Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 14

Ði Anukware Le Nuwo Katã Me

Ði Anukware Le Nuwo Katã Me

“Míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.”—HEBRITƆWO 13:18.

1, 2. Aleke Yehowa sena le eɖokui me ne ekpɔe be míele agbagba dzem vevie be míaɖi anukware?

ESI ŋutsuvi aɖe kpã tso suku yina aƒe me gbe ɖeka la, ekpɔ akplovi aɖe si me ga gbogbo aɖe le la le anyigba. Nu kae wòawɔ? Ate ŋu atsɔe wòazu etɔ. Gake mewɔe nenema o, etrɔe yi na nutɔ. Esi dadaa se nu si ɖevia wɔ la, ekpɔ dzidzɔ ɖe eŋu ale gbegbe.

2 Dzi dzɔa dzila geɖe ne wo vi ɖi anukware. Mía Fofo si le dziƒo, Yehowa, nye “nyateƒe Mawu,” eye dzi dzɔnɛ ne míeɖi anukware. (Psalmo 31:5) Míedina be míadze eŋu eye “míaɖi anukware le nuwo katã me.” (Hebritɔwo 13:18) Na míadzro go ene siwo me anukwareɖiɖi ate ŋu asesẽ na mí le la me. Eyome míadzro viɖe siwo dona tso eme ne míeɖi anukware le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me la me.

ANUKWAREÐIÐI NA MÍA ÐOKUI

3-5. (a) Aleke wòate ŋu adzɔe be míable mía ɖokuiwo? (b) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míato nyateƒe na mía ɖokuiwo?

3 Hafi míate ŋu aɖi anukware na ame bubuwo la, ele be míato nyateƒe na mía ɖokuiwo gbã. Esia menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, nɔvi siwo le Laodikea la ble wo ɖokuiwo henɔ susum be yewoƒe nu dzea Mawu ŋu, evɔ le nyateƒe me la, menɔ nenema hafi o. (Nyaɖeɖefia 3:17) Ate ŋu adzɔ be míawo hã míable mía ɖokuiwo le ame si míenye ŋutɔŋutɔ gome.

4 Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be: “Ne ame aɖe bua eɖokui mawusubɔlae, evɔ meléa eƒe aɖe o la, eya ŋutɔ ƒe dzi blem wòle, eye eƒe subɔsubɔ nye dzodzro.” (Yakobo 1:26) Míanɔ mía ɖokuiwo blem ne míesusui be zi ale si míewɔa nu nyui aɖewo ko la, míaƒe nu adze Mawu ŋu togbɔ be míeƒoa nu ameŋumabumabutɔe alo gblɔa gbɔɖiamenyawo fefetɔe alo daa alakpa. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagable mía ɖokuiwo o?

5 Ne míekpɔ ahuhɔ̃e me la, míate ŋu akpɔ ale si míele le gota gome. Ne míexlẽ Biblia la, míetea ŋu kpɔa ame siwo míenye le ememe. Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya míaƒe nyuiƒewo kple gbagbãƒewo siaa. Enana míenyana tɔtrɔ siwo wòle be míawɔ le míaƒe nuŋububu, agbenɔnɔ kple nuƒoƒo me. (Xlẽ Yakobo 1:23-25.) Gake ne míegblɔ na mía ɖokuiwo be gbɔdzɔgbɔdzɔwo mele mía ŋu o la, ekema míate ŋu awɔ tɔtrɔ siwo hiã la o. Eya ta ele be míazã Biblia atsɔ alé ŋku ɖe mía ɖokuiwo ŋu be míanya ame siwo míenye ŋutɔŋutɔ. (Konyifahawo 3:40; Hagai 1:5) Gbedodoɖa hã ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya ame siwo tututu míenye. Míate ŋu ado gbe ɖa abia Yehowa be wòadzro mía me eye wòakpe ɖe mía ŋu míade dzesi míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ale be míate ŋu awɔ dɔ tso wo ŋu. (Psalmo 139:23, 24) Míeɖoa ŋku edzi be “Yehowa nyɔa ŋu ameflula, ke tsi metoa Eya kple nu dzɔdzɔe wɔlawo dome o.”—Lododowo 3:32.

ANUKWAREÐIÐI LE ƑOMEA ME

6. Nu ka tae wòle be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu naɖi anukware na wo nɔewo?

6 Anukwareɖiɖi le vevie ŋutɔ le ƒomea me. Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu meɣlaa naneke ɖe wo nɔewo o la, wosena le wo ɖokuiwo me be yewole dedie eye wokana ɖe wo nɔewo dzi. Anukwaremaɖimaɖi ate ŋu ayi edzi le mɔ vovovowo nu le srɔ̃ɖeɖe me. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃tɔ aɖe ate ŋu ava nɔ ahiãmo ɖom na ame bubu alo anɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔm alo adze ahiã ame bubu le adzame. De dzesi nya si hakpalaa gblɔ: “Nyemenɔa ameblelawo ƒe ha me o, eye nyemedea ha kple ame siwo ɣlaa ame si ƒomevi wonye la o.” (Psalmo 26:4) Ne mèɖia anukware na srɔ̃wò le wò tamesusuwo gɔ̃ hã me o la, esia agblẽ nu le miaƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu.

Gbe nu sia nu si ate ŋu agblẽ nu le wò srɔ̃ɖeɖe ŋu la enumake

7, 8. Aleke nàte ŋu azã Biblia atsɔ akpe ɖe ɖeviwo ŋu woakpɔe be anukwareɖiɖi le vevie?

7 Ele be ɖeviwo hã nanyae be anukwareɖiɖi le vevie. Dzilawo ate ŋu azã Biblia atsɔ afia anukwareɖiɖi ƒe vevienyenye wo viwo. Ame siwo meɖi anukware o la ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽwo le Biblia me. Wo dometɔ aɖewoe nye: Akan, si va zu fiafitɔ; Gehazi, si da alakpa ale be yeakpɔ ga; kple Yuda, si nɔa ga fim eye wòva de Yesu asi xɔ klosalogaku 30.—Yosua 6:17-19; 7:11-25; 2 Fiawo 5:14-16, 20-27; Mateo 26:14, 15; Yohanes 12:6.

8 Ame siwo ɖi anukware la hã ƒe kpɔɖeŋu geɖe le Biblia me. Wo dometɔ aɖewoe nye: Yakob, si gblɔ na viawo be woagbugbɔ ga si wofɔ la ayi na ame siwo tɔ wònye; Yefta kple vianyɔnu, siwo wɔ ŋugbe si Yefta do na Mawu la dzi; kple Yesu, ame si to nyateƒe le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. (1 Mose 43:12; Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:30-40; Yohanes 18:3-11) Kpɔɖeŋu siawo ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu woakpɔ ale si gbegbe anukwareɖiɖi le vevie.

9. Ne dzilawo ɖia anukware la, aleke esia ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋui?

9 Dzilawo ate ŋu asrɔ̃ nu tso Biblia me gɔmeɖose vevi sia me: “Wò, ame si le nu fiam ame bubu la, ɖe mèfiaa nu ɖokuiwò oa? Wò, ame si le gbeƒã ɖem be, ‘Mègafi fi o’ la, wòe fia fia?” (Romatɔwo 2:21) Ne dzilawo mewɔa nya siwo woawo ŋutɔwo gblɔna dzi o la, ɖeviwo dea dzesii. Ne míegblɔna na mía viwo be woato nyateƒe, gake míawo ŋutɔwo míetoa nyateƒe o la, ɖeviawo atɔtɔ. Ne ɖeviwo kpɔe be yewo dzilawo daa alakpa, le nu suewo gɔ̃ me la, woawo hã woawɔ nenema ke. (Xlẽ Luka 16:10.) Gake ne ɖeviwo kpɔe be yewo dzilawo ɖia anukware la, esia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woava nye dzila ɖianukwarewo ne woawo hã va dzi viwo.—Lododowo 22:6; Efesotɔwo 6:4.

ANUKWAREÐIÐI LE HAMEA ME

10. Aleke míate ŋu anye anukwareɖilawo ne míele dze ɖom kple mía nɔvi Kristotɔwo?

10 Ele be míaɖi anukware na mía nɔvi Kristotɔwo hã. Ele bɔbɔe be le míaƒe gbe sia gbe dzeɖoɖowo me la, míava nɔ amewo ŋu nya gblɔm alo agblẽ amewo ŋu gɔ̃ hã. Ne míese nya aɖe eye míele ekakam evɔ míenya nenye be enye nyateƒe o la, míate ŋu ava nɔ alakpanyawo kakam. Enyo sãsãsã wu ne ‘míekpɔ míaƒe nuyiwo dzi.’ (Lododowo 10:19) Anukwareɖiɖi mefia be míagblɔ nya sia nya si míesusu alo nya, alo se la o. Nenye be nya si míedi be míagblɔ la nye nyateƒe gɔ̃ hã la, ɖewohĩ nya ma metsɔ mía gbɔ o, alo be ɖewohĩ nya ma gbɔgblɔ mehiã o eye anye ameŋumabumabu be woagblɔ nya ma amewo nase. (1 Tesalonikatɔwo 4:11) Ame aɖewo doa taflatsɛ ɖe woƒe nuƒoƒo ameŋumabumabui ta gblɔna be: “Ale si nyaa le koe nye ema megblɔ.” Gake mí Yehowa ƒe amewo míedina ɣesiaɣi be míaƒe nyawo nadze to ahatu ame ɖo.—Xlẽ Kolosetɔwo 4:6.

11, 12. (a) Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ la, aleke wòagagblẽ nyaa ɖe edzi ne meto nyateƒe o? (b) Nya kawoe míate ŋu abia? (d) Aleke míate ŋu aɖi anukware na Yehowa ƒe habɔbɔa?

11 Yehowa de dɔ asi na hamemetsitsiwo be woakpe ɖe hamea ŋu. Ne míetoa nyateƒe na hamemetsitsiwo la, enɔa bɔbɔe na wo be woakpe ɖe mía ŋu. Nu ka tae? Tsɔe be èdze dɔ eye nèyi ɖɔkta gbɔ be wòakpe ɖe ŋuwò, ɖe nàɣla nu siwo le wɔwòm la dometɔ aɖewo ɖeea? Ne èwɔ nenema la, aleke wòawɔ akpe ɖe ŋuwò? Nenema kee ne míeda vo gã aɖe la, mele be míada alakpa tso eŋu o. Ke boŋ ele be míayi hamemetsitsiwo gbɔ eye míagblɔ nyateƒe bliboa na wo. (Psalmo 12:2; Dɔwɔwɔwo 5:1-11) Azɔ bu kpɔɖeŋu sia hã ŋu kpɔ: Tsɔe be èva nya nu tso nu vɔ̃ gã aɖe si xɔ̃wò aɖe wɔ ŋu. (3 Mose 5:1) Ðe nàgblɔ be: “Ne menye exɔlɔ̃ vavã la, ke ele be matsyɔ nu edzia”? Alo ɖe nàɖo ŋku edzi be hamemetsitsiawo li be yewoakpe ɖe eŋu ale be wòadzra eya kple Yehowa dome ƒomedodoa ɖo ahado ŋusẽea?—Hebritɔwo 13:17; Yakobo 5:14, 15.

12 Ele be míaɖi anukware na Yehowa ƒe habɔbɔa ne míele nyatakakawo abe esiwo ku ɖe míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa ene ŋu la nam. Eye ele be míato nyateƒe ne míele agbalẽviwo kpem ɖo be míawɔ mɔɖeɖedɔa alo subɔsubɔdɔa ƒe akpa bubu aɖe.—Xlẽ Lododowo 6:16-19.

13. Aleke míawɔ nu anukwareɖiɖitɔe ne míele dɔ wɔm kple mía nɔvi Kristotɔwo?

13 Mele be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo nanɔ dɔwɔnyawo kple asitsanyawo lém kpɔ le tadeaguɣiwo o. Le kpɔɖeŋu me, mele be míakpɔ gome le asitsanyawo me ne míele Fiaɖuƒe Akpata me alo le gbeadzi o. Eye mele be míatafa mía nɔviwo le asitsanyawo kple dɔwɔnyawo me o. Ne èxɔ Ðasefowo ɖe dɔme la, xe fe na wo ɖe ɣeyiɣi dzi, xe fe dedie na wo, eye nàtsɔ wo tɔ gome si dziɖuɖua bia be nàtsɔ ana wo la ana wo. Esia ate ŋu abia be nàkpɔ woƒe kɔdzinyawo gbɔ, eye màgaŋe fetu ɖe eme na wo ne womete ŋu va dɔme le ŋkeke aɖewo dzi o. (1 Timoteo 5:18; Yakobo 5:1-4) Eye ne nɔviwò Ðasefoe xɔ wò ɖe dɔme la, mègakpɔ mɔ be wòawɔ nu ɖe ŋuwò etɔxɛe o. (Efesotɔwo 6:5-8) Kpɔ egbɔ be èwɔ dɔ nɛ ɖe ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si dzi mielɔ̃ ɖo la nu, eye nàwɔ dɔ si wòxe fe na wò be nàwɔ la.—2 Tesalonikatɔwo 3:10.

14. Nu kae wòle be Kristotɔwo nawɔ hafi ana asitsaɖoɖo aɖe nanɔ wo kple haxɔsetɔ aɖe dome?

14 Ke ne asitsaɖoɖo aɖe le mía kple mía nɔvi aɖe dome ɖe? Ate ŋu anye be míede ga dɔ aɖe me alo ame ɖeka do ga le nɔvia si. Le go siawo tɔgbi me la, Biblia me gɔmeɖose vevi aɖe li si ŋu dɔ wòle be míawɔ: Ele be míawɔ nu sia nu ŋuti nuŋlɔɖi! Esi Yeremiya ƒle anyigba aɖe la, ewɔ agbalẽ eve ɖe edzi, ena ɖasefowo de asi ɖeka te, eye wòdzra kemɛa ɖo ɖe etsɔ ta. (Yeremiya 32:9-12; kpɔ 1 Mose 23:16-20 hã.) Ame aɖewo susuna be ne yewowɔ asitsaɖoɖoa ŋuti nuŋlɔɖi la, adze abe ɖe yewomeka ɖe yewo nɔvia dzi o ene. Gake le nyateƒe me la, nuŋlɔɖi mawo wɔwɔ ate ŋu ana míaƒo asa na nugɔmemasemase, dzivenyawo kple masɔmasɔ geɖe. Le asitsanyawo gɔ̃ hã me la, ɖo ŋku edzi be hamea ƒe ŋutifafa le vevie wu asitsaɖoɖo ɖe sia ɖe.—1 Korintotɔwo 6:1-8; kpɔ Dzesidenya 30 lia.

ANUKWAREÐIÐI LE DƆWƆNYAWO ME

15. Aleke Yehowa sena le eɖokui me tso anukwaremaɖimaɖi le dɔwɔnyawo me ŋu?

15 Ele be míaɖi anukware na ame sia ame, ame siwo menye Yehowa Ðasefowo o hã le eme. Míaƒe anukwareɖiɖi le vevie na Yehowa. Biblia gblɔ be: “Nudanu amebatɔ nye ŋunyɔ na Yehowa, ke nudanu si de pɛpɛpɛ la dzea eŋu.” (Lododowo 11:1; 20:10, 23) Le Biblia ŋlɔɣiwo la, wozãa nudanu le asitsatsa me. Gake asitsala aɖewo tafaa woƒe asisiwo, elabena nu si wotsɔna na asisiawo la nɔa ʋɛ wu esi ƒe fe asisiawo xe, alo woxɔa ga le wo si wu ale si dze. Abe ale si wònɔ le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ene la, anukwaremaɖimaɖi bɔ le asitsanyawo me egbea hã. Eye Yehowa lé fu anukwaremaɖimaɖi egbea abe ale si ko wòlé fui ɣemaɣi ene.

16, 17. Anukwaremaɖimaɖi ƒe nuwɔna siwo bɔ siwo wòle be míaƒo asa na dometɔ aɖewo ɖe?

16 Mí katã míedoa go nɔnɔme siwo me wòate ŋu adzɔ le be míaɖi anukware o; esia ƒe ɖewoe nye ne míele dɔdigbalẽ ŋlɔm, ne míele dziɖuɖu ƒe agbalẽ aɖe kpem ɖo, alo míele dodokpɔ ŋlɔm le suku. Ame geɖe susui be naneke megblẽ le alakpadada, amiɖeɖe ɖe nya, alo nyaŋuɖoɖo fluamewo nana ŋu o. Esia mewɔa nuku na mí o. Biblia gblɔe ɖi be le nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me la, amewo anye “ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, [kple] ame siwo melɔ̃a nu nyui o.”—2 Timoteo 3:1-5.

17 Ɣeaɖewoɣi la, adze abe nu dzea edzi na ame maɖianukwarewo le xexe sia me ene. (Psalmo 73:1-8) Ate ŋu adzɔ be dɔ nagblẽ na Kristotɔ aɖe, woabae le ganyawo me, alo be womawɔ nu ɖe eŋu nyuie le dɔme o le eƒe anukwareɖiɖi ta. Gake nu ka kee ɖadzɔ ɖe mía dzi o, anukwareɖiɖi ɖea vi. Le mɔ ka nu?

YAYRA SIWO DONA TSO ANUKWAREÐIÐI ME

18. Nu ka tae wònyo ŋutɔ be ŋkɔ nyui nanɔ ame ŋu?

18 Menye nu si bɔ le xexe sia me be ame nanye anukwareɖila si dzi woate ŋu aka ɖo ahaɖo ŋu ɖo o, ke hã amewo dea asixɔxɔ nɔnɔme sia ŋu. Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu adze agbagba ana nɔnɔme sia nasu esi. (Mika 7:2) Ele eme be ame aɖewo aɖe alɔme le ŋuwò le wò anukwareɖiɖi ta ahagblɔ be ètsi bome ya. Gake wò nu anyo ame bubuwo ŋu eye woaka ɖe dziwò le esia ta. Le xexea me godoo la, amewo nya Yehowa Ðasefowo be wonye anukwareɖilawo. Dɔtɔ aɖewo dina be yewoaxɔ Ðasefowo ɖe dɔme, elabena wonya be woaɖi anukware. Eye edzɔna zi geɖe be ne wonya ame aɖewo le dɔme ɖe woƒe anukwaremaɖimaɖi ta la, dɔ megena le Ðasefoawo ya si o.

Míetoa míaƒe dɔ sesẽ wɔwɔ dzi hea kafukafu vanɛ na Yehowa

19. Ne míenye anukwareɖilawo la, aleke Yehowa ase le eɖokui me ɖe mía ŋu?

19 Ne èɖia anukware le nu sia nu me la, esia ana dzitsinya nyui nanɔ asiwò eye wò dzi adze eme. Míate ŋu anɔ abe Paulo, ame si ŋlɔ bena, “Míeka ɖe edzi be dzitsinya nyui le mía si” la ene. (Hebritɔwo 13:18) Ke vevietɔ wu la, mía Fofo lɔ̃ame, Yehowa, ade dzesi agbagba siwo nèdzena be yeaɖi anukware, eye akpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò.—Xlẽ Psalmo 15:1, 2; Lododowo 22:1.