Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔha La Gbɔ

Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔha La Gbɔ

Na ame siwo lɔ̃ Yehowa Mawu kple eƒe Nya, Biblia la:

Yesu gblɔ be: “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.” (Yohanes 8:32) Bu ale si nèse le ɖokuiwò me esi nèke ɖe Biblia me nyateƒea ŋu zi gbãtɔ ŋu kpɔ! Dzi dzɔ wò ŋutɔ esi nèkpɔe be míate ŋu asrɔ̃ nyateƒea togbɔ be míele xexe si me aʋatsokaka bɔ ɖo me hã.—2 Timoteo 3:1.

Yehowa Mawu di be míadze si nyateƒea. Eye esi míelɔ̃ amewo ta la, míedina be míaƒo nu tso nyateƒea ŋu na wo. Gake Mawu subɔsubɔ bia nu geɖe wu ema. Ele be míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míanɔ agbe ale si dze Kristotɔwo, elabena míedea bubu deto Yehowa ƒe gɔmeɖosewo ŋu. Yesu gblɔ mɔ vevi aɖe si dzi míato aɖee afia Mawu be míelɔ̃e. Egblɔ be: “Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, ekema miayi edzi anɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe ale si ko meléa Fofonye ƒe sewo me ɖe asi, eye mekpɔtɔ le eƒe lɔlɔ̃ la me ene.”—Yohanes 15:10.

Yesu lɔ̃ Fofoa vevie ŋutɔ, eye ewɔa nu sia nu si Fofoa bia tso esi. Ne míesrɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu le míaƒe agbenɔnɔ me la, Yehowa alɔ̃ mí eye míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ. Abe ale si Yesu gblɔe ene la, “ne mienya nu siawo la, ekema dzidzɔtɔwoe mianye ne miewɔa wo dzi.”—Yohanes 13:17.

Míele mɔ kpɔm be agbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ ale si nànɔ agbe ɖe Biblia me nyateƒea nu eye nàzu Mawu xɔlɔ̃. Míele gbe dom ɖa be wò lɔlɔ̃ na Mawu nanɔ tsitsim ɖe edzi, eye nànɔ “Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa, . . . hena agbe mavɔ kpɔkpɔ.”—Yuda 21.

Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔdzikpɔha La