Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

DZEÐOÐO GƆMEDZEDZE

NUSƆSRƆ̃ 2

Gblɔ Nya Si Sɔ Ðe Nɔnɔmea Nu

Gblɔ Nya Si Sɔ Ðe Nɔnɔmea Nu

Nya si Biblia gblɔ: “Nya si wogblɔ ɖe egblɔɣi la vivina loo!”—Lod. 15:23.

Ale Si Filipo Wɔe

1. Kpɔ VIDEOA, alo xlẽ Dɔwɔwɔwo 8:​30, 31. Eyome nàbu biabia siawo ŋu:

  1.    Aleke Filipo dze dzeɖoɖoa gɔme?

  2.   Nu kae ɖee fia be nya si wògblɔa sɔ ɖe nɔnɔmea nu, eye aleke esia kpe ɖe eŋu wòfia nu yeye aɖe ŋutsua?

Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Filipo Gbɔ?

2. Ne míedzea dzeɖoɖo gɔme kple amewo wòsɔna ɖe nɔnɔmea nua, esia awɔe be woaɖe dzi ɖi eye wòanɔ bɔbɔe na wo be woaɖo to mí.

Srɔ̃ Filipo

3. Lé ŋku ɖe nu ŋu. Ne èlé ŋku ɖe ame aɖe ƒe nuwɔna kple ale si wòɖo moe ŋua, àte ŋu anya ne edi be yeaɖo dze kple wò alo medii o. Ne èkpɔe be amea dia, àte ŋu ado Biblia me nya aɖe ɖe egbɔ kpuie ale, “Ènya be . . . ?” Gake ne amea medi oa, mègazi edzi be wòaƒo nu kokoko o.

4. Gbɔ dzi ɖi. Megawɔ na wò be ele be yeaƒo nu tso Biblia ŋu enumake o. Lala va se ɖe esime nèkpɔ be afi si dzeɖoɖo ɖoa, yeate ŋu agblɔ Biblia me nya aɖe. Ɣeaɖewoɣia, esia abia be nàlala va se ɖe esime wò kple amea miegaɖo dze ɣebubuɣi.

5. Ƒo nu tso nu si le vevie na amea ŋu. Ate ŋu adzɔ be amea nado nya aɖe ɖa evɔ menye nu ma ŋue miele nu ƒom tsoe o. Ne edzɔ alea, mègagblɔ be yeaƒo nu tso nya si yelé ɖe asia ŋu kokoko o, lɔ̃ faa nàgblɔ Biblia me nya aɖe si ku ɖe nya si wòdo ɖaa ŋu, elabe nu mae le vevie nɛ.