Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mesu Tea?

Ðe Mesu Tea?

Ðe Mesu Te Be Mawɔ Ðeka Kple Hamea Aɖe Gbeƒã?

Àte ŋu asu te anye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ ne . . .

  • Èsrɔ̃a Biblia, doa gbe ɖa, hedea hame ƒe kpekpewo edziedzi.

  • Èlɔ̃ nu siwo srɔ̃m nèle hexɔ wo dzi se eye nèdi be yeaƒo nu tso wo ŋu na ame bubuwo.

  • Èlɔ̃ Yehowa eye ame siwo lɔ̃ eyama lae nènana wonyea xɔ̃wò kplikplikpliwo.

  • Ètso kadodo ɖe sia ɖe me kple dunyahehabɔbɔwo alo alakpasubɔsubɔhawo.

  • Èwɔna ɖe Yehowa ƒe sewo kple nudidiwo dzi eye nèdi be yeanye Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka.

Ne èkpɔe be yesu te be yeawɔ ɖeka kple hamea aɖe gbeƒã la, ame si le Biblia srɔ̃m kpli wò la ate ŋu awɔ ɖoɖo be hamemetsitsiwo nakpe kpli wò be woadzro ale si nàwɔ be nàdze na mɔnukpɔkpɔ sia la me kpli wò.

Ðe Mesu Te Be Maxɔ Nyɔnyrɔa?

Àte ŋu asu te be nàxɔ nyɔnyrɔ ne . . .

  • Ènye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ.

  • Èɖea gbeƒã nya nyuia edziedzi ale si nàte ŋui.

  • Èkpea asi ɖe “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ŋu eye nèwɔna ɖe eƒe mɔfiamewo dzi.—Mateo 24:45-47.

  • Èdo gbe ɖa na Yehowa hetsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe nɛ eye èdi be yeasubɔe tegbee.

Ne èkpɔe be yesu te be yeaxɔ nyɔnyrɔ la, ame si le Biblia srɔ̃m kpli wò la ate ŋu awɔ ɖoɖo be hamemetsitsiwo nakpe kpli wò be woadzro ale si nàwɔ be nàdze axɔ nyɔnyrɔ la me kpli wò.