Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 25

Aleke Mawu Ðoe Be Agbea Nanɔ Na Mí?

Aleke Mawu Ðoe Be Agbea Nanɔ Na Mí?

Biblia gblɔ be amegbetɔwo ƒe agbe le ‘kpuie eye wòyɔ fũu kple fukpekpe.’ (Hiob 14:1) Alea ye Mawu di be agbea nanɔ na mía? Ne menye nenema ye o la, ke aleke wòɖoe be agbea nanɔ na mí? Ðe tame si wòɖo ɖe mía ŋu la ava eme gbe ɖeka? Na míakpɔ nya fakɔname siwo Biblia gblɔ tsɔ ɖo nya mawo ŋui ɖa.

1. Aleke Yehowa di be agbea nanɔ na mí?

Yehowa di be míakpɔ dzidzɔ eye agbea nadze edzi na mí. Esi Mawu wɔ Adam kple Xawa, siwo nye amegbetɔ gbãtɔwo la, eda wo ɖe paradiso nyui aɖe si woyɔ be Eden-bɔ la me. Eye “Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo be: ‘Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ anyigba la dzi, eye miaɖu edzi.’” (1 Mose 1:28) Eya ta, Yehowa di be woadzi viwo, woana anyigba bliboa nanye paradiso, eye woakpɔ lãwo dzi. Eɖoe be amegbetɔwo katã nanɔ lãmesẽ blibo me eye woanɔ agbe tegbee.

Togbɔ be nuwo mele nenema fifia o hã la, a tame si Mawu ɖo ɖe mía ŋu la metrɔ o. (Yesaya 46:10, 11) Egadi kokoko be amegbetɔ toɖolawo nanɔ agbe tegbee le dzidzɔ me, eye naneke nagaɖe fu na wo o.—Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

2. Aleke míawɔ akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme fifia?

Yehowa wɔ mí le mɔ aɖe nu be míehiã eƒe mɔfiafia, esia tae míedina be míadze sii eye míasubɔe ɖo. (Xlẽ Mateo 5:3-6.) Yehowa di be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mía kpli ye dome, ‘míazɔ le yeƒe mɔwo katã dzi ahalɔ̃ ye,’ eye míasubɔ ye kple “dzi blibo.” (5 Mose 10:12; Psalmo 25:14) Ne míewɔe alea la, míakpɔ dzidzɔ vavã, togbɔ be míele kuxiwo me tom gɔ̃ hã. Ne míesubɔa Yehowa la, míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme, elabe míenyae be míele agbe nɔm abe ale si wòdi tso mía si ene.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔe be ale si Yehowa trɔ asi le anyigba ŋu la ɖee fia be elɔ̃ mí ale gbegbe. Azɔ hã, àkpɔ nu si eƒe Nya, Biblia, gblɔ tso ale si wòɖoe be agbea nanɔ na mí la ŋu.

3. Tame nyui aɖee Yehowa ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu

Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase si gbɔna me.

  • Nu ka tae Mawu wɔ anyigba nyui sia na mí?

Mixlẽ Nyagblɔla 3:11, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Nu kae mawunyakpukpui sia fia wò tso tame si Yehowa ɖo ɖe mía ŋu la ŋuti?

4. Tame si Yehowa ɖo ɖe mía ŋu la metrɔ o

Mixlẽ Psalmo 37:11, 29 kple Yesaya 55:11, eye miadzro biabia sia me:

  • Aleke míewɔ nya be tame si Yehowa ɖo ɖe mía ŋu la metrɔ o?

5. Ne míesubɔa Yehowa la, esia nana míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me

Ne míenya nu si tae míele agbe ɖo la, esia nana míekpɔa dzidzɔ. Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro biabia si gbɔna me.

  • Esi Terumi va nya taɖodzinu si le agbea ŋu la, aleke esia ɖe vi nɛ?

Mixlẽ Nyagblɔla 12:13, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Esi wònye be Yehowa wɔ nu geɖe ŋutɔ na mí ta la, nu kae wòle be míawo hã míawɔ?

AME AÐE ATE ŊU ABIA BE: “Nu ka tae míele agbe ɖo?”

  • Ne ame aɖe bia nya sia la, aleke nàɖo eŋu nɛ?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Yehowa di be míanɔ agbe tegbee le dzidzɔ me le anyigba dzi eye naneke nagaɖe fu na mí o. Ne míesubɔa Yehowa tso dzi blibo me la, míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme fifia gɔ̃ hã.

Numetoto

  • Aleke Yehowa di be agbea nanɔ na Adam kple Xawa hafi?

  • Aleke míewɔ nya be tame si Mawu ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu la metrɔ o?

  • Aleke nàwɔ akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Le nyati sia me la, àkpɔ nu siwo ɖo kpe edzi be Eden-bɔa nɔ anyi kpɔ vavã.

“Eden Bɔ La—Enɔ Anyi Kpɔ Vavã? Alo Nyakpakpa Koe?” (Gbetakpɔxɔ, January 1, 2011)

Xlẽ nu tso nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be anyigbaa anɔ anyi tegbee la ŋu.

“Ðe Woatsrɔ̃ Anyigba La?” (Nyati sia le jw.org)

Biblia na míenya tameɖoɖo si le agbea ŋu. Àte ŋu axlẽ nu tso eŋu le nyati sia me.

“Tameɖoɖo Kae Le Agbea Ŋu?” (Nyati sia le jw.org)

Le video sia me la, àkpɔ ale si ŋutsu aɖe si susu be nu sia nu le ye si la va ke ɖe nu si susɔ nɛ le agbe me la ŋu.

Fifia Taɖodzinu Va Le Nye Agbe Ŋu (3:55)

a Àsrɔ̃ nu tso nu si tae nuwo mele nenema fifia o la ŋu le nusɔsrɔ̃ si kplɔ esia ɖo me.