Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 7

Ðe Nèbua Agbe Nu Xɔasii Abe Ale Si Mawu Bunɛ Enea?

Ðe Nèbua Agbe Nu Xɔasii Abe Ale Si Mawu Bunɛ Enea?

“Gbɔwòe agbedzɔƒe le.”—PSALMO 36:9.

1, 2. (a) Nunana xɔasi kae Yehowa na mí? (b) Nu kae Yehowa na mí be wòana míase vivi na agbea?

YEHOWA na nunana wɔnuku aɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe. Eyae nye míaƒe agbe. (1 Mose 1:27) Edi be míase vivi na agbea ale si dze. Eya ta ena gɔmeɖosewo mí be woafia mí ale si míawɔ nyametsotso nyuiwo. Ele be míazã gɔmeɖose siawo be woakpe ɖe mía ŋu ‘míade vovo nyui kple vɔ̃ dome.’ (Hebritɔwo 5:14) Ne míewɔe alea la, ke míele mɔ ɖem na Yehowa be wòana hehe mí míabu nuwo ŋu nyuie. Zi ale si míetsɔ Mawu ƒe gɔmeɖosewo wɔ dɔe eye míekpɔ ale si wona míaƒe agbenɔnɔ nyo ɖe edzii la, zi nenemae míeva kpɔa ale si gbegbe wole vevie la dzea sii.

2 Agbea menɔa bɔbɔe ɣeaɖewoɣi o. Nɔnɔme aɖewo dzea ŋgɔ mí le agbe me siwo ŋu Biblia meƒo nu tsoe tẽe o. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu ahiã be míatso nya me le dɔdamɔnu siwo me wozãa ʋu le la ŋu. Aleke míawɔ atso nya me wòadze Yehowa ŋu? Gɔmeɖosewo le Biblia me siwo fiaa mí ale si Yehowa bua agbe kple ʋui. Ne míese gɔmeɖose siawo gɔme la, akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie eye dzitsinya nyui nanɔ mía si. (Lododowo 2:6-11) Azɔ, na míadzro gɔmeɖose mawo dometɔ aɖewo me.

ALEKE MAWU BUA AGBE KPLE ƲUI?

3, 4. (a) Aleke Mawu ɖe ale si wòbua ʋui fia? (b) Nu kae ʋu le tsitre ɖi na?

3 Biblia fia mí be ʋu nye nu kɔkɔe, elabe ele tsitre ɖi na agbe. Eye agbe nye nu xɔasi na Yehowa. Esi Kain wu nɔvia la, Yehowa gblɔ nɛ be: “Nɔviwò ƒe ʋu le ɣli dom nam tso anyigba dzi.” (1 Mose 4:10) Abel ƒe ʋu le tsitre ɖi na eƒe agbe; esi Kain wu Abel la, eƒe agbee nye ema wòɖe ɖa.

4 Le Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa megbe la, Mawu gblɔ na amegbetɔwo be woate ŋu aɖu ʋulã. Ke hã, egblɔ na wo tẽe be: “Migaɖu lã si me eƒe agbe, si nye eƒe ʋu, le la o.” (1 Mose 9:4) Sedede sia ka Noa ƒe dzidzimeviwo katã, eye míawo hã míele eme. Edze ƒãa be le Yehowa ŋkume la, ʋu le tsitre ɖi na agbe. Eye ele be míawo hã míabu ʋu nenema ke.—Psalmo 36:9.

5, 6. Aleke Mose ƒe Sea ɖe ale si Yehowa bua agbe kple ʋui fiae?

5 Le Se si Yehowa tsɔ na Mose me la, Yehowa gblɔ be: ‘Ne ame aɖe ɖu ʋu aɖe la, maɖe ŋku atɔ ame si ɖu ʋua, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome. Elabena ŋutilã ɖe sia ɖe ƒe agbe le ʋu la me.’—3 Mose 17:10, 11.

6 Mose ƒe Sea gblɔ be ne ame aɖe wu lã aɖe be yeaɖu la, ele be wòaɖuɖu lãa ƒe ʋu ɖe anyigba. Esia fia be egbugbɔ lãa ƒe agbe na Ewɔla, Yehowa. (5 Mose 12:16; Ezekiel 18:4) Gake Yehowa mebia tso Israel-viwo si be woawɔ nu si gbɔ eme, be woadze agbagba atsyɔ ʋu ɖe sia ɖe le lãa me o. Ne wonya tso ʋu lãa nyuie ale si woate ŋui ko la, woate ŋu atsɔ dzitsinya dzadzɛ aɖui. Ne woɖee fia be yewobu ʋu nu xɔasii la, ke wole eɖem fia be yewode bubu Agbenala, Yehowa ŋu. Sea gabia tso Israel-viwo si be woatsɔ lãwo asa vɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta.—Kpɔ Dzesidenya 19 kple 20 lia.

7. Aleke David de bubu ʋu ŋu?

7 Míagate ŋu akpɔ asixɔxɔ si le ʋu ŋu le nu si David wɔ esime wòkpe aʋa kple Filistitɔwo la me. David ƒe aʋawɔlawo kpɔe be tsikɔ nɔ ewum vevie, eya ta wotsɔ woƒe agbe de afɔku me yi ɖe woƒe futɔwo ƒe asaɖa me heku tsi vɛ na David. Gake esi wotsɔ tsia vɛ na David la, egbe enono eye ‘wòkɔe ɖe anyi na Yehowa.’ David gblɔ be: “Oo Yehowa, menyo kura be mawɔ nu sia o! Ðe mano ŋutsu siawo, siwo tsɔ woƒe agbe de afɔku me la, ƒe ʋua?” David se ale si gbegbe agbe kple ʋu xɔ asi na Mawui la gɔme.—2 Samuel 23:15-17.

8, 9. Aleke wòle be Kristotɔ siwo li egbea nabu ʋui?

8 Kaka Kristotɔ gbãtɔwo ƒe ɣeyiɣia naɖo la, megahiã be Mawu ƒe amewo natsɔ lãwo asa vɔe o. Gake egahiã kokoko be susu si sɔ nanɔ wo si ku ɖe ʋu ŋu. Sedede si nye be ‘woatsri ʋu’ la nye Mose ƒe Sea ƒe akpa siwo dzi Yehowa di be Kristotɔwo hã nawɔ ɖo la dometɔ ɖeka. Sedede sia dzi wɔwɔ le vevie abe ale si ko wòle vevie be ame natsri gbɔdɔdɔ manɔsenu alo trɔ̃subɔsubɔ ene.—Dɔwɔwɔwo 15:28, 29.

Aleke maɖe nyametsotso si mewɔ ku ɖe ʋumenu suesuewo ŋu mee?

9 Nenema kee wòle egbea hã. Abe Kristotɔwo ene la, míenya be Yehowa ye nye Agbedzɔƒe, eya ta nu sia nu si me agbe le la nye etɔ. Míenyae hã be ʋu nye nu kɔkɔe eye wòle tsitre ɖi na agbe. Eya ta míedzea agbagba bua Biblia me gɔmeɖosewo ŋu nyuie ne míele nya me tsom le dɔdamɔnu siwo me wozãa ʋu le la ŋu.

ƲUZAZÃ LE ATIKEWƆNYAWO ME

10, 11. (a) Aleke Yehowa Ðasefowo bua ʋua ŋutɔ loo alo ʋu ƒe akpa vevi eneawo dodoe? (b) Nyametsotso kae wòle be Kristotɔ ɖe sia ɖe ŋutɔ nawɔ?

10 Yehowa Ðasefowo se egɔme be menye ʋu nono alo eɖuɖu ɖeɖe ko ŋue sedede si nye be ‘woatsri ʋu’ la ku ɖo o. Efia hã be mímalɔ̃ woado ʋu na mí, alo woaɖe míaƒe ʋu ado na ame bubu, alo woaɖe míaƒe ʋu ada ɖi be woava do na mí emegbe o. Eye egafia hã be mímalɔ̃ woado ʋu ƒe akpa vevi eneawo dometɔ aɖeke na mí o. Woawoe nye ʋumenugbagbevi dzĩwo (red cells [globules rouges]), ʋumenugbagbevi ɣiwo (white cells [globules blancs]), ʋumenugbagbevi gbabɛwo (platelets [plaquettes]), kple ʋutsi (plasma).

11 Wogatea ŋu ɖea ʋumenu suesue bubuwo tso ʋu ƒe akpa vevi eneawo me. Kristotɔ ɖe sia ɖe ŋutɔe atso nya me nenye be alɔ̃ be woazã ʋumenu suesueawo na ye. Eye nenema kee wòle le dɔdamɔnu siwo me wozãa ame ŋutɔ ƒe ʋu le la hã gome. Ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe ŋutɔ natso nya me na eɖokui ku ɖe nu si woawɔ kple eƒe ʋu le ekoko me, le edodokpɔ le atikewɔwɔ nɛ me, alo le dɔdamɔnu si le tsia dzi ŋu dɔ wɔwɔ nɛ me ŋu.—Kpɔ Dzesidenya 21 lia.

12. (a) Nu ka tae nyametsotso siwo míenɔ te ɖe míaƒe dzitsinya dzi wɔ la nɔa vevie na Yehowa? (b) Aleke míawɔ atso nya me le dɔdamɔnuwo ŋu le nunya me?

12 Ðe Yehowa tsɔa ɖe le nyametsotso siwo míenɔa te ɖe míaƒe dzitsinya dzi wɔna la mea? Ɛ̃. Yehowa tsɔa ɖe le nu siwo ŋu míebuna kple nu si ʋãa mí míewɔa nane la me. (Xlẽ Lododowo 17:3; 24:12.) Le esia ta ne míele nya me tsom le dɔdamɔnu si míedi be woazã na mí ŋu la, ele be míado gbe ɖa abia Yehowa ƒe mɔfiame eye míaku nu me tso dɔdamɔnua ŋu. Le ema megbe la, ele be míanɔ te ɖe míaƒe dzitsinya si míetsɔ Biblia na hehee la dzi atso nya me. Mele be míabia amewo be woagblɔ nu si woawɔ ne woawoe le míaƒe nɔnɔmea me la na mí o, eye mele be ame bubuwo nadze agbagba be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nyametsotsowo dzi hã o. Kristotɔ ɖe sia ɖe “atsɔ eya ŋutɔ ƒe agba.”—Galatiatɔwo 6:5; Romatɔwo 14:12.

YEHOWA ƑE SEWO ÐEA LƆLƆ̃ SI LE ESI NA MÍ LA FIANA

13. Nu kae míesrɔ̃ tso Yehowa ŋu le eƒe se kple gɔmeɖose siwo ku ɖe ʋu ŋu la me?

13 Nu sia nu si Yehowa dina tso mía si la, míawo ŋutɔwo ƒe nyonyo tae, eye woɖenɛ fiana hã be elɔ̃ mí. (Psalmo 19:7-11) Gake menye esi eƒe seawo ɖea vi na mí ɖeɖe ta koe míeɖoa toe o. Míeɖoa toe elabena míelɔ̃e. Míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa ʋãa mí míetsria ʋudodo. (Dɔwɔwɔwo 15:20) Esia kpɔa míaƒe lãmesẽ ta gɔ̃ hã. Ame geɖe li egbea siwo nya afɔku siwo dona tso ʋudodo me la dometɔ aɖewo, eye ɖɔkta geɖewo hã xɔe se be dɔwɔwɔ na ame ʋumadomadoe dea ame ƒe lãmesẽ dzi boŋ. Edze ƒãa be nunya le Yehowa ƒe mɔfiamewo me eye woɖenɛ fiana be elɔ̃ mí.—Xlẽ Yesaya 55:9; Yohanes 14:21, 23.

14, 15. (a) Se kawoe Yehowa de na eƒe amewo be woakpɔ wo ta? (b) Aleke nàte ŋu awɔ gɔmeɖose siwo le se mawo me la ŋu dɔe?

14 Ɣesiaɣi si Mawu de se na eƒe amewo la, woƒe nyonyo tae. Yehowa de sewo na blema Israel-viwo be woakpɔ wo ta tso afɔkuwo me. Le kpɔɖeŋu me, seawo dometɔ ɖeka gblɔ be ele be ame si si aƒe le la natɔ kpɔ kpui aɖe ɖe xɔa tame, ale be ame aɖeke nagage tso afi ma o. (5 Mose 22:8) Seawo dometɔ bubu hã ku ɖe lãwo ŋu. Ne nyi wɔadã aɖe le ame aɖe si la, nyia tɔ ƒe agbae wònye be wòakpɔ egbɔ be nyia mawɔ nu vevi ame aɖeke alo awu ame aɖeke o. (2 Mose 21:28, 29) Ne Israel-vi aɖe mewɔ ɖe se siawo dzi o eye eƒe lãa wu ame aɖe la, ekema eɖi fɔ.

15 Míekpɔe le se siawo me be agbe nye nu xɔasi na Yehowa. Ŋusẽ kae wòle be esia nyanya nakpɔ ɖe mía dzi? Ele be míaɖee afia be míedea bubu agbe ŋu to ale si míeléa be na míaƒe aƒe kple ʋu, ale si míekua ʋui kple dzidzɔdonamenu siwo míetiana me. Ame aɖewo, vevietɔ sɔhɛwo, buna be nu gbegblẽ aɖeke mate ŋu adzɔ ɖe yewo dzi ne yewoƒo yewo ɖokuiwo ɖe nuwɔna siwo me afɔku le la me o, eya ta woŋea aɖaba ƒua nu siwo ate ŋu ana woadze afɔku la dzi. Gake menye nenemae Yehowa di be míanɔ nu wɔmee o. Edi be míabu míawo ŋutɔwo míaƒe agbe kple ame bubuwo tɔ siaa be wole vevie.—Nyagblɔla 11:9, 10.

16. Aleke Yehowa bua fuɖeɖee?

16 Amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe le vevie na Yehowa. Vi nɔdɔme kura gɔ̃ hã ƒe agbe xɔ asi nɛ. Le Mose ƒe Sea me la, ne ame aɖe meɖoe hafi wɔ nu vevi funɔ aɖe o, eye funɔa alo vi si le dɔme nɛ ku la, Yehowa bua fɔ ame ma be enye amewula. Esia fia be togbɔ be menye nuɖowɔe o hã la, ame aɖe ƒe agbe tsi eme, eye ele be woawu amewulaa. (Xlẽ 2 Mose 21:22, 23.) Le Mawu ŋkume la, vi nɔdɔmewo nye ame gbagbewo. Esi nèva nya esia la, aleke nèsusu be Mawu bua fuɖeɖee? Aleke nèsusu be esena le eɖokui me ne ekpɔe wole vi nɔdɔme miliɔn geɖewo ƒe agbe ɖem ɖa ƒe sia ƒe?

17. Nu kae ate ŋu afa akɔ na nyɔnu aɖe si ɖe fu kpɔ hafi va nya Yehowa?

17 Ke ne nyɔnu aɖe ɖe fu kpɔ hafi va nya ale si Yehowa bua fuɖeɖee ya ɖe? Ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ate ŋu anɔ te ɖe Yesu ƒe vɔsaa dzi atsɔe ake ye. (Luka 5:32; Efesotɔwo 1:7) Mehiã be nyɔnu si da vo ma va yi, evɔ wòtrɔ dzi me vavã la, nayi edzi anɔ fɔ bum eɖokui atraɖii o. “Yehowa nye nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula . . . Ale si ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe la, nenemae wòte míaƒe dzidadawo ɖa boo tso mía gbɔe.”—Psalmo 103:8-14.

TSRI FULÉLE

18. Nu ka tae wòle be míadze agbagba aɖe susu vɔ̃wo ɖa le míaƒe dzi me?

18 Bubudede Mawu ƒe nunana si nye agbe ŋu dzea egɔme tso míaƒe dzi ƒe gogloeƒe ke. Elɔ ale si míesena le mía ɖokuiwo me ɖe ame bubuwo ŋu la ɖe eme. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Ame sia ame si léa fu nɔvia la, amewulae wònye.” (1 Yohanes 3:15) Míate ŋu ase le mía ɖokui me be míelɔ̃ ame aɖe ƒe nya o, gake kaka míanya la, seselelãme ma ate ŋu atrɔ azu fuléle gɔ̃ hã. Fuléle ate ŋu awɔe be ame aɖe made bubu ame bubuwo ŋu o, agblɔ alakpanyawo tso wo ŋu alo adi woƒe ku gɔ̃ hã. Yehowa nya ale si míesena le mía ɖokui me tso ame bubuwo ŋu. (3 Mose 19:16; 5 Mose 19:18-21; Mateo 5:22) Ne míede dzesii be míelé fu ame aɖe la, ele be míadze agbagba aɖe susu mawo ɖa le míaƒe dzi me.—Yakobo 1:14, 15; 4:1-3.

19. Ŋusẽ kae wòle be ale si Yehowa bua ŋutasẽnuwɔwɔe la nakpɔ ɖe mía dzi?

19 Mɔ bubu aɖe gali si dzi míate ŋu ato aɖee afia le be míedea asixɔxɔ agbe ŋu. Psalmo 11:5 gblɔ tso Yehowa ŋu be: “Eléa fu ame sia ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.” Ne míetia modzakaɖeɖe siwo me ŋutasesẽ le la, ke míele eɖem fia be míelɔ̃ ŋutasẽnuwɔwɔ. Gake míadi gbeɖe be míatsɔ nyagbɔgblɔ, nuŋububu kple foto siwo me ŋutasesẽ le la ade míaƒe susuwo me o! Ke boŋ míedi be nuŋububu dzadzɛ siwo hea ŋutifafa vanɛ la naxɔ míaƒe susuwo me.—Xlẽ Filipitɔwo 4:8, 9.

TE ÐOKUIWÒ ÐA TSO HABƆBƆ SIWO MEDEA BUBU AGBE ŊU O LA GBƆ

20-22. (a) Aleke Yehowa bua Satana ƒe xexeae? (b) Aleke Mawu ƒe amewo ate ŋu aɖee afia be yewomenye “xexea ƒe akpa aɖeke o”?

20 Satana ƒe xexea medea bubu agbe ŋu o, eye Yehowa bunɛ be eɖi ʋufɔ, elabena ekɔ ʋu geɖe ɖi. Le ƒe alafa gbogbo siwo va yi me la, dunyahedziɖuɖuwo na ame miliɔn geɖewo bu woƒe agbe, Yehowa subɔla geɖewo hã le eme. Le Biblia me la, woɖɔ dziɖuɖu siawo be wole abe lã wɔada sẽŋutawo ene. (Daniel 8:3, 4, 20-22; Nyaɖeɖefia 13:1, 2, 7, 8) Le egbe ƒe xexea me la, aʋawɔnuwo dzadzra va zu asitsatsa gã aɖe. Amewo kpɔa viɖe gbogbowo tso aʋawɔnu gblẽnu siawo dzadzra me. Edze ƒãa be “xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.”—1 Yohanes 5:19.

21 Gake Kristotɔ vavãwo menye “xexea ƒe akpa aɖeke o.” Yehowa ƒe amewo medea akpa aɖeke dzi le dunyahehe alo aʋawɔwɔ me o. Abe ale si ko womewua ame o ene la, womekpea asi ɖe habɔbɔ siwo wua amewo la ŋu hã o. (Yohanes 15:19; 17:16) Ne woti Kristotɔwo yome la, womewɔa ŋutasẽnuwo ɖe wo yometilawo ŋu o. Yesu fia nu mí be míalɔ̃ míaƒe futɔwo gɔ̃ hã.—Mateo 5:44; Romatɔwo 12:17-21.

22 Alakpasubɔsubɔhawo hã na be ame miliɔn geɖe bu woƒe agbe. Biblia ƒo nu tso Babilon Gã la, si nye alakpasubɔsubɔhawo katã ƒe ƒuƒoƒoa ŋu be: ‘Wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kpakple ame siwo katã wowu le anyigba dzi la ƒe ʋu le eme.’ Èkpɔ susu si tae Yehowa xlɔ̃ nu mí be, “Nye dukɔ, mido go le eme” la? Yehowa subɔlawo menye alakpasubɔsubɔhawo ƒe akpa aɖeke o.—Nyaɖeɖefia 17:6; 18:2, 4, 24.

23. Nu kae wòfia be ‘míado go le’ Babilon Gã la me?

23 Be ‘míado go le’ Babilon Gã la me fia be míana wòadze ƒãa be míeganye alakpasubɔsubɔha aɖeke me tɔwo o. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ahiã be míakpɔ egbɔ be woɖe míaƒe ŋkɔ ɖa le woƒe agbalẽwo me. Gake menye ema ɖeɖe koe o. Ehiã hã be míalé fu nu gbegblẽ siwo alakpasubɔsubɔhawo wɔna eye míatsri wo. Alakpasubɔsubɔhawo ɖea mɔ ɖe agbe gbegblẽ nɔnɔ, dunyahehe kple ŋukeklẽ ŋu eye wodoa nu siawo ɖe ŋgɔ. (Xlẽ Psalmo 97:10; Nyaɖeɖefia 18:7, 9, 11-17) Le ƒe siwo va yi me la, ame miliɔn geɖe bu woƒe agbe le nu siawo ta.

24, 25. Aleke Yehowa nyanya ate ŋu ana míakpɔ ŋutifafa eye dzitsinya nyui nanɔ mía si?

24 Hafi míava nya Yehowa la, mía dometɔ ɖe sia ɖe kpe asi ɖe nu gbegblẽ siwo Satana ƒe xexea wɔna la ŋu le mɔ aɖe nu. Gake fifiaa, míetrɔ. Míexɔ tafea dzi se eye míetsɔ míaƒe agbe ɖe adzɔgbe na Mawu. ‘Míekpɔa dzidzemeɣiwo tso Yehowa ŋutɔ gbɔ.’ Míekpɔa ŋutifafa eye dzitsinya nyui nɔa mía si le esi míenyae be míaƒe nu dzea Mawu ŋu ta.—Dɔwɔwɔwo 3:19; Yesaya 1:18.

25 Nenye be míenɔ habɔbɔ aɖe si medea bubu agbe ŋu o me kpɔ hã la, Yehowa ate ŋu anɔ te ɖe tafea dzi atsɔe ake mí. Míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nunana si nye agbe ŋu ŋutɔ. Míeɖea míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ne míedzea agbagba ale si míate ŋui kpena ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu, ado go le Satana ƒe xexea me, eye ƒomedodo kplikplikpli nanɔ woawo kple Mawu dome.—2 Korintotɔwo 6:1, 2.

GBLƆ FIAÐUƑEA ŊU NYA NA AME BUBUWO

26-28. (a) Dɔ vevi kae Yehowa de asi na Ezekiel? (b) Dɔ kae Yehowa de asi na míawo hã egbea?

26 Le blema Israel la, Yehowa gblɔ na nyagblɔɖila Ezekiel be wòaxlɔ̃ nu amewo be madidi o, woatsrɔ̃ Yerusalem, eye be wòafia nu si wòhiã be woawɔ be woatsi agbe la wo. Ne Ezekiel mexlɔ̃ nu ameawo o la, Yehowa abia woƒe agbe tso esi me. (Ezekiel 33:7-9) Ezekiel ɖee fia be yedea bubu agbe ŋu esi wòwɔ nu sia nu si wòate ŋui gblɔ gbedeasi vevi ma na wo.

27 Yehowa de dɔ asi na míawo hã be míaxlɔ̃ nu amewo be madidi o, woatsrɔ̃ Satana ƒe xexea, eye míakpe ɖe wo ŋu woava nya Yehowa ne woatsi agbe ayi ɖe xexe yeyea me. (Yesaya 61:2; Mateo 24:14) Míedi be míawɔ nu sia nu si míate ŋui aɖe gbeƒã gbedeasi ma na amewo. Míedi be míagblɔ abe Paulo ene be: “Ŋutinye kɔ tso amewo katã ƒe ʋu me, elabena nyemegbe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu blibo la katã gbɔgblɔ na mi o.”—Dɔwɔwɔwo 20:26, 27.

28 Ele be míanɔ kɔkɔe le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa bubuwo hã. Na míadzro wo dometɔ aɖewo me le ta si kplɔ esia ɖo me.