Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 34

Aleke Míate Ŋu Aɖee Afia Be Míelɔ̃ Yehowa?

Aleke Míate Ŋu Aɖee Afia Be Míelɔ̃ Yehowa?

Ðe nèkpɔe be yegava lɔ̃ Mawu geɖe wu tso esime nèva le Biblia srɔ̃ma? Ðe nàdi be yeana ye kplii dome naganɔ kplikplikpli wua? Ne nenemae la, ke ka ɖe edzi be zi ale si Yehowa kpɔe be èva le ye lɔ̃m vevie la, zi nenemae eya hã alɔ̃ wò ahalé be na wò. Aleke nàte ŋu aɖee afiae be yelɔ̃e?

1. Aleke míeɖenɛ fiana Yehowa be míelɔ̃e?

Míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ Yehowa ne míeɖoa to eyama. (Xlẽ 1 Yohanes 5:3.) Mezia ame aɖeke dzi be wòaɖo to ye o. Ke boŋ, eɖe mɔ na mí be míawo ŋutɔwo míatiae nenye be míaɖo to ye loo alo míaɖo to ye o. Nu ka tae? Nu si tae nye be Yehowa di be ‘míaɖo to ye tso dzi me.’ (Romatɔwo 6:17) Esia fia be edi be nàɖo to ye le esi nèlɔ̃ ye ta, ke menye le esi wòle be nàwɔe ta ko o. Wotrɔ asi le agbalẽ sia ƒe Akpa 3 lia kple 4 lia ŋu be woakpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàɖee afia Yehowa be yelɔ̃e. Eye àte ŋu aɖee afia Yehowa be yelɔ̃e ne èwɔa nu si doa dzidzɔ nɛ eye nètsri nu si medzea eŋu o.

2. Nu ka tae wòate ŋu asesẽ be míaɖee afia be míelɔ̃ Yehowa?

Biblia gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ.” (Psalmo 34:19) Mí katã míedzea agbagba be míawɔ nu nyui, gake míedaa vo ɣeaɖewoɣi. Eye gakuxiwo hã tea ŋu ɖea fu na mí, amewo tea ŋu wɔa nu madzɔmadzɔwo ɖe mía ŋu, eye nɔnɔme sesẽ bubuwo hã vaa mía dzi. Ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom la, ate ŋu asesẽ na mí be míawɔ nu si Yehowa di tso mía si. Nu si tae nye be, nu si mesɔ o la wɔwɔ tea ŋu nɔa bɔbɔe wu. Gake ne èdze agbagba wɔ nu si Yehowa di tso asiwò la, àɖee afia be yelɔ̃e wu nu bubu ɖe sia ɖe. Eye àɖee afia be yewɔa nuteƒe nɛ. Ekema eya hã awɔ nuteƒe na wò. Magblẽ wò ɖi akpɔ gbeɖe o.—Xlẽ Psalmo 4:3.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ nu si tae dzi dzɔa Yehowa ne èɖo toe, kple nu si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ nuteƒe nɛ.

3. Satana tsɔ nya ɖe ŋuwò

Biblia gbalẽ si nye Hiob na míenya be Satana tsɔ nya ɖe Hiob kple ame siwo katã di be yewoasubɔ Yehowa la ŋu. Mixlẽ Hiob 1:1, 6–2:10, eye miadzro biabia siawo me:

  • Nu kae Satana gblɔ be eya tae Hiob ɖoa to Yehowa ɖo?—Kpɔ Hiob 1:9-11.

  • Nya kae Satana tsɔ ɖe amegbetɔwo katã ŋu si ka wò hã?—Kpɔ Hiob 2:4.

Mixlẽ Hiob 27:5b, eye miadzro biabia sia me:

  • Aleke Hiob ɖee fia be yelɔ̃ Yehowa vavã?

Hiob ɖee fia be yelɔ̃ Yehowa esi wòyi edzi wɔ nuteƒe nɛ

Míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ Yehowa ne míeyi edzi wɔ nuteƒe nɛ

4. Do dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi

Mixlẽ Lododowo 27:11, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Aleke Yehowa sena le eɖokui me ne èwɔ nu le nunya me eye nèɖo toe? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

5. Àte ŋu awɔ nuteƒe na Yehowa

Ne míelɔ̃ Yehowa la, esia ʋãa mí be míaƒo nu tso eŋu na ame bubuwo. Nuteƒewɔwɔ na Yehowa aʋã mí be míaƒo nu tso eŋu na amewo ne esia wɔwɔ sesẽ na mí gɔ̃ hã. Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro biabia siwo gbɔna me.

  • Ðe wòsesẽna na wò be nàƒo nu tso Yehowa ŋu na amewoa?

  • Le videoa me la, nu kae kpe ɖe Ganyo ŋu wòɖu eƒe vɔvɔ̃a dzi?

Ne míelɔ̃ nu siwo Yehowa lɔ̃ eye míelé fu nu siwo wòlé fui la, enɔa bɔbɔe na mí be míawɔ nuteƒe nɛ. Mixlẽ Psalmo 97:10, eye miadzro biabia siawo me:

  • Le nu siwo nèsrɔ̃ va yi nu la, nu kawoe nye nu siwo Yehowa lɔ̃ la dometɔ aɖewo? Nu kawoe nye nu siwo Yehowa lé fui la dometɔ aɖewo?

  • Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàlɔ̃ nu si nyo eye nàlé fu vɔ̃?

6. Toɖoɖo Yehowa ɖea vi na mí

Nu nyuitɔ si wòle be míawɔe nye be míaɖo to Yehowa le nu sia nu me. Mixlẽ Yesaya 48:17, 18, eye miadzro biabia siawo me:

  • Ðe nèsusu be míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa nya nu si aɖe vi na mí wu le nɔnɔme ɖe sia ɖe mea? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

  • Va de asi na fifia la, aleke nu siwo nèsrɔ̃ tso Biblia me, kple esiwo nèsrɔ̃ tso Mawu vavã, Yehowa, ŋu la ɖe vi na wòe?

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Nyemeka ɖe edzi be Mawu tsia dzi ɖe ale si menɔa agbee ŋu o.”

  • Mawunyakpukpui kae nàte ŋu azã atsɔ aɖee afia be míaƒe nuwɔnawo ate ŋu ado dzidzɔ na Yehowa alo ate ɖe edzi?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Àte ŋu aɖee afia be yelɔ̃ Yehowa ne èɖoa toe eye nèwɔa nuteƒe nɛ le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me.

Numetoto

  • Nu kae nèsrɔ̃ tso Hiob ƒe kpɔɖeŋua me?

  • Aleke nàɖee afia be yelɔ̃ Yehowa?

  • Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Le video sia me la, àkpɔ ale si nàte ŋu awɔ nuteƒe na Yehowa kple hamea.

“Èwɔa Nuteƒe Na Ame Si Wɔa Nuteƒe” (16:49)

Xlẽ nu tso nya bubu siwo Satana tsɔ ɖe amegbetɔwo ŋu la ŋuti le nyati sia me.

“Hiob Lé Fɔmaɖimaɖi Me Ðe Asi” (Biblia La—Nya Kae Le Eme? akpa 6 lia)

Le video sia me la, àkpɔ ale si ɖevi suewo gɔ̃ hã ate ŋu aɖee afia be yewolɔ̃ Yehowa.

Na Yehowa Nakpɔ Dzidzɔ (8:16)

Aleke sɔhɛwo ate ŋu awɔ nuteƒe na Yehowa ne wo hatiwo ƒo nya ɖe wo nu be woawɔ nu gbegblẽ gɔ̃ hã?

Nɔ Te Ðe Hawòtiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenuwo Nu! (3:59)