Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSRƆ̃LAWO WƆWƆ

NUSƆSRƆ̃ 11

Fia Nu Wòanɔ Bɔbɔe

Fia Nu Wòanɔ Bɔbɔe

Nya si Biblia gblɔ: ‘Gblɔ nya siwo gɔme anya se bɔbɔe.’—1 Kor. 14:9.

Ale Si Yesu Wɔe

1. Kpɔ VIDEOA, alo xlẽ Mateo 6:​25-27. Eyome nàbu biabia siawo ŋu:

  1.    Kpɔɖeŋu kae Yesu wɔ si na míekpɔe be Yehowa léa be na mí?

  2.   Togbɔ be Yesu nya nu geɖe tso xeviwo ŋu hãa, nya ʋɛ kae wògblɔ tso wo ŋu? Nu ka tae nufiafia alea sɔ ŋutɔ?

Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ?

2. Ne míaƒe nufiafia le bɔbɔea, amewo ate ŋu aɖo ŋku edzi eye woawɔ edzi.

Srɔ̃ Yesu

3. Mègaƒo nu fũu akpa o. Mègaƒo nu tso nu sia nu si nènya tso nyati si me dzrom mielea ŋu o, ke boŋ ƒo nu tso nu si le nusrɔ̃gbalẽa me ŋu. Ne èbia nya aɖe nusrɔ̃viaa, gbɔ dzi ɖi nɛ wòaɖo eŋu. Ne menya ŋuɖoɖoa o alo eƒe ŋuɖoɖoa mesɔ kple nu si Biblia fia oa, gabia nya bubuwoe be wòakpe ɖe eŋu wòakpɔ ŋuɖoɖoa. Ne nusrɔ̃via nya se nya veviawo gɔme koa, miɖe zɔ yi ŋgɔ.

4. Zã nu siwo nusrɔ̃via nya xoxo nàtsɔ akpe ɖe eŋu wòase nu yeyewo gɔme. Le kpɔɖeŋu me, ne miegbɔna nu srɔ̃ ge tso tsitretsitsia ŋua, miate ŋu adzro nu siwo miesrɔ̃ va yi tso nɔnɔme si me ame kukuwo lea me kpuie.

5. Zã kpɔɖeŋuwo nyuie. Hafi nàwɔ kpɔɖeŋu aɖea, bia ɖokuiwò be:

  1.   a. ‘Ðe kpɔɖeŋu sia le bɔbɔea?’

  2.  b. ‘Ðe nusrɔ̃via ase egɔme bɔbɔea?’

  3.  d. ‘Ðe kpɔɖeŋua ana nusrɔ̃via naɖo ŋku nya veviawo dzia, alo kpɔɖeŋua ɖeɖe koe atsi susu me nɛa?’

KPƆ MAWUNYAKPUKPUI SIAWO HÃ