Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 57

Nu Kae Nàwɔ Ne Èwɔ Nu Vɔ̃ Aɖe Si Nye Ŋkubiãnya?

Nu Kae Nàwɔ Ne Èwɔ Nu Vɔ̃ Aɖe Si Nye Ŋkubiãnya?

Togbɔ be èlɔ̃ Yehowa vevie eye èdzea agbagba be yemawɔ nu si avee o hã la, àda vo alo àwɔ nu vɔ̃ ɣeaɖewoɣi. Gake nu vɔ̃ aɖewo ya nye ŋkubiãnya. (1 Korintotɔwo 6:9, 10) Ne edzɔ be èwɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya hã la, ɖo ŋku edzi be Yehowa galɔ̃ wò kokoko; edi be yeatsɔ wò nu vɔ̃wo ake wò ahakpe ɖe ŋuwò.

1. Nu kae wòle be míawɔ be Yehowa natsɔ míaƒe nu vɔ̃ ake mí?

Ne ame siwo lɔ̃ Yehowa la va de dzesii be yewowɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, etena ɖe wo dzi vevie. Gake ŋugbe si Yehowa do na eƒe amewo be, “Ne miaƒe nu vɔ̃wo biã helĩhelĩ hã la, woafu abe sno ene” la faa akɔ na wo. (Yesaya 1:18) Ne míetrɔ dzi me vavã la, Yehowa atsɔ míaƒe nu vɔ̃a ake mí keŋkeŋ. Nu kae wòfia be míatrɔ dzi me? Efia be nu vɔ̃ si míewɔ la nate ɖe mía dzi vevie, eye esia naʋã mí be míadzudzɔ nu gbegblẽa wɔwɔ eye míaɖe kuku na Yehowa be wòatsɔe ake mí. Eyome míadze agbagba vevie aɖɔ nɔnɔme manyomanyo alo nuŋububu gbegblẽ si kplɔ mí de nu vɔ̃a me la ɖo, eye míaku kutri anɔ agbe dzadzɛ abe ale si Yehowa di tso mía si ene.—Xlẽ Yesaya 55:6, 7.

2. Ne míewɔ nu vɔ̃ la, aleke Yehowa toa hamemetsitsiwo dzi kpena ɖe mía ŋu?

Ne míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, Yehowa bia tso mía si be ‘míayɔ hamemetsitsiwo’ eye míagblɔe na wo. (Xlẽ Yakobo 5:14, 15.) Hamemetsitsi siawo lɔ̃ Yehowa kple ame siwo subɔnɛ la siaa. Hamemetsitsiwo dze nyuie be woakpe ɖe mía ŋu míadzra mía kple Yehowa dome ɖo.—Galatiatɔwo 6:1.

Ne míewɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya la, nu kae hamemetsitsiwo awɔ atsɔ akpe ɖe mía ŋu? Hamemetsitsi eve alo etɔ̃ azã Ŋɔŋlɔawo atsɔ aɖo aɖaŋu na mí. Azɔ hã, woade dzi ƒo na mí eye woagblɔ nu siwo míawɔ be wòakpe ɖe mía ŋu be míagawɔ nu vɔ̃ ma ake o. Woate ŋu abia tso mía si be míagakpɔ gome le hamea ƒe dɔwɔna aɖewo me o hena ɣeyiɣi aɖe va se ɖe esime mía kple Yehowa dome ƒomedodoa gava nyo ɖe edzi. Ne ame si wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la gbe dzimetɔtrɔ la, hamemetsitsiwo aɖee le haa me ale be wòagakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe hamea me tɔ bubuwo dzi o.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àsrɔ̃ nu siwo akpe ɖe ŋuwò nàgakpɔ ŋudzedze ɖe ale si Yehowa kpena ɖe mía ŋu ne míewɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya la ŋu geɖe wu.

3. Ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me la, ewɔnɛ be míedzraa mía kple Yehowa dome ɖo

Nu vɔ̃ ɖe sia ɖe si míewɔna la tena ɖe Yehowa dzi, eya ta esɔ be ne míewɔ nu vɔ̃ aɖe la, míaʋu eme nɛ. Mixlẽ Psalmo 32:1-5, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu ka tae wònyo be míaʋu míaƒe nu vɔ̃wo me na Yehowa, ke menye be míadze agbagba be míaɣlae o?

Ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me na Yehowa eye míebia kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo hã gbɔ la, esia ana míakpɔ gbɔdzɔe. Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro biabia si gbɔna me.

  • Le videoa me la, aleke hamemetsitsiwo kpe ɖe Canon ŋu wòdzra eya kple Yehowa dome ɖo?

Ehiã be míagblɔ nu si tututu dzɔ la na hamemetsitsiwo eye míato nyateƒe; woƒe didie nye be yewoakpe ɖe mía ŋu. Mixlẽ Yakobo 5:16, eye miadzro biabia sia me:

  • Ne míeto nyateƒe na hamemetsitsiwo la, nu ka tae esia nana wònɔa bɔbɔe na wo be woakpe ɖe mía ŋu?

Ʋu wò nu vɔ̃a me, to nyateƒe na hamemetsitsiwo, eye nàlɔ̃ faa awɔ ɖe aɖaŋu ɖe sia ɖe si Yehowa aɖo na wò lɔlɔ̃tɔe la dzi

4. Ale si ameɖeɖelehame ɖea vi

Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ gã eye wògbe dzimetɔtrɔ la, magate ŋu ayi edzi anɔ hamea me o. Woɖenɛ le haa me eye míegadea ha kplii alo ƒoa nu nɛ gɔ̃ hã o. Mixlẽ 1 Korintotɔwo 5:6, 11 kple 2 Yohanes 9-11, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Ale si ko amɔwɔʋãnu vi aɖe nana amɔwɔ blibo ʋãnae la, aleke hadede kple nu vɔ̃ wɔla matrɔdzime agblẽ nu le hamea ŋui?

Ame siwo woɖe le haa me la dometɔ geɖe gatrɔ va hamea me emegbe, elabena togbɔ be tohehea ve wo hã la, ekpe ɖe wo ŋu wonyɔ le wo ɖokuiwo me hetrɔ dzi me. (Psalmo 141:5) Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase si gbɔna me.

  • Abe ale si míekpɔe le videoa me ene la, esi woɖe Amavi le haa me la, aleke esia va ɖe vi nɛ?

Ne woɖe ame aɖe le haa me la . . .

  • aleke esia kɔa Yehowa ƒe ŋkɔ ŋui?

  • aleke esia ɖenɛ fiana be Yehowa lɔ̃ mí eye eƒe mɔwo dzɔ?

5. Ne míetrɔ dzi me la, Yehowa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí

Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe si na míekpɔ ale si Yehowa sena le eɖokui me ne ame aɖe trɔ dzi me. Mixlẽ Luka 15:1-7, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu kae kpɔɖeŋu sia fia wò tso Yehowa ŋu?

Mixlẽ Ezekiel 33:11, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu vevi kae wòle be ame nawɔ atsɔ aɖee afia be yetrɔ dzi me vavã?

Ale si ko alẽkplɔla léa be na eƒe alẽwo nyuie la, Yehowa hã léa be na eƒe amewo lɔlɔ̃tɔe

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Mele vɔvɔ̃m be ne meʋu nye nu vɔ̃a me na hamemetsitsiwo la, woava ɖem le haa me.”

  • Ne ame aɖe se le eɖokui me nenema la, nya kae nàgblɔ nɛ?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Ne míewɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya gake míetrɔ dzi me vavã eye míeɖoe tso dzi blibo me be míadzudzɔ nu gbegblẽa wɔwɔ la, Yehowa atsɔe ake mí.

Numetoto

  • Nu ka tae wònyo be míaʋu míaƒe nu vɔ̃wo me na Yehowa?

  • Nu kae wòle be míawɔ be Yehowa natsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí?

  • Ne míewɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya la, nu ka tae wòle be míabia kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔ?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Le video sia me la, àkpɔ ale si Yehowa ɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Yesaya 1:18 la fia ŋutsu aɖe.

Mègake Ði Yehowa Ƒe Nublanuikpɔkpɔ Gbeɖe O (5:02)

Ne woɖe ame aɖe le haa me la, viɖe kawoe dona tso eme?

“Nu Si Tae Ameɖeɖelehame Nye Ðoɖo Si Me Lɔlɔ̃ Le” (Gbetakpɔxɔ, May 15, 2015)

Le nyati sia me la, àkpɔ ale si nàwɔ aɖe nu si tae woɖea ame le haa me ɣeaɖewoɣi la me na ame aɖe si menye Ðasefo o.

“Ðe Yehowa Ðasefowo Ƒoa Asa Na Ame Siwo Do Le Woƒe Haa Mea?” (Nyati sia le jw.org)

Le ŋutinya si ƒe tanyae nye “Ehiã Be Matrɔ Ava Yehowa Gbɔ” me la, àkpɔ nu si tae ŋutsu aɖe si do le nyateƒea me la va se le eɖokui me be Yehowa ŋutɔe gahe ye va eɖokui gbɔ.

“Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” (Gbetakpɔxɔ, April 1, 2012)