Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzesidenyawo

Dzesidenyawo
  1.  Nu Si Babilon Gã La Nye

  2.  Ɣekaɣie Wogblɔ Ði Be Mesia La Ado?

  3.  Dɔdamɔnu Siwo Me Wozãa Ʋu Le

  4.  Kaklã Tso Ame Srɔ̃ Gbɔ

  5.  Ŋkekenyuiwo Kple Azãɖuɖuwo

  6.  Dɔxɔleameŋuwo

  7.  Asitsaɖoɖowo Kple Senyawo

 1. Nu Si Babilon Gã La Nye

Aleke míewɔ nya be “Babilon Gã la” le tsitre ɖi na alakpasubɔsubɔhawo katã? (Nyaɖeɖefia 17:5) Bu nya siawo ŋu kpɔ:

  • Ele dɔ dzi le xexea me godoo. Biblia gblɔ be Babilon Gã la nɔ anyi ɖe “amehawo kple dukɔwo” dzi. Eƒe “fiaɖuƒe kpɔ ŋusẽ ɖe anyigbadzifiawo dzi.”—Nyaɖeɖefia 17:15, 18.

  • Mate ŋu anye dunyahehabɔbɔ alo asitsaha o. Biblia ɖee fia be ‘anyigbadzifiawo’ kple ‘asitsalawo’ tsi agbe esime wotsrɔ̃ Babilon Gã la.—Nyaɖeɖefia 18:9, 15.

  • Eƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔ. Biblia yɔe be gbolo, elabe ewɔa ɖeka kple dziɖuɖuwo le ga kple viɖe bubuwo ta. (Nyaɖeɖefia 17:1, 2) Eflu dukɔwo katã me tɔwo. Eye eɖi ʋufɔ ale gbegbe.—Nyaɖeɖefia 18:23, 24.

Trɔ yi nusɔsrɔ̃ 13 ƒe numedzodzro 6 lia

 2. Ɣekaɣie Wogblɔ Ði Be Mesia La Ado?

Biblia gblɔe ɖi be kwasiɖa 69 ava yi hafi Mesia la nava.—Mixlẽ Daniel 9:25.

  • Ɣekaɣie kwasiɖa 69 la dze egɔme? Edze egɔme tso ƒe 455 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me. Ɣemaɣie Nutodziɖula Nehemiya va Yerusalem ale be “woagaɖo dua te, eye woagbugbɔe atso.”—Daniel 9:25; Nehemiya 2:1, 5-8.

  • Ɣeyiɣi didi kae kwasiɖa 69 la xɔ? Le Biblia me nyagblɔɖi aɖewo gome la, ŋkeke ɖeka nɔa tsitre ɖi na ƒe ɖeka. (4 Mose 14:34; Ezekiel 4:6) Esia fia be, kwasiɖaawo dometɔ ɖe sia ɖe le tsitre ɖi na ƒe adre. Eya ta, le nyagblɔɖi sia me la, kwasiɖa 69-awo le ƒe 483 (si nye, 69 teƒe 7).

  • Ɣekaɣie kwasiɖa 69-awo wu enu? Ne míexlẽ ƒe 483 tso ƒe 455 D.Y. me la, ekplɔ mí va ƒe 29 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.). a Ƒe sia tututu mee wonyrɔ Yesu wòzu Mesia la!—Luka 3:1, 2, 21, 22.

Trɔ yi nusɔsrɔ̃ 15 ƒe numedzodzro 5 lia

 3. Dɔdamɔnu Siwo Me Wozãa Ʋu Le

Dɔdamɔnu aɖewo li siwo me wowɔa dɔnɔa ŋutɔ ƒe ʋu ŋu dɔ le. Kristotɔwo tsri dɔdamɔnu siawo dometɔ aɖewo. Esia ƒe ɖewoe nye be, ame aɖe nana woaɖe eƒe ʋu be woado na ame bubu, alo ame si woawɔ dɔ na la nana woaɖe eya ŋutɔ ƒe ʋu ada ɖi be woagado nɛ emegbe le dɔa wɔwɔ nɛ me.—5 Mose 15:23.

Ke hã, Kristotɔ aɖewo ate ŋu alɔ̃ be woazã dɔdamɔnu siwo me wowɔa ame ŋutɔ ƒe ʋu ŋu dɔ le la dometɔ aɖewo na yewo. Esiawo ƒe ɖewoe nye ame ƒe ʋu ɖeɖe ado kpɔ, ɖinuwo ɖeɖe le ʋu me (hemodialysis), ʋua dzodzro (hemodilution), alo ʋumenuwo xexe (cell-salvage [récupération du sang épanché]), alo mɔ̃ si xɔna ɖe dzi alo dzitodzito teƒe la zazã na ame. Ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe ŋutɔ natso nya me le nu si woawɔ kple eƒe ʋu ne wole dɔdamɔnu aɖe zãm nɛ, ne wole edom kpɔ, alo wole atike wɔm nɛ la ŋu. Ale si ɖɔkta ɖe sia ɖe awɔ dɔdamɔnu siawo ŋu dɔe la ate ŋu ato vovo vie. Eya ta, hafi Kristotɔ aɖe nalɔ̃ woazã amekoko ƒe mɔnu aɖe nɛ, adoe kpɔ, alo awɔ atike nɛ la, ele be wòaku nu me anya ale si tututu wole eya ŋutɔ ƒe ʋu ŋu dɔ wɔ gee. Bu biabia siwo gbɔna la ŋu kpɔ:

  • Ke ne woatrɔ mɔ na nye ʋu be wòado le ŋunye ato teƒe bubu eye woatɔ te eƒe sisi hena ɣeyiɣi aɖe ya ɖe? Ðe nye dzitsinya aɖe mɔ nam be mabu ʋu sia be egakpɔtɔ nye nye akpa aɖe, si tae mele be ‘woaɖuɖui ɖe anyigba’ oa?—5 Mose 12:23, 24.

  • Ke nenye be le dɔdamɔnua zazã me la, woɖe nye ʋu, trɔ asi le eŋu, eye wogana wòsi va (alo wodoe ɖe) lãme nam ake ya ɖe? Ðe malɔ̃ be woazã dɔdamɔnu sia tɔgbi nama, alo ɖe wòaɖe fu na nye dzitsinya si metsɔ Biblia na hehea?

Trɔ yi nusɔsrɔ̃ 39 ƒe numedzodzro 3 lia

 4. Kaklã Tso Ame Srɔ̃ Gbɔ

Mawu ƒe Nyaa gblɔ na srɔ̃tɔwo be woagaklã tso wo nɔewo gbɔ o, eye ena eme kɔ ƒãa be ne edzɔ be woklã tso wo nɔewo gbɔ gɔ̃ hã la, wo dometɔ aɖeke mekpɔ mɔ aɖe ame bubu o. (1 Korintotɔwo 7:10, 11) Ke hã, nɔnɔme aɖewo tea ŋu wɔnɛ be Kristotɔ srɔ̃tɔ aɖewo va kpɔnɛ be ehiã be yeawoklã ɖa tso yewo srɔ̃ gbɔ.

  • Eɖoɖo koŋ agbe ƒomea dzi kpɔkpɔ: Srɔ̃ŋutsua gbe be yemakpɔ yeƒe ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ o, si wɔe be nuhiahiã vevi siwo nu woanɔ agbe ɖo gɔ̃ hã mele wo si o.—1 Timoteo 5:8.

  • Ŋutasesẽ le ame srɔ̃ ŋu vevie: Ame nawɔ ŋlɔmi le srɔ̃a ŋu ale gbegbe be srɔ̃a ƒe lãmesẽ alo agbe naɖo afɔku me.—Galatiatɔwo 5:19-21.

  • Ame naxe mɔ na srɔ̃a ale gbegbe be manya wɔ be wòasubɔ Yehowa o: Srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu ƒe nuwɔna wɔe be srɔ̃a mete ŋu le Yehowa subɔm kura o.—Dɔwɔwɔwo 5:29.

Trɔ yi nusɔsrɔ̃ 42 ƒe numedzodzro 3 lia

 5. Ŋkekenyuiwo Kple Azãɖuɖuwo

Kristotɔwo meɖua azã kple ŋkekenyui siwo medzea Yehowa ŋu o la o. Gake ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe ŋutɔ nawɔ eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee la ŋu dɔ, ale be wòanya ale si wòatso nya me le nɔnɔme vovovo siwo ado mo ɖa le ŋkekenyui mawo ɖuɣi la ŋu. Bu esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

  • Ne ame aɖe gblɔ ŋkekenyui aɖe ƒe gbedoname na wò. Àte ŋu agblɔ nɛ ko be, “Akpe.” Ne amea di be yeaganya nu geɖe la, àte ŋu aɖe nu si tae mèɖua ŋkekenyuia o me nɛ.

  • Ne srɔ̃wò si menye Yehowa Ðasefo o gblɔ na wò be yewoayi aɖaɖu nu kple yeƒe ƒometɔwo le ŋkekenyui aɖe ɖuɣi. Ne wò dzitsinya ɖe mɔ na wò be nàyi la, àte ŋu aɖe eme na srɔ̃wòa do ŋgɔ be, ne trɔ̃subɔsubɔkɔnuwo ayi edzi le kplɔ̃ɖoƒea la, yemakpɔ gome le wo me o.

  • Ne wò dɔtɔ na nunana tɔxɛ aɖe wò le ŋkekenyuia ɖuɣi. Ðe wòle be nàgbe nunana sia xɔxɔa? Mahiã nenema kokoko o. Le wò dɔtɔa ƒe susu nu la, ɖe nunanaa nye azãɖuɖua ƒe akpa aɖea, alo ɖeko wòdi be yeaɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe dɔ nyui siwo nèwɔ ŋua?

  • Ne ame aɖe na nu wò le ŋkekenyuia ɖuɣi. Ðewohĩ amea gblɔ na wò be: “Menya be mèɖua azã sia o, gake ɖeko medi be mana nu sia wò.” Ðewohĩ, ɖeko amea di be yeanyo dɔme na wò. Le go bubu me la, ɖe susu aɖe li si tae nàbui be edi be yeado wò xɔse kpɔ alo ana nàkpɔ gome le azãa ɖuɖu mea? Ne èbu nya siawo ŋu vɔ la, ekpo ɖe gbɔwò azɔ be nàtiae nenye be àxɔ nunanaa loo alo màxɔe o. Le míaƒe nyametsotsowo katã me la, míaƒe didie nye be dzitsinya nyui nanɔ mía si eye míawɔ nuteƒe na Yehowa.—Dɔwɔwɔwo 23:1.

Trɔ yi nusɔsrɔ̃ 44 ƒe numedzodzro 1 lia

 6. Dɔxɔleameŋuwo

Esi míelɔ̃ amewo ta la, ne dɔxɔleameŋu aɖe le mía ŋu la, míedzea agbagba vevie be míagana ame bubuwo naxɔ dɔa o. Esia le vevie, eɖanye be dɔxɔleameŋu aɖe le mía ŋu loo alo susu aɖewo li siwo tae míexɔe se be míanya xɔ dɔa. Nu si ta míewɔa nu alea ɖoe nye be Biblia de se be: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”—Romatɔwo 13:8-10.

Mɔ kawo nue ame si ŋu dɔxɔleameŋu le ate ŋu awɔ ɖe sedede sia dzi le? Mele be ame si ŋu dɔxɔleameŋu le la nado ŋgɔ anɔ lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔnawo, abe asikpakpla kɔ na ame kple nugbugbɔgbugbɔ na ame ene wɔm o. Ne ƒome aɖewo ɖoe be yewomakpee va yewoƒe aƒe me o le yewoƒe dedienɔnɔ ta la, mele be esia naɖe fu nɛ o. Eye hafi wòaxɔ nyɔnyrɔ la, ele be wòana hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla nanya be dɔxɔleameŋu aɖe le ye ŋu, ale be woate ŋu awɔ ɖoɖo siwo hiã atsɔ akpɔ ame bubu siwo hã axɔ nyɔnyrɔ gbe ma gbe la ta. Azɔ hã, ele be ame aɖe si nɔ nɔnɔme aɖe si me wòate ŋu axɔ dɔxɔleameŋu le me kpɔ la ŋutɔ nalɔ̃ faa ana woado eƒe ʋu kpɔ le kɔdzi hafi wòadze zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe gɔme. Ne èwɔe alea la, àɖee afia be ètsɔ ɖe le eme na ame bubuwo, elabena esia afia be ‘mèle wò ŋutɔ wò nyonyo ko dim o, ke èdia ame bubuwo hã ƒe nyonyo.’—Filipitɔwo 2:4.

Trɔ yi nusɔsrɔ̃ 56 ƒe numedzodzro 2 lia

 7. Asitsaɖoɖowo Kple Senyawo

Míate ŋu aƒo asa na kuxi geɖewo ne míewɔa asitsaɖoɖo ɖe sia ɖe ŋuti nuŋlɔɖi. Esia le vevie ne mía kple mía nɔvi Kristotɔ aɖe domee asitsaɖoɖoa le gɔ̃ hã. (Yeremiya 32:9-12) Ke hã, masɔmasɔ viviviwo ate ŋu aɖo hati Kristotɔwo dome le ganyawo alo nu bubuwo ŋuti. Ele be woadze agbagba akpɔ masɔmasɔ siawo gbɔ kaba le ŋutifafa me le wo nɔewo ɖeɖe dome.

Gake aleke wòle be míakpɔ ŋkubiãnyawo abe ametafatafa alo ameŋugbegblẽ ene gbɔe? (Mixlẽ Mateo 18:15-17.) Yesu fia afɔ etɔ̃ siwo wòle be míaɖe la mí:

  1. Midze agbagba miakpɔ nyaa gbɔ le miawo ɖeɖe dome.—Kpɔ kpukpui 15 lia.

  2. Ne miete ŋu kpɔ nyaa gbɔ o la, àte ŋu abia tso hamea me tɔ ɖeka alo eve siwo tsi le xɔse me la si be woakpe ɖe ŋuwò miayi aɖakpɔ nyaa gbɔ.—Kpɔ kpukpui 16 lia.

  3. Ne miete ŋu kpɔ nyaa gbɔ o kokoko la, ema ko hafi nàtsɔ nyaa ayi na hamemetsitsiwo.—Kpɔ kpukpui 17 lia.

Le go akpa gãtɔ me la, mele be míakplɔ mía nɔviwo ayi ʋɔnui o, elabena esia ate ŋu ana amewo naƒo nu gbegblẽ tso Yehowa kple hamea ŋu. (1 Korintotɔwo 6:1-8) Ke hã, go aɖewo li siwo me wòate ŋu ahiã le be setɔwo nakpɔ nyawo gbɔ. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye: srɔ̃gbegbe ŋuti nyawo gbɔ kpɔkpɔ, dzila si gbɔ ɖevi anɔ ŋuti gomenɔamesi, dzikpɔga si woanɔ ame srɔ̃ nam le srɔ̃gbegbe megbe, nugblẽfexega xɔxɔ, ame ƒe ŋkɔ dede fenyilawo dome nenye be ame si nyi fea na setɔwo nya be yeɖu agba, kple nya siwo ku ɖe domenyinuwo mama ŋu. Ne Kristotɔ aɖe tsɔ nya siawo tɔgbi yi na setɔwo eye wokpɔ egbɔ le ŋutifafa me ale si wòanya wɔ la, meda le Biblia ƒe nuxlɔ̃amea dzi o.

Ne nu vlo wɔwɔ aɖe si nye ŋkubiãnya ŋue nyaa ku ɖo, abe ame gbɔ dɔdɔ sesẽe, gbɔdɔnuwo wɔwɔ ɖe ɖevi ŋu alo ŋutasesẽ le eŋu, amedzidzedze ŋutasesẽtɔe, adzodada, alo amewuwu ene la, ke Kristotɔ si tsɔ nyaa yi na setɔwo la meda le Biblia ƒe nuxlɔ̃amea dzi o.

Trɔ yi nusɔsrɔ̃ 56 ƒe numedzodzro 3 lia

a Tso ƒe 455 D.Y. va ɖo ƒe 1 D.Y. le ƒe 454. Tso ƒe 1 D.Y. va ɖo ƒe 1 K.Ŋ. le ƒe ɖeka. Eye tso ƒe 1 K.Ŋ. va ɖo ƒe 29 K.Ŋ. le ƒe 28. Ne wotsɔ wo katã ƒo ƒu la, ele ƒe 483.