Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔhaa Gbɔ

Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔhaa Gbɔ

Nɔvi Lɔlɔ̃tɔwo:

Yesu de se be “miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo.” (Mat. 28:​19, 20; Marko 12:​28-31) Ne míelɔ̃ Mawu kple amewo vevie tso dzi mea, lɔlɔ̃ ma aʋã mí be míawɔ se sia dzi. Esia ana hã be míakpe ɖe ame siwo si “dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ” la ŋu.—Dɔw. 13:48.

Tsãa, ale si míalé nyati si ŋu míele nu ƒom tsoe ɖe susu me avae gblɔ le gbeadzi eye míana agbalẽ amewoe nɔ vevie na mí. Gake fifiaa, míedi be míasrɔ̃ ale si míaɖo dze kple amewo. Míedi be míaɖo dze kpli wo tso nu siwo me wotsɔ ɖe lea ŋu atsɔ aɖee afia be míelɔ̃ wo. Esia bia be míabu nu siwo ŋu ame aɖe tsi dzi ɖo kple nu siwo dzɔa dzi nɛ ŋu, eye míatrɔ míaƒe dzeɖoɖoa wòasɔ ɖe enu. Aleke agbalẽ gbadzaa sia akpe ɖe mía ŋu míawɔ esiae?

Nusɔsrɔ̃ 12 ye le agbalẽa me, eye woana míakpɔ nɔnɔme siwo míehiã be míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia amewo eye míakpe ɖe wo ŋu woava zu nusrɔ̃lawo. Le nusɔsrɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe mea, wona míekpɔ ale si Yesu alo ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖe ɖe nɔnɔme mawo dometɔ aɖe fia le gbeƒãɖeɖedɔa me. Esia akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ ale si míadi mɔnuwo aɖe lɔlɔ̃ afia amewo, ke menye be míalé nyawo ɖe susu me avae gblɔ na wo o. Míehiã nɔnɔme siwo ŋu woƒo nu tsoe le agbalẽa mea le míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa ɖe sia ɖe, gake míedi be míakpɔ esiwo koŋ wòhiã be míaɖe afia ne míele dze ɖom kple amewo zi gbãtɔ, ne míegatrɔ yi wo gbɔ, alo ne míele Biblia srɔ̃m kpli wo.

Ne èle nusɔsrɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe me dzroma, kpɔe ɖa be aleke yeate ŋu aɖe nɔnɔme si ŋu woƒo nu tsoea afia ne èle dze ɖom kple amewo le miaƒe nutoa me. Dze agbagba be nàgalɔ̃ Yehowa kple amewo vevie wu. Lɔlɔ̃ ma aʋã wò be nàkpe ɖe amewo ŋu woava zu nusrɔ̃lawo, eye esia wɔa dɔ wu mɔnu bubu ɖe sia ɖe.

Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be míewɔa dɔ kpli mi ɖekae. (Zef. 3:9) Yehowa neyra mi geɖe ɖe ale si mielɔ̃ amewo eye mieyi edzi le kpekpem ɖe wo ŋu be woava zu nusrɔ̃lawo ta!

Mia nɔviwo,

Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha