Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 42

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Trenɔnɔ Kple Srɔ̃ɖeɖe Ŋu?

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Trenɔnɔ Kple Srɔ̃ɖeɖe Ŋu?

Le teƒe aɖewo la, amewo xɔe se be ne ame ɖe srɔ̃ ko hafi wòate ŋu akpɔ dzidzɔ. Ke hã, menye srɔ̃tɔwo katãe kpɔa dzidzɔ o, eye menye trewo katã hãe mekpɔa dzidzɔ o. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ tso trenɔnɔ kple srɔ̃ɖeɖe siaa ŋu be wonye nunana.

1. Viɖe siwo le trenɔnɔ me dometɔ aɖewo ɖe?

Biblia gblɔ be: ‘Ame si ɖe srɔ̃ la wɔe nyuie, ke ame si meɖe srɔ̃ o la awɔe nyuie wu.’ (Xlẽ 1 Korintotɔwo 7:32, 33, 38.) Gɔmesese ka nue ame si meɖe srɔ̃ o la “awɔe nyuie wu” le? Nya lae nye be, ame srɔ̃ dzi kpɔkpɔ ƒe agba aɖeke mele Kristotɔ trewo dzi o. Eya ta, ablɔɖe geɖe wu nɔa wo si. Le kpɔɖeŋu me, wo dometɔ aɖewo tea ŋu zɔa mɔ yia dukɔ bubuwo me ɖaɖea gbeƒã nya nyuia, alo wodzia woƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi le mɔ bubuwo nu. Gawu la, woate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe wu ɖe nu siwo ana wo kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli la ŋu.

2. Viɖe siwo srɔ̃tɔwo kpɔna ne woɖe wo nɔewo le se nu la dometɔ aɖewo ɖe?

Abe ale si ko wòle le trenɔnɔ gome ene la, srɔ̃ɖeɖe hã ƒe viɖewo li. Biblia gblɔ be “ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka.” (Nyagblɔla 4:9) Esia nye nyateƒe, vevietɔ le Kristotɔ siwo wɔa Biblia ƒe mɔfiamewo dzi le woƒe srɔ̃ɖeɖea me la gome. Atsu kple asi siwo ɖe srɔ̃ le se nu la do ŋugbe be yewoalɔ̃ yewo nɔewo, ade bubu yewo nɔewo ŋu, ahalé be na yewo nɔewo. Esia wɔnɛ be wosena le wo ɖokui me be yewole dedie wu ŋutsu kple nyɔnu siwo le wo nɔewo gbɔ srɔ̃maɖemaɖee. Eye ewɔnɛ hã be wo viwo sena le wo ɖokuiwo me be yewole dedie.

3. Aleke Yehowa di be srɔ̃tɔwo dome nanɔ?

Esi Yehowa na ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔawo zu srɔ̃tɔwo la, egblɔ be: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòaku ɖe srɔ̃a ŋu.” (1 Mose 2:24) Yehowa di be ŋutsu kple srɔ̃a nalɔ̃ wo nɔewo, eye woaku ɖe wo nɔewo ŋu le woƒe agbemeŋkekewo katã me. Ena míenya be nu ɖeka pɛ si tae ame ate ŋu agbe srɔ̃a ɖoe nye ne srɔ̃a wɔ ahasi. Ne srɔ̃tɔ aɖe wɔ ahasi la, gome le srɔ̃tɔ maɖifɔa si le Yehowa ŋkume be wòatiae nenye be yeagbe ye srɔ̃a loo alo yemagbee o. a (Mateo 19:9) Yehowa na míenya be srɔ̃ ɖeka koe Kristotɔ ate ŋu aɖe.—1 Timoteo 3:2.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ ale si nàwɔ akpɔ dzidzɔ eye nàna Yehowa hã nakpɔ dzidzɔ, èɖanye tre alo srɔ̃tɔ o.

4. Wɔ trenɔnɔ ƒe nunanaa ŋu dɔ nyuie

Yesu gblɔ be nunanae trenɔnɔ nye. (Mateo 19:11, 12) Mixlẽ Mateo 4:23, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Aleke Yesu wɔ trenɔnɔ ƒe nunanaa ŋu dɔ tsɔ subɔ Fofoa eye wòkpe ɖe ame bubuwo hã ŋu?

Kristotɔ siwo meɖe srɔ̃ o la ate ŋu akpɔ dzidzɔ ne wowɔ woƒe trenɔnɔa ŋu dɔ abe ale si Yesu wɔe ene. Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase si gbɔna me.

  • Mɔ kawo nue Kristotɔwo ate ŋu awɔ woƒe trenɔnɔa ŋu dɔ nyuie le?

Ènyaa?

Biblia meyɔ ƒe si wòle be ɖekakpui alo ɖetugbui naxɔ hafi aɖe srɔ̃ o. Ke hã, ena míenya be enyo be ame nalala ‘ato sɔhɛnyenye me ado’ hafi aɖe srɔ̃. Nu si tae nye be, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro sẽŋu si nɔa sɔhɛwo me la ate ŋu awɔe be womatso nya me nyuie o.—1 Korintotɔwo 7:36.

5. Bu nuwo ŋu nyuie hafi nàtia ame si nàɖe

Nyametsotso vevi siwo nàte ŋu awɔ le agbe me dometɔ ɖekae nye be nàtia ame si nàɖe. Mixlẽ Mateo 19:4-6, 9, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu ka tae mele be Kristotɔ natsɔ dzitsitsi aƒo ta ɖe srɔ̃ɖeɖe me o?

Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànya nɔnɔme nyui siwo wòle be nàkpɔ le ame si nàɖe la ŋu. Nu si le vevie wue nye be nàɖe ame si lɔ̃ Yehowa. b Mixlẽ 1 Korintotɔwo 7:39 kple 2 Korintotɔwo 6:14. Eyome, midzro biabia siawo me:

  • Nu ka tae hati Kristotɔ koe wòle be míaɖe?

  • Ne míeɖe ame si melɔ̃ Yehowa o la, aleke nèsusu be Yehowa ase le eɖokui me?

Ne lã eve siwo to vovo la le kɔkuti ɖeka te la, lã evea siaa akpe fu. Nenema kee, ne Kristotɔ aɖe ɖe ame si menye haxɔsetɔ o la, ado go kuxi geɖe

6. Bu srɔ̃ɖeɖe abe ale si Yehowa bunɛ ene

Le blema Israel la, ŋutsu aɖewo gbe wo srɔ̃wo le ɖokuitɔdidi ta. Mixlẽ Malaki 2:13, 14, 16, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Nu ka tae Yehowa medi kura be ame nagbe srɔ̃a ne menye ɖe srɔ̃a wɔ ahasi o?

Ahasiwɔwɔ kple srɔ̃gbegbe nana srɔ̃tɔ maɖifɔa kple ɖeviawo kpea fu ŋutɔ

Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase si gbɔna me.

  • Ne srɔ̃wò melɔ̃ Yehowa o la, nu kae nàte ŋu awɔ be wò srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze?

7. Wɔ Yehowa ƒe se siwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la dzi

Ate ŋu ahiã be ame nadze agbagba vevie hafi awɔ ɖe Yehowa ƒe se siwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la dzi. c Gake Yehowa yraa ame siwo wɔnɛ nenema. Mikpɔ VIDEOA.

Mixlẽ Hebritɔwo 13:4, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Ðe nèsusu be anya wɔ be míawɔ ɖe Yehowa ƒe se siwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la dzia? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

Yehowa di tso Kristotɔwo si be woade woƒe srɔ̃ɖeɖe alo srɔ̃gbegbe agbalẽ me, elabena le dukɔ geɖe me la, dziɖuɖuwo bia tso woƒe dukɔmeviwo si be woawɔe nenema. Mixlẽ Tito 3:1, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Ne srɔ̃tɔe nènye la, ɖe nèka ɖe edzi be wò srɔ̃ɖeɖea le se nu le dziɖuɖu gbɔa?

AME AÐE ATE ŊU ABIA BE: “Ne ŋutsu kple nyɔnu aɖe li ɖekae la, ɖe wòhiã kokoko be woaɖe wo nɔewoa?”

  • Ne ame aɖe bia nya ma la, aleke nàɖo eŋu nɛ?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Yehowa ƒe nunanae trenɔnɔ kple srɔ̃ɖeɖe siaa nye. Trewo kple srɔ̃tɔwo siaa ate ŋu akpɔ dzidzɔ le agbe me nenye be wowɔa Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.

Numetoto

  • Aleke ame ate ŋu awɔ eƒe trenɔɣi ŋu dɔ nyuie?

  • Nu ka tae Biblia gblɔ be hati Kristotɔ koe wòle be míaɖe?

  • Nu kae Biblia gblɔ be eya koe nye susu si ta ame ate ŋu agbe srɔ̃a ɖo?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Nu kae wòfia be ame nàɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me ko”?

“Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” (Gbetakpɔxɔ, July 1, 2004)

Kpɔ video kpui eve siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàtso nya me nyuie le zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃ɖeɖea ŋutɔ ŋu.

Dzadzraɖo Na Srɔ̃ɖeɖe (11:53)

Le video sia me la, àkpɔ nu si tae nɔviŋutsu aɖe se le eɖokui me be nu si Yehowa na ye la ƒo nu sia nu si ŋu yeɖe asi le la ta sãsãsã.

Menɔ Mɔ Kpɔm Be Eya Hã Nava Srɔ̃ Nyateƒea (1:56)

Nu siwo ŋu wòle be srɔ̃tɔ nade ŋugble le hafi abu srɔ̃gbegbe alo kaklã ŋu la dometɔ aɖewo ɖe?

“De Bubu ‘Nu Si Mawu Bla Ðekae La’ Ŋu” (Gbetakpɔxɔ, December 2018)

a Kpɔ Dzesidenya 4 lia be nàxlẽ nu tso srɔ̃tɔwo ƒe kaklã tso wo nɔewo gbɔ ne wo dometɔ aɖeke mewɔ ahasi o ŋu.

b Le dukɔ aɖewo me la, dzilawoe tiaa ame si wo vi aɖe la nɛ. Le go mawo me la, nu si koŋ ŋu dzila lɔ̃amewo léa ŋku ɖoe nye ale si amea lɔ̃ Yehowa, ke menye ga alo ɖoƒe si le amea si o.

c Ne wò kple ame aɖe mieli ɖekae gake mieɖe mia nɔewo o la, wò ŋutɔe atso nya me nenye be miaɖe mia nɔewo le se nu loo alo miaklã.