4:34, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Nu nyui ɖuɖu nana míenɔa lãmesẽ me eye míekpɔa dzidzɔ. Nu ka tae Yesu tsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ, le kpɔɖeŋu me, nya nyuia gbɔgblɔ na amewo, sɔ kple nuɖuɖu?

  • Èsusu be nya nyuia gbɔgblɔ na amewo ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔa? Le mɔ ka nu?

Te nu siawo kpɔ

  • Le kwasiɖa domedome kpekpeawo me la, de dzesi nya siwo nàte ŋu azã atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme.

  • Na ame si le Biblia srɔ̃m kpli wò la nagblɔ nu si nàwɔ be wò hã nàva nɔ dɔdeasiwo wɔm le kwasiɖa domedome kpekpea me la na wò. Dɔdeasi mawo wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be dzi nanɔ ƒowò be nàgblɔ nu siwo srɔ̃m nèle la na amewo.

  • Zã nusɔsrɔ̃awo ƒe akpa siwo nye “Ame Aɖewo Gblɔna Be” alo “Ame Aɖe Ate Ŋu Abia Be” nàtsɔ asrɔ̃ ale si nàɖo nya ŋu na ame siwo abia nya wò kple ame siwo malɔ̃ ɖe wò susuwo dzi o.

AME AÐE ATE ŊU ABIA BE: “Alekee nye agbea?”

  • Aleke nàte ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋu dɔ agblɔ nu siwo srɔ̃m nèle le Biblia me la nɛ?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Nya nyuia gbɔgblɔ na amewo nana míekpɔa dzidzɔ, eye esia wɔwɔ ate ŋu anɔ bɔbɔe na wò wu ale si nèsusui.

Numetoto

  • Nu ka tae wòle be míagblɔ nya nyuia na amewo?

  • Aleke nàte ŋu agblɔ nya nyuia na amewo bubutɔe?

  • Ne èvɔ̃na vie be yeaɖe gbeƒã na amewo la, nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖu vɔvɔ̃a dzi?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Video sia ana nàkpɔ mɔ bɔbɔe ene siwo dzi nàte ŋu ato be nàzã jw.org kadodogbalẽvia atsɔ ana amewo nanya nu tso nya nyuia ŋu.

JW.ORG Kadodogbalẽvi Ƒe Kpɔɖeŋudzeɖonya (1:43)

Xlẽ nu tso nɔnɔme nyui ene aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàgblɔ nya nyuia na amewo la ŋu.

“Ðe Nèle Klalo Be Yeanye Amewo Ðela?” (Gbetakpɔxɔ, September 2020)

Le video sia me la, àkpɔ Biblia me kpɔɖeŋu aɖe si ate ŋu ana dzi naɖo mía ƒo míagblɔ nya nyuia na amewo, ne ɖeviwoe míenye gɔ̃ hã.

Yehowa Akpe Ðe Ŋuwò Be Màvɔ̃ O (11:59)

Nyati sia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ale si nàte ŋu agblɔ Biblia me nyawo na wò ƒometɔ siwo mesrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu o.

“Na Nyateƒea Naɖo Wò Ƒometɔwo Ƒe Dzi Gbɔ” (Gbetakpɔxɔ, March 15, 2014)