Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

MEGBENYA B

Ɣekaɣie Wòle Be Nàtso Dzeɖoɖoa Dzi?

Ɣekaɣie Wòle Be Nàtso Dzeɖoɖoa Dzi?

Edzɔa dzi na mí be míayi dzeɖoɖo dzi kple ame siwo biaa nya mí alo dina be míaɖe nu me na yewo. Míedi be míaɖo dze kple ame siwo si “dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ.”—Dɔw. 13:48.

Gake nu kae nàwɔ ne ame aɖe ya di be yeahe nya alo do dziku alo medi be yeaƒo nu le ɣeyiɣi ma me o? Lé ɖokuiwò kpoo eye nàse dzeɖoɖoa ɖe afi ma. (Lod. 17:14) Dze agbagba nàde bubu amea ŋu ale be ɣebubuɣia, wòate ŋu alɔ̃ be yeaɖo dze kpli mí.—1 Pet. 2:12.