Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 35

Ale Si Nàwɔ Atso Nya Me Nyuie

Ale Si Nàwɔ Atso Nya Me Nyuie

Ehiãna be mí katã míatso nya me le nanewo ŋu. Eye míaƒe nyametsotsowo ate ŋu aɖe vi na mí loo alo agblẽ nu le mía ŋu, eye ate ŋu ana míaƒe nu nadze Yehowa ŋu alo madze eŋu o. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu ahiã be míatso nya me le afi si míanɔ, alo dɔ si míawɔ atsɔ akpɔ mía ɖokui dzi la ŋu, alo atso nya me be míaɖe srɔ̃ loo alo míaɖe srɔ̃ o. Ne míetsoa nya me nyuie la, míakpɔ dzidzɔ le agbe me eye míaƒe nu adze Yehowa ŋu.

1. Aleke nàte ŋu awɔ Biblia ŋu dɔ be wòakpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie?

Hafi nàtso nya me le nane ŋu la, do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò, eye nàdzro Biblia me be nàkpɔ eƒe susu le nyaa ŋu. (Xlẽ Lododowo 2:3-6.) Le nya aɖewo gome la, Yehowa de se siwo me kɔ nyuie. Le go mawo me la, nu nyuitɔ si wòle be nàwɔ ye nye be nàwɔ ɖe seawo dzi.

Ke ne Biblia mede se aɖeke tẽe ku ɖe nu si wòle be nàwɔ ŋu o ya ɖe? Le go mawo gɔ̃ hã me la, Yehowa akpe ɖe ŋuwò be nànya “mɔ si dzi wòle be nàto.” (Yesaya 48:17) Aleke wòakpe ɖe ŋuwòe? Gɔmeɖosewo alo mɔfiamewo le eƒe Nya, Biblia, me siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Biblia me gɔmeɖosewo nye nyateƒenya vevi siwo nana míenyana Mawu ƒe susu kple ale si wòsena le eɖokui me le nuwo ŋu. Zi geɖe la, míenyana ale si Mawu sena le eɖokui me le nya aɖe ŋu ne míexlẽ Biblia me ŋutinya aɖe. Ne míede dzesi ale si Yehowa sena le eɖokui me le nya aɖe ŋu la, míate ŋu awɔ nyametsotso siwo adze eŋu.

2. Nu kawo ŋue wòle be nàbu hafi atso nya me le nya aɖe ŋu?

Biblia gblɔ be: “Aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖewo katã ŋu.” (Lododowo 14:15) Esia fia be hafi míatso nya me la, ele be míagbɔ dzi ɖi ade ŋugble le tiatia ɖe sia ɖe si dze ŋgɔ mí la ŋu. Ne èle afɔ vovovo siwo nàte ŋu aɖe ŋu bum la, bia ɖokuiwò be: ‘Biblia me mɔfiame kawoe ku ɖe nya sia ŋu? Aleke afɔɖeɖe sia ana mase le ɖokuinye me? Ðe nye nyametsotsoa aɖe vi na ame bubuwo loo alo agblẽ nu le wo ŋu? Vevietɔ wu la, ɖe wòana Yehowa nakpɔ dzidzɔa?’—5 Mose 32:29.

Yehowa ye nye ame si agblɔ nu si nyo kple nu si menyo o na mí. Ne míeva nya Yehowa ƒe sewo kple eƒe mɔfiamewo nyuie eye míeɖoe kplikpaa be míawɔ wo dzi la, ekema míele hehe nam míaƒe dzitsinya. Dzitsinya ye nye ame ƒe seselelãme si nana wònyana nenye be nane nyo alo menyo o. (Romatɔwo 2:14, 15) Ne míena hehe míaƒe dzitsinya la, akpe ɖe mía ŋu míanɔ nya me tsom nyuie.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ ale si Biblia me mɔfiamewo kple míaƒe dzitsinya kpena ɖe mía ŋu míetsoa nya me.

3. Na Biblia nafia mɔ wò

Aleke Biblia ƒe gɔmeɖosewo ate ŋu afia mɔ mí ne eva hiã be míatso nya me le nane ŋu? Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro biabia siwo gbɔna me.

  • Nu kae nye tiatiawɔblɔɖe?

  • Nu ka tae Yehowa na tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe mí?

  • Nu kae wòna mí be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ míaƒe tiatiawɔblɔɖea ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu?

Mixlẽ Efesotɔwo 5:15, 16 be miakpɔ Biblia me gɔmeɖose aɖe. Eyome, midzro biabia siwo gbɔna me. Aleke nàte ŋu awɔ wò “ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu” ale be . . .

  • nànɔ Biblia xlẽm edziedzi?

  • nànye srɔ̃ŋutsu nyui alo srɔ̃nyɔnu nyui, dzila nyui, viŋutsu nyui alo vinyɔnu nyui?

  • nànɔ hame ƒe kpekpewo dem?

4. Na hehe wò dzitsinya be wòakpe ɖe ŋuwò nànɔ nya me tsom nyuie

Ne Biblia de se ku ɖe nya aɖe ŋu tẽe la, enɔa bɔbɔe be míatso nya me nyuie. Ke ne se aɖeke meku ɖe nyaa ŋu tẽe o ɖe? Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase si gbɔna me.

  • Le videoa me la, afɔ kawoe nɔvinyɔnua ɖe tsɔ na hehe eƒe dzitsinya ale be wòatso nya me wòadze Yehowa ŋu?

Nu ka tae mele be míabia tso ame bubuwo si be woatso nya me ɖe mía nu o? Mixlẽ Hebritɔwo 5:14, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Togbɔ be adze nu si le bɔbɔe wu be míana ame bubuwo natso nya me ɖe mía nu hã la, nu kae wòle be míawo ŋutɔwo míade dzesii?

  • Nu vovovo kawoe li siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàna hehe wò dzitsinya ale be nàwɔ nyametsotso nyuiwo?

Ale si ko anyigbatata kpena ɖe mía ŋu míenyana mɔ si míato la, nenema kee míaƒe dzitsinya hã fiaa mɔ mí le agbe me

5. Bu ame bubuwo ƒe dzitsinya ŋu

Ale si ame sia ame atso nya me le nya aɖe ŋu la ate ŋu ato vovo. Aleke míate ŋu aɖee afia be míebua ame bubuwo ƒe dzitsinya ŋu? Bu kpɔɖeŋu eve siawo ŋu kpɔ:

Kpɔɖeŋu 1: Nɔvinyɔnu aɖe si lɔ̃a lekewɔnuwo sisi ɖe mo kple nuto la ʋu yi hame aɖe me, evɔ le hame ma me la, eɖiaa nɔvinyɔnu geɖe nu ne wokpɔe be ame aɖe zã lekewɔnu mawo.

Mixlẽ Romatɔwo 15:1 kple 1 Korintotɔwo 10:23, 24, eye miadzro biabia siawo me:

  • Le mawunyakpukpui siawo ƒe nya nu la, nu kae nɔvinyɔnua ate ŋu atso nya me be yeawɔ? Ne wò dzitsinya ɖea mɔ na wò be nàwɔ nane evɔ nèkpɔe be nu ma wɔwɔ ɖea fu na hawòvi ƒe dzitsinya la, nu kae nàwɔ?

Kpɔɖeŋu 2 lia: Nɔviŋutsu aɖe nyae be Biblia megblɔ be enye nu gbegblẽ be ame nano aha sesẽ o, gake etiae be yemano aha sesẽ aɖeke o. Eva dzɔ be wokpee va kplɔ̃ɖoƒe aɖe eye wòkpɔe be nɔviwo le aha sesẽ nom.

Mixlẽ Nyagblɔla 7:16 kple Romatɔwo 14:1, 10, eye miadzro biabia siawo me:

  • Le mawunyakpukpui siawo ƒe nya nu la, nu kae nɔviŋutsua ate ŋu atso nya me be yeawɔ? Ne wò dzitsinya meɖea mɔ na wò be nàwɔ nane o, evɔ èkpɔ ame bubu wòle ewɔm la, nu kae nàwɔ?

 Afɔɖeɖe kawoe akpe ɖe ŋuwò be nàtso nya me nyuie?

1. Bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nànya nu si wòle be nàwɔ.—Yakobo 1:5.

2. Ku nu me le Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo me be nàkpɔ gɔmeɖose siwo ŋu dɔ nàte ŋu awɔ. Àte ŋu aɖo dze tso nyaa ŋu kple Kristotɔ siwo tsi le xɔse me hã.

3. De ŋugble le ŋusẽ si wò nyametsotsoa akpɔ ɖe wò dzitsinya kple ame bubuwo ƒe dzitsinya dzi la ŋu.

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Àte ŋu awɔ nu sia nu si dze ŋuwò faa. Mehiã be nàtsi dzi ɖe nu si amewo asusu ŋu o.”

  • Nu ka tae wòle be míabu ale si Mawu, kple ame bubuwo hã ase le wo ɖokui me tso nu si míedi be míawɔ la ŋu?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Nu si akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie le nya aɖe ŋue nye be míanya ale si Yehowa sena le eɖokui me le nyaa ŋu, eye míabu eŋu kpɔ be ɖe míaƒe nuwɔnawo aɖe vi na ame bubuwo loo alo agblẽ nu le wo ŋu hã.

Numetoto

  • Nu kawoe nàte ŋu awɔ be nàtso nya me wòadze Yehowa ŋu?

  • Aleke nàte ŋu ana hehe wò dzitsinyae?

  • Aleke nàte ŋu aɖee afia be yebua ame bubuwo ƒe dzitsinya ŋu?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Aleke nàte ŋu awɔ nyametsotso siwo ana ƒomedodo kplikplikpli nanɔ wò kple Mawu dome?

“Wɔ Nyametsotso Siwo Dea Bubu Mawu Ŋu” (Gbetakpɔxɔ, April 15, 2011)

Video sia akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu geɖe tso ale si Yehowa ɖoa aɖaŋu na míi ŋu.

Yehowa Fiaa Mɔ Eƒe Amewo (9:50)

Kpɔ nu siwo kpe ɖe ŋutsu aɖe ŋu wòkpɔ ta na nyametsotso sesẽ aɖe si dze ŋgɔe la le video sia me.

Yehowa Yrana Ðe Nyametsotso Nyui Ðe Sia Ðe Dzi (5:46)

Le nyati sia me la, àkpɔ ale si nàwɔ adze Yehowa ŋu ne mena mɔfiame aɖeke tẽe tso nya aɖe ŋu o.

“Ðe Nèhiã Biblia Me Se Aɖe Ɣesiaɣia?” (Gbetakpɔxɔ, December 1, 2003)