Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzesidenyawo

Dzesidenyawo

 1 GƆMEÐOSEWO

Mawu tu eƒe sewo ɖe eƒe gɔmeɖosewo dzi. Gɔmeɖose siawo nye nyateƒenya vevi siwo le Biblia me. Wokpena ɖe mía ŋu míesea ale si Mawu bua nuwo ŋui kple ale si wòsena le eɖokui me le nuwo ŋu la gɔme. Gɔmeɖosewo kpena ɖe mía ŋu míetsoa nya me nyuie le agbe me hewɔa nu si sɔ. Wokpena ɖe mía ŋu ŋutɔ, vevietɔ le go siwo me Mawu mede se aɖeke ku ɖe nane ŋu le tẽe o.

Ta  1, memama 8

 2 TOÐOÐO

Toɖoɖo Yehowa fia be míalɔ̃ faa awɔ nu si wòbia tso mía si be míawɔ. Yehowa di be míaɖo to ye le esi míelɔ̃ ye ta. (1 Yohanes 5:3) Ne míelɔ̃ Mawu heka ɖe edzi la, míawɔ eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi le nɔnɔme ɖe sia ɖe me. Míaɖo toe le go siwo me esia wɔwɔ sesẽ na mí le gɔ̃ hã. Ne míeɖo to Yehowa la, eɖea vi na mí, elabena efiaa mí ale si míawɔ be agbea nadze edzi na mí fifia, eye edo ŋugbe na mí be míakpɔ yayra geɖe le etsɔme.—Yesaya 48:17.

Ta 1, memama 10

 3 TIATIAWƆBLƆÐE

Yehowa na tiatiawɔblɔɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe, si fia be ena ŋutete mí be míawɔ tiatiawo. Mewɔ mí be míanɔ abe robɔtwo ene o. (5 Mose 30:19; Yosua 24:15) Míate ŋu azã míaƒe ablɔɖea atsɔ awɔ tiatia nyuiwo. Gake ne míekpɔ nyuie o la, míate ŋu awɔ nyametsotso gbegblẽwo. Tiatiawɔblɔɖe si le mía si la fia be ele be míawo ŋutɔwo míatiae nenye be míadi be míawɔ nuteƒe na Yehowa ahaɖee afia be míelɔ̃e vavã.

Ta 1, memama 12

 4 AGBE NYUI NƆNƆ ƑE NUDIDIWO

Yehowa ɖo agbe nyui nɔnɔ ƒe nudidiwo, alo mɔfiame siwo dzi míazɔ ɖo le míaƒe agbenɔnɔ kple nuwɔnawo me la na mí. Míate ŋu asrɔ̃ nu tso nudidi siawo kpakple ale si woate ŋu akpe ɖe mía ŋu agbea nadze edzi na mí la ŋu le Biblia me. (Lododowo 6:16-19; 1 Korintotɔwo 6:9-11) Mɔfiame siawo kpena ɖe mía ŋu míenyana Mawu ƒe susu le nu si nye nyui kple nu si nye vɔ̃ ŋu. Azɔ hã, wofiaa mí ale si míalɔ̃ ame, ale si míatso nya me nyuie, kple ale si míanyo dɔme na amewo. Togbɔ be gbegblẽm koe xexea ƒe nɔnɔmewo le ɖe edzi hã la, Yehowa ya ƒe nudidiwo metrɔna o. (5 Mose 32:4-6; Malaki 3:6) Wo dzi wɔwɔ kpɔa mía ta tso nuveviwɔame kple vevesese geɖe me.

Ta 1, memama 17

 5 DZITSINYA

Míaƒe dzitsinya la nye ŋutete si le mía me be míade vovo nyui kple vɔ̃ dome. Yehowa na dzitsinya mía dometɔ ɖe sia ɖe. (Romatɔwo 2:14, 15) Hafi míaƒe dzitsinya nate ŋu awɔ dɔ nyuie la, ele be míamlae ɖe Yehowa ƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo nu. Esia awɔe be míaƒe dzitsinya nakpe ɖe mía ŋu míatso nya me wòadze Mawu ŋu. (1 Petro 3:16) Míaƒe dzitsinya ate ŋu axlɔ̃ nu mí ne míeyina afɔ aɖe si me nunya mele o ɖe ge, alo ana míase veve vevie ne míewɔ nu gbegblẽ aɖe vɔ megbe. Míaƒe dzitsinya ate ŋu ava gbɔdzɔ, gake le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míagate ŋu ana wòawɔ dɔ nyuie. Ne dzitsinya nyui le mía si la, míakpɔ tomefafa eye míase le mía ɖokui me be bubu le mía ŋu.

Ta 2, memama 3

 6 MAWUVƆVƆ̃

Be míavɔ̃ Mawu fia be míalɔ̃e ahade bubu eŋu ale gbegbe be míadi be míaƒo asa na nu sia nu si madze eŋu o la wɔwɔ. Mawuvɔvɔ̃ kpena ɖe mía ŋu míewɔa nu nyui heƒoa asa na nu gbegblẽ. (Psalmo 111:10) Ewɔnɛ be míeɖoa to nya sia nya si Yehowa gblɔ la nyuie. Azɔ hã, ekpena ɖe mía ŋu míewɔa ŋugbe siwo míedo nɛ la dzi le esi míedea bubu deto eŋu ta. Mawuvɔvɔ̃ kpɔa ŋusẽ ɖe ale si míebua tame, ale si míewɔa nu ɖe amewo ŋu, kple tiatia siwo míewɔna gbe sia gbe la dzi.

Ta 2, memama 9

 7 DZIMETƆTRƆ

Ne ame trɔ dzi me la, esea veve vevie ɖe nu gbegblẽ aɖe si wòwɔ ta. Ame siwo lɔ̃ Mawu la sea veve vevie ne wode dzesii be yewowɔ nane si mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe nudidiwo o. Ne míewɔ nu gbegblẽ aɖe la, ele be míaɖe kuku na Yehowa be wòanɔ te ɖe Yesu ƒe tafevɔsaa dzi atsɔe ake mí. (Mateo 26:28; 1 Yohanes 2:1, 2) Ne míetrɔ dzi me vavã eye míedzudzɔ nu gbegblẽa wɔwɔ la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa atsɔe ake mí. Magahiã be míanɔ fɔ bum mía ɖokui ɖe nu gbegblẽ si míewɔ va yi la ta o. (Psalmo 103:10-14; 1 Yohanes 1:9; 3:19-22) Ele be míadze agbagba vevie asrɔ̃ nu tso míaƒe vodadawo me, aɖɔ míaƒe nuŋububu gbegblẽ ɖe sia ɖe ɖo ahanɔ agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu.

Ta 2, memama 18

 8 AMEÐEÐELEHAME

Ne ame aɖe si wɔ nu vɔ̃ gã metrɔ dzi me o eye wògbe be yemawɔ Yehowa ƒe nudidiwo dzi o la, magate ŋu anye hamea me tɔ o. Ele be woaɖee le haa me. Ne woɖe ame aɖe le haa me la, míegadea ha kplii o, eye míedzudzɔa nuƒoƒo nɛ. (1 Korintotɔwo 5:11; 2 Yohanes 9-11) Ameɖeɖelehame ƒe ɖoɖoa kpɔa Yehowa ƒe ŋkɔ kple hamea ta. (1 Korintotɔwo 5:6) Ameɖeɖelehame ganye tohehe si ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòatrɔ dzi me ale be wòagate ŋu atrɔ ava Yehowa gbɔ.—Luka 15:17.

Ta 3, memama 19

 9 MƆFIAME KPLE AÐAŊUÐOÐO

Yehowa lɔ̃ mí eye edi be yeakpe ɖe mía ŋu. Esia tae wòtoa Biblia kple ame siwo lɔ̃e la dzi fiaa mɔ mí heɖoa aɖaŋu na mí. Esi míenye ame madeblibowo ta la, míehiã eƒe kpekpeɖeŋu vevie. (Yeremiya 17:9) Ne míeɖoa to ame siwo dzi Yehowa tona fiaa mɔ mí la bubutɔe la, míeɖenɛ fiana be míedea bubu eŋu eye míedi be míaɖo toe.—Hebritɔwo 13:7.

Ta 4, memama 2

 10 DADA KPLE ÐOKUIBƆBƆ

Esi míede blibo o ta la, enɔa bɔbɔe be míanye ɖokuitɔdilawo kple dadalawo. Gake Yehowa di tso mía si be míabɔbɔ mía ɖokui. Zi geɖe la, míesrɔ̃a ɖokuibɔbɔ ne míetsɔ mía ɖokui sɔ kple Yehowa hede dzesi ale si gbegbe míeɖi naneke o. (Hiob 38:1-4) Ðokuibɔbɔ ƒe akpa vevi aɖe hãe nye be míasrɔ̃ ale si míabu ame bubuwo kple nu siwo anyo na wo la ŋu tsɔ wu be míaƒe susu nanɔ mía ɖokui ŋu. Zi geɖe la, dada nana ame buna be yenyo wu ame bubuwo. Ame si bɔbɔa eɖokui la dzroa eɖokui me anukwaretɔe eye wòdea dzesi eƒe nyuiƒewo kple gbagbãƒewo siaa. Mevɔ̃na be yealɔ̃ ɖe yeƒe vodadawo dzi, aɖe kuku, alo axɔ ame bubuwo ƒe susuwo kple aɖaŋuɖoɖowo o. Ame si bɔbɔa eɖokui la ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu hewɔa eƒe mɔfiamewo dzi.—1 Petro 5:5.

Ta 4, memama 4

 11 ŊUSẼ

Ŋusẽ ƒe ame si nɔnɔ fia be gome nanɔ ame si be wòagblɔ nu si amewo nawɔ la na wo eye wòatso nya me le nuwo ŋu. Yehowa ƒe ŋusẽ ye ƒo ɖe sia ɖe ta le dziƒo kple anyigba dzi. Esi wònye be eyae wɔ nuwo katã ta la, eya sie ŋusẽ le wu ame bubu ɖe sia ɖe le xexea me godoo. Ezãa eƒe ŋusẽa wòɖea vi na amewo ɣesiaɣi. Yehowa de dɔ asi na ame aɖewo be woakpɔ mía dzi. Le kpɔɖeŋu me, ŋusẽ aɖe si nu le dzilawo, hamemetsitsiwo, kple dziɖuɖuwo si, eye Yehowa di tso mía si be míawɔ nu aduadu kpli wo. (Romatɔwo 13:1-5; 1 Timoteo 5:17) Gake le go siwo me amegbetɔwo ƒe sewo tsi tre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu me la, míeɖoa to Mawu, ke menye amegbetɔwo o. (Dɔwɔwɔwo 5:29) Ne míebɔbɔ ɖe ame siwo zãm Yehowa le ƒe ŋusẽ te la, ke míele eɖem fia be míedea bubu eƒe nyametsotsowo ŋu.

Ta 4, memama 7

 12 HAMEMETSITSIWO

Yehowa toa hamemetsitsiwo, siwo nye nɔviŋutsu kpɔnuteƒewo la dzi léa be na hamea. (5 Mose 1:13; Dɔwɔwɔwo 20:28) Ŋutsu siawo kpena ɖe mía ŋu míenɔa ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa hesubɔnɛ le ŋutifafa me, le ɖoɖo nu. (1 Korintotɔwo 14:33, 40) Hafi gbɔgbɔ kɔkɔea naɖo nɔviŋutsuwo woazu hamemetsitsiwo la, ele be woaɖo Biblia me nudidi aɖewo koŋ gbɔ. (1 Timoteo 3:1-7; Tito 1:5-9; 1 Petro 5:2, 3) Míeka ɖe Mawu ƒe habɔbɔa dzi eye míekpea asi ɖe hakplɔɖoɖowo ŋu, eya ta míetsɔa dzidzɔ wɔa nu aduadu kple hamemetsitsiwo.—Psalmo 138:6; Hebritɔwo 13:17.

Ta 4, memama 8

 13 ƑOME ƑE TA

Yehowa de dɔ asi na dzilawo be woakpɔ wo viwo kple woƒe aƒemetɔwo dzi. Ke hã, Biblia gblɔ be srɔ̃ŋutsue nye ƒomea ƒe ta. Ne vifofo mele ƒomea me o la, ke vidadaa ye nyea ƒome ƒe ta. Ƒome ƒe ta ƒe agbanɔamedziwo dometɔ aɖewoe nye be wòana nuɖuɖu, nudodo kple mlɔƒe eƒe ƒomea. Ele vevie ŋutɔ be ƒomea ƒe ta naxɔ ŋgɔ akpe ɖe eƒe ƒomea ŋu woasubɔ Yehowa. Le kpɔɖeŋu me, ƒomea ƒe ta kpɔa egbɔ be ƒomea dea hame ƒe kpekpewo, wɔa gbeadzisubɔsubɔdɔa hesrɔ̃a Biblia ɖekae edziedzi. Ƒome ƒe taa xɔa ŋgɔ le nyametsotsowo wɔwɔ me hã. Edzea agbagba ɣesiaɣi be yeasrɔ̃ Yesu, eya ta enyoa dɔme, esea nu gɔme na ame, eye mewɔa ŋlɔmi alo nana eƒe nya me sẽna kpaɖii o. Esia nana lɔlɔ̃ nɔa ƒomea me, si wɔnɛ be ƒomea me tɔwo katã sena le wo ɖokuiwo me be yewole dedie, eye wo kple Yehowa dome ƒomedodoa me gasẽna ɖe edzi.

Ta 4, memama 12

 14 DƆDZIKPƆHA

Dɔdzikpɔha la nye ŋutsu siwo si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le ƒe ƒuƒoƒo si dzi Mawu tona fiaa mɔ dɔ siwo wɔm eƒe amewo le. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yehowa to dɔdzikpɔha aɖe dzi fia mɔ Kristo hame gbãtɔ le woƒe tadedeagu kple gbeƒãɖeɖedɔa me. (Dɔwɔwɔwo 15:2) Egbea, nɔviŋutsu siwo ƒo ƒu wɔ Dɔdzikpɔha la xɔa ŋgɔ le mɔfiafia Mawu ƒe amewo kple wo ta kpɔkpɔ me. Nɔviŋutsu siawo nɔa te ɖe Mawu ƒe Nyaa kple gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiame dzi tsoa nya me. Yesu yɔ amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sia be “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela.”—Mateo 24:45-47.

Ta 4, memama 15

 15 NUTSYƆTSYƆ TA

Ɣeaɖewoɣi la, woate ŋu abia tso nɔvinyɔnu aɖe si be wòawɔ dɔ aɖe si nɔviŋutsuwo wɔna le hamea me. Ne ele dɔ sia wɔm la, etsyɔa nu ta tsɔ dea bubu Yehowa ƒe ɖoɖowo ŋu. Gake nɔnɔme aɖewo me koe wòahiã le be wòatsyɔ nu ta. Le kpɔɖeŋu me, ahiã be nɔvinyɔnu natsyɔ nu ta ne ele Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm esime srɔ̃a alo nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ aɖe le eteƒe.—1 Korintotɔwo 11:11-15.

Ta 4, memama 17

 16 AKPAÐEKEDZIMADEMADE

Akpaɖekedzimademade fia be míagade akpa aɖe dzi le dunyahenyawo me o. (Yohanes 17:16) Yehowa ƒe amewo nɔa eƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi. Míedea akpa aɖeke dzi le xexemenyawo me o, abe ale si ko wònɔ le Yesu hã gome ene.

Yehowa de se na mí be míaɖo to “dziɖuɖuwo kple ŋusẽtɔwo.” (Tito 3:1, 2; Romatɔwo 13:1-7) Gake Mawu ƒe sea gblɔ hã be míagawu ame o. Eya ta Kristotɔ ƒe dzitsinya maɖe mɔ nɛ be wòayi aʋa o. Ne mɔnukpɔkpɔ li be Kristotɔ nawɔ dziɖuɖudɔ bubu ɖe asrafodɔ teƒe la, ele be wòakpɔe ɖa nenye be yeƒe dzitsinya aɖe mɔ na ye be yeawɔe hã.

Yehowa koe míesubɔna, elabe eyae nye mía Wɔla. Togbɔ be míedea bubu dukɔa teƒenɔnuwo ŋu hã la, míasubɔ aflaga alo adzi dukɔa ƒe ha o. (Yesaya 43:11; Daniel 3:1-30; 1 Korintotɔwo 10:14) Azɔ hã, Yehowa ƒe amewo tsoa nya me le wo ɖokui si be yewomada akɔ na dunyahehabɔbɔ alo dunyahela aɖeke o. Nu si tae nye be míele Mawu ƒe dziɖuɖua ƒe akpa dzi xoxo.—Mateo 22:21; Yohanes 15:19; 18:36.

Ta 5, memama 2

 17 XEXEA ƑE GBƆGBƆ

Xexea doa Satana ƒe nuŋububu ɖe ŋgɔ. Nuŋububu sia xɔ aƒe ɖe ame siwo melɔ̃ Yehowa o, ame siwo mesrɔ̃a eƒe nɔnɔmewo o, kple ame siwo ŋea aɖaba ƒua eƒe nudidiwo dzi la me. (1 Yohanes 5:19) Nuŋububu ma kple nu siwo wònana amewo wɔna lae Biblia yɔ be xexea ƒe gbɔgbɔ. (Efesotɔwo 2:2) Yehowa ƒe amewo dzea agbagba be yewoagana gbɔgbɔ ma nakpɔ ŋusẽ ɖe yewo dzi o. (Efesotɔwo 6:10-18) Míelɔ̃ Yehowa eye míekua kutri be míana eƒe susu le nuwo ŋu nanɔ mía si boŋ.

Ta 5, memama 7

 18 XƆSEGBEGBE

Xɔsegbegbe fia be ame natsi tre ɖe Biblia me nyateƒea ŋu. Xɔsegbelawo dzea aglã ɖe Yehowa kple Yesu, ame si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia la ŋu, eye wodzea agbagba be yewoana ame bubuwo hã nava wɔ ɖeka kpli yewo. (Romatɔwo 1:25) Wodina be yewoaƒã ɖikeke ɖe Yehowa subɔlawo ƒe susu me. Kristo hame gbãtɔ la me tɔ aɖewo va zu xɔsegbelawo, eye nenema kee wòle egbea hã. (2 Tesalonikatɔwo 2:3) Ame siwo wɔa nuteƒe na Yehowa menana kadodo aɖeke nɔa wo kple xɔsegbelawo dome o. Mele be míaɖe mɔ gbeɖe be ŋkukekeɖenume alo amewo ƒe nyaƒoɖeamenu nawɔe be míaxlẽ nu siwo xɔsegbelawo ŋlɔ alo aɖo to woƒe nyawo o. Míewɔa nuteƒe na Yehowa eye míesubɔa eya ɖeka ko.

Ta 5, memama 9

 19 AVULÉLE ÐE NU VƆ̃ TA

Le Mose ƒe Sea te la, Israel-dukɔa biaa Yehowa be wòatsɔ yewoƒe nu vɔ̃wo ake yewo. Wotsɔa nukuwo, ami, kple lãwo saa avulévɔwo le gbedoxɔa me. Vɔsa mawo ɖoa ŋku edzi na Israel-viwo be Yehowa lɔ̃na faa be yeatsɔ dukɔa kpakple ame ɖekaɖekawo siaa ƒe nu vɔ̃wo ake wo. Emegbe esi Yesu tsɔ eƒe agbe sa vɔ ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta la, avulévɔsa mawo megava hiã o. Yesu sa vɔ si de blibo “zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu.”—Hebritɔwo 10:1, 4, 10.

Ta 7, memama 6

 20 BUBUDEDE LÃWO ƑE AGBE ŊU

Le Mose ƒe Sea te la, mɔɖeɖe li be amewo nawu lãwo aɖu. Wode se na wo hã be woatsɔ lãwo asa vɔe. (3 Mose 1:5, 6) Gake Yehowa meɖe mɔ gbeɖe be yeƒe amewo nasẽ ŋuta le lãwo ŋu o. (Lododowo 12:10) Le nyateƒe me la, mɔfiamewo nɔ Sea me siwo kpɔ lãwo ta be amewo nagasẽ ŋuta le wo ŋu o. Wode se na Israel-viwo be woalé be na woƒe lãwo nyuie.—5 Mose 22:6, 7.

Ta 7, memama 6

 21 ƲUMENU SUESUEWO KPLE DƆDAMƆNUWO

Ʋumenu suesuewo. Woate ŋu ama ʋumenuwo ɖe akpa vevi ene me. Woawoe nye ʋumenugbagbevi dzĩwo (red cells [globules rouges]), ʋumenugbagbevi ɣiwo (white cells [globules blancs]), ʋumenugbagbevi gbabɛwo (platelets [plaquettes]), kple ʋutsi (plasma). Wogatea ŋu ɖea ʋumenu suesue bubuwo tso ʋumenu vevi eneawo me. *

Kristotɔwo melɔ̃na be woado ʋu alo eƒe akpa vevi eneawo dometɔ aɖeke na yewo o. Ke ɖe wòle be woalɔ̃ be woazã ʋumenu suesueawo na yewoa? Biblia megblɔ nya aɖeke tso nya sia ŋu tẽe o. Eya ta ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe nazã eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee la atsɔ atso nya me le nya sia ŋu.

Kristotɔ aɖewo tiae be yewomalɔ̃ be woazã ʋumenu suesueawo dometɔ aɖeke na yewo o. Woƒe susue nye be Se si Mawu de na Israel-viwo la bia be woaɖuɖu ʋu ɖe sia ɖe si do le lã si wotso ʋui ŋu la “ɖe anyigba.”—5 Mose 12:22-24.

Gake ame bubuwo ya ƒe susu le vovo. Woƒe dzitsinya ɖea mɔ na wo be woalɔ̃ woazã ʋumenu suesue aɖewo na yewo. Wose egɔme be ʋumenu suesueawo megale tsitre ɖi na nu gbagbe si me woɖe ʋua tsoe la ƒe agbe o.

Ne èle nya me tsom ku ɖe ʋumenu suesuewo zazã ŋu la, bu biabia siawo ŋu:

  • Ðe menya be ne metiae be megbe ʋumenu suesuewo katã la, efia be megbe be woagazã atike aɖewo siwo wɔa avu kple dɔlékuiwo, alo esiwo nana ʋu si le ɖuɖum le ame ŋu tɔna la nam oa?

  • Aleke maɖe susu si tae melɔ̃ alo nyemelɔ̃ be woazã ʋumenu suesueawo dometɔ aɖewo nam o la me na nye ɖɔkta?

Dɔdamɔnuwo. Mí Kristotɔwo míeɖea míaƒe ʋu nana be ame bubuwo nado o, eye míeɖea míaƒe ʋu dana ɖi kwasiɖawo do ŋgɔ be woatsɔ awɔ dɔ na mí o. Gake dɔdamɔnu bubuwo li siwo me wowɔa dɔnɔa ŋutɔ ƒe ʋu ŋu dɔ le. Ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe ŋutɔ natso nya me na eɖokui ku ɖe nu si woawɔ kple eƒe ʋu le ekoko me, le edodokpɔ le atikewɔwɔ nɛ me, alo le dɔdamɔnu si le tsia dzi ŋu dɔ wɔwɔ nɛ me ŋu. Le dɔdamɔnu siawo me la, ate ŋu adzɔ be dɔnɔa ŋutɔ ƒe ʋu naɖe ɖa tso dɔnɔa ŋu keŋkeŋ hena ɣeyiɣi aɖe.—Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le October 15, 2000 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 30-31.

Le kpɔɖeŋu me, le dɔdamɔnu si woyɔna be hemodilution me la, hafi woawɔ dɔ na dɔnɔa teti la, woɖea eƒe ʋu ƒe ɖe eye wodoa atike bubu nɛ be wòatsaka kple ʋu si susɔ ɖe lãme nɛ bene wòasɔ gbɔ ɖe edzi. Emegbe, le amea koɣi alo le ekoko vɔ megbe teti la, wonana ʋua gayina ɖe lãme nɛ.

Dɔdamɔnu bubue nye cell salvage (récupération du sang épanché). Le dɔdamɔnu sia me la, wonana ʋu si do le dɔnɔa ŋu esime wole ekom la yina ɖe mɔ̃ aɖe me, eyome woɖea ɖinuwo le ʋua me eye woganana wòyia dɔnɔa ƒe lãme esime wole ekom alo le ekoko vɔ megbe teti.

Ale si ɖɔkta ɖe sia ɖe awɔ dɔdamɔnu siawo ŋu dɔe la ate ŋu ato vovo vie. Hafi Kristotɔ nalɔ̃ woakoe, adoe kpɔ, alo azã dɔdamɔnu aɖe si le tsia dzi nɛ la, ele be wòaku nu me anya ale si tututu wole eya ŋutɔ ƒe ʋu ŋu dɔ wɔ gee.

Ne èle nya me tsom ku ɖe dɔdamɔnu siwo me woazã wò ŋutɔ wò ʋu le ŋu la, bu biabia siwo gbɔna la ŋu:

  • Nenye be woatrɔ mɔ na nye ʋu be wòado le ŋunye ato teƒe bubu eye woatɔ te eƒe sisi hena ɣeyiɣi aɖe la, ɖe nye dzitsinya aɖe mɔ nam be mabu ʋu sia be egakpɔtɔ nye nye akpa aɖe si ta mele be woaɖuɖui “ɖe anyigba” oa?—5 Mose 12:23, 24.

  • Ðe nye dzitsinya si metsɔ Biblia na hehee aɖe fu nam, nenye be le dɔdamɔnua zazã me la, woɖe nye ʋu, trɔ asi le eŋu, eye wogana wòsi va (alo doe ɖe) lãme nam akea?

  • Ðe menya be ne metiae be megbe atikewɔmɔnu siwo katã me woazã nye ŋutɔ nye ʋu le la, efia be megbe be woagaɖe nye ʋu ado akpɔ o, woagazã mɔnu si nye ɖinuwo ɖeɖe le ʋu me na ame (hemodialysis), alo ame ƒe dzi alo dzitodzito koko si me wotrɔa mɔ na ʋua le amekoɣi la hã nam oa?

Hafi míatso nya me le ʋumenu suesuewo kple dɔdamɔnu siwo me wowɔa ame ŋutɔ ƒe ʋu ŋu dɔ le ŋu la, ele be míado gbe ɖa be Yehowa nafia mɔ mí eye míaku nu me tso eŋu. (Yakobo 1:5, 6) Eyome ele be míazã míaƒe dzitsinya si míetsɔ Biblia na hehee la atsɔ atso nya me. Mele be míabia ame bubuwo be woagblɔ nu si woawɔ ne woawoe le mía teƒe la na mí o, eye mele be ame bubuwo nadze agbagba be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nyametsotsowo dzi o.—Romatɔwo 14:12; Galatiatɔwo 6:5.

Ta 7, memama 11

 22 AGBE DZADZƐ NƆNƆ

Be míanɔ dzadzɛ le agbenɔnɔ me fia be míaƒe nuwɔnawo kple ale si míenɔa agbee la nadza le Mawu ŋkume. Elɔ nu siwo ŋu míebuna, nya siwo míegblɔna kple nu siwo míewɔna ɖe eme. Yehowa de se na mí be míaƒo asa na gbɔdɔdɔ me makɔmakɔnyenye alo gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒomevi ɖe sia ɖe. (Lododowo 1:10; 3:1) Ele be míatso nya me be míalé Yehowa ƒe nudidi dzadzɛawo me ɖe asi hafi nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe tetekpɔ nava mía dzi gɔ̃ hã. Ele be míanɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe be Mawu nakpe ɖe mía ŋu míadza le susu me, eye ele be míaɖoe kplikpaa be míagaɖe mɔ agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe tetekpɔwo naɖu mía dzi o.—1 Korintotɔwo 6:9, 10, 18; Efesotɔwo 5:5.

Ta 8, memama 11

 23 ŊUKPENANUWƆWƆ DZIMESESẼTƆE KPLE MAKƆMAKƆNYENYE

Ŋukpenanuwɔwɔ dzimesesẽtɔe fia dada le Mawu ƒe dzidzenuwo dzi le mɔ si nye ŋkubiãnya nu le nuƒoƒo alo nuwɔna me, eye wònye nuwɔwɔ ŋumakpemakpetɔe. Ame si wɔa nu sia la ɖenɛ fiana be yemedea bubu Mawu ƒe sewo ŋu o. Ne ame aɖe wɔ ŋukpenanu dzimesesẽtɔe la, ʋɔnudrɔ̃kɔmiti akpɔ nyaa gbɔ. Makɔmakɔnyenye lɔ nu gbegblẽ wɔwɔ ƒomevi vovovowo ɖe eme. Le ale si nyaa nye ŋkubiãnyae nu la, ahiã be ʋɔnudrɔ̃kɔmiti nakpɔ nuwɔna aɖewo siwo lɔ makɔmakɔnyenye ɖe eme la gbɔ le hamea me.—Galatiatɔwo 5:19-21; Efesotɔwo 4:19; ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu la, kpɔ nyati si nye, “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ,” le July 15, 2006 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

Ta 9, memama 7; Ta 12, memama 10

 24 AMEÐOKUIGBƆDƆDƆ

Yehowa ƒe ɖoɖoe wònye be gbɔdɔdɔ nanye lɔlɔ̃ɖeɖefia ƒe nuwɔna si ŋu kɔ si dzi ŋutsu kple srɔ̃a nato aɖee afia wo nɔewo be yewolɔ̃ yewo nɔewo. Gake ne ame aɖe dɔ eɖokui gbɔ alo wɔ eƒe vidzinuwo ŋu dɔ ɖe gbɔdɔdɔ ƒe vivisese ta la, ke ele gbɔdɔdɔ ŋu dɔ wɔm le mɔ makɔmakɔ nu. Nuwɔna sia ate ŋu agblẽ ƒomedodo si le ame kple Yehowa dome la me. Ate ŋu ana dzodzro siwo mele dzɔdzɔme nu o nanyɔ ɖe ame me eye wòana susu manyomanyowo nanɔ ame si ɖe gbɔdɔdɔ ŋu. (Kolosetɔwo 3:5) Ne nuwɔna makɔmakɔ sia zu numame na ame aɖe eye wòle sesẽm nɛ be wòadzudzɔ la, mele be wòana ta o. (Psalmo 86:5; 1 Yohanes 3:20) Ne èle nɔnɔme sia me la, do gbe ɖa na Yehowa vevie be wòakpe ɖe ŋuwò. Ƒo asa na nuwo abe amamaɖeɖenuwɔnawo ene kpɔkpɔ, elabe woana nàva nɔ nu makɔmakɔwo ŋu bum. Ƒo nu kple dziwòla si nye Kristotɔ alo xɔ̃wò aɖe si tsi le gbɔgbɔ me si dea bubu Yehowa ƒe sewo ŋu. (Lododowo 1:8, 9; 1 Tesalonikatɔwo 5:14; Tito 2:3-5) Ka ɖe edzi be Yehowa kpɔa agbagba siwo nèdzena be yeanɔ dzadzɛ le agbenɔnɔ me, eye edea asixɔxɔ eŋu.—Psalmo 51:17; Yesaya 1:18.

Ta 9, memama 9

 25 SRƆ̃ SI WU ÐEKA ÐEÐE

Yehowa ƒe ɖoɖoe nye be srɔ̃ɖeɖe nanye kadodo si anɔ ŋutsu ɖeka kple nyɔnu ɖeka dome. Le blema Israel la, Mawu ɖe mɔ ŋutsuwo ɖe srɔ̃ wu ɖeka, gake menye aleae wòɖoe be wòanɔ le gɔmedzedzea me o. Egbea, Yehowa meɖe mɔ be yeƒe amewo naɖe srɔ̃ wu ɖeka o. Srɔ̃nyɔnu ɖeka koe ate ŋu anɔ srɔ̃ŋutsu si, eye srɔ̃ŋutsu ɖeka koe ate ŋu anɔ srɔ̃nyɔnu si.—Mateo 19:9; 1 Timoteo 3:2.

Ta 10, memama 12

 26 SRƆ̃GBEGBE KPLE KAKLÃ

Yehowa ƒe ɖoɖoe nye be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a nanɔ anyi ɖekae zi ale si wole agbe. (1 Mose 2:24; Malaki 2:15, 16; Mateo 19:3-6; 1 Korintotɔwo 7:39) Ne srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka wɔ ahasi ko hafi mɔɖeɖe li be woagbe srɔ̃. Le go sia me la, Yehowa na gome srɔ̃tɔ si meɖi fɔ o la be wòatiae nenye be yeagbe ye srɔ̃.—Mateo 19:9.

Ɣeaɖewoɣi la, Kristotɔ aɖewo tso nya me be yewoaklã tso yewo srɔ̃ gbɔ, togbɔ be wo srɔ̃ mewɔ ahasi o hã. (1 Korintotɔwo 7:11) Kristotɔ aɖe ate ŋu atiae be yeaklã tso ye srɔ̃ gbɔ le go siwo gbɔna me.

  • Eɖoɖo koŋ agbe ame ƒe ƒome dzi kpɔkpɔ: Srɔ̃ŋutsu nagbe be yemakpɔ yeƒe ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ o ale gbegbe be ga alo nuɖuɖu aɖeke manɔ wo si o.—1 Timoteo 5:8.

  • Ŋutasesẽ le ame srɔ̃ ŋu vevie: Ame nawɔ ŋlɔmi le srɔ̃a ŋu ale gbegbe be srɔ̃a nava kpɔe be yeƒe lãmesẽ alo agbe ɖo afɔku me.—Galatiatɔwo 5:19-21.

  • Ame ƒe mawusubɔsubɔ naɖo afɔku me vevie le srɔ̃a ta: Srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu ƒe nuwɔna nawɔe be manya wɔ na srɔ̃a be wòasubɔ Yehowa o.—Dɔwɔwɔwo 5:29.

Ta 11, memama 19

 27 AMEKAFUKAFU KPLE DZIDEDE ƑO NA AME

Mí katã míaƒe nuhiahiãe wònye be woakafu mí ahade dzi ƒo na mí. (Lododowo 12:25; 16:24) Míate ŋu ato nya siwo míagblɔ le lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo me la dzi ado ŋusẽ mía nɔewo ahafa akɔ na mía nɔewo. Nya mawo tɔgbi gbɔgblɔ ate ŋu akpe ɖe mía nɔviwo ŋu woado dzi ahayi edzi asubɔ Yehowa ne wole nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã. (Lododowo 12:18; Filipitɔwo 2:1-4) Ne dzi ɖe le ame aɖe ƒo vevie la, ele be míase eƒe nyawo nɛ bubutɔe eye míadze agbagba be míase ale si wòle sesem le eɖokui me la gɔme. Esia akpe ɖe mía ŋu míanya nya si míagblɔ alo nu si míawɔ atsɔ akpe ɖe eŋu. (Yakobo 1:19) Ðoe wò taɖodzinu be nàdze si nɔviwò Kristotɔwo nyuie ale be nàte ŋu anya nu si tututu hiã wo. Ekema àte ŋu akpe ɖe wo ŋu woatrɔ ɖe Ame si gbɔ akɔfafa kple dzideƒonamewo katã tsona la ŋu ale be woakpɔ dzidzeme vavãtɔ.—2 Korintotɔwo 1:3, 4; 1 Tesalonikatɔwo 5:11.

Ta 12, memama 16

 28 SRƆ̃KPEKPE

Biblia mede sewo tẽe ku ɖe srɔ̃kpekpewo ŋu o. Teƒe ɖe sia ɖe kple eƒe dekɔnuwo kpakple nu siwo se bia le go sia me. (1 Mose 24:67; Mateo 1:24; 25:10; Luka 14:8) Srɔ̃kpekpe ƒe akpa si nɔa vevie wue nye atam si ame siwo le srɔ̃ ɖem la kana le Yehowa ŋkume. Zi geɖe la, ame siwo le srɔ̃ ɖem la wɔa ɖoɖo be woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ kplikplikpliwo nanɔ eteƒe esime wole srɔ̃ɖetam la kam, eye be hamemetsitsi aɖe naƒo nuƒo si wotu ɖe Biblia dzi. Ne wotiae be yewoaɖo kplɔ̃ le srɔ̃kpekpea megbe la, ke woawo ŋutɔwoe atso nya me le kplɔ̃ɖoɖo si tɔgbi wodi ŋu. (Luka 14:28; Yohanes 2:1-11) Ðoɖo ka kee woɖawɔ ɖe woƒe srɔ̃kpekpea ŋu o, ele be woakpɔ egbɔ be nu siwo ayi edzi la ade bubu Yehowa ŋu. (1 Mose 2:18-24; Mateo 19:5, 6) Biblia me gɔmeɖosewo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woatso nya me nyuie. (1 Yohanes 2:16, 17) Ne wotiae be yewoana aha sesẽ amewo le kplɔ̃ɖoƒea la, ele be woawɔ ɖoɖo atsɔ akpɔ egbɔ be nu sia nu zɔ nyuie. (Lododowo 20:1; Efesotɔwo 5:18) Ne wotiae be haƒoƒo alo dzidzɔdonamenuwo nayi edzi la, ele be woakpɔ egbɔ be nu siwo woawɔ la ade bubu Yehowa ŋu. Ele be Kristotɔ siwo be yewoaɖe yewo nɔewo la nana woƒe susu nanɔ ƒomedodo si le wo kple Mawu dome kpakple ƒomedodo si le wo ame evea dome la ŋu, ke menye srɔ̃ɖegbea ko ŋu o.—Lododowo 18:22; ne èdi numeɖeɖe geɖe la, kpɔ October 15, 2006 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 18-31.

Ta 13, memama 18

 29 ALE SI MÍATSO NYA ME NYUIE

Míaƒe didie wònye be míanɔ te ɖe gɔmeɖose siwo le Mawu ƒe Nyaa me dzi atso nya me nyuie. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ aɖe si srɔ̃ menye Yehowa Ðasefo o la ate ŋu akpee be yewoaɖu nu kple ƒometɔwo ɖekae le ŋkekenyui aɖe si ame siwo le xexea me ɖuna la dzi. Ne èkpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme sia tɔgbi me la, nu kae nàwɔ? Ne wò dzitsinya ɖe mɔ na wò be nàyi la, àte ŋu aɖe eme na srɔ̃wòa be ne trɔ̃subɔsubɔkɔnuwo ayi edzi le wɔnaa teƒe la, yemakpɔ gome le wo me o. Azɔ hã, bu eŋu kpɔ be ne èyi nua ɖuƒe la, ɖe esia aɖia ame bubuwo nu hã.—1 Korintotɔwo 8:9; 10:23, 24.

Alo ate ŋu adzɔ be wò dɔtɔ nana nunana tɔxɛ aɖe wò le ŋkekenyui aɖe ɖuɣi. Ðe wòle be nàgbe nunana sia? Menye nenema kokoko o. Ale si wò dɔtɔ bua nunana mae la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya nenye be yeaxɔe loo alo yemaxɔe o. Le eya gbɔ la, ɖe nunanaa nye azãɖuɖua ƒe akpa aɖea? Alo ɖeko wòdi be yeaɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe dɔ siwo nèwɔ ŋua? Nya siawo kple nu bubuwo ŋu bubu akpe ɖe ŋuwò nànya nenye be yeaxɔ nunanaa loo alo yemaxɔe o.

Azɔ hã, ame aɖe ate ŋu ana nunana aɖe wò le azã aɖe ɖuɣi ahagblɔ na wò be: “Menya be mèɖua azã sia o, gake ɖeko medi be mana nu sia wò.” Ðewohĩ ɖeko amea di be yeanyo dɔme na wò. Le go bubu me la, ɖe susu aɖe li si ta nàse le ɖokuiwò me be edi be yeado wò xɔse kpɔ alo ana nàɖu azãa? Ne èbu nya siawo ŋu vɔ la, ekpo ɖe gbɔwò azɔ be nàtiae nenye be àxɔ nunanaa loo alo be yemaxɔe o. Le míaƒe nyametsotsowo katã me la, míaƒe didie nye be dzitsinya nyui nanɔ mía si eye míawɔ nuteƒe na Yehowa.—Dɔwɔwɔwo 23:1.

Ta 13, memama 22

 30 ASITSAÐOÐOWO KPLE SENYAWO

Zi geɖe ne wokpɔ masɔmasɔwo gbɔ kaba le ŋutifafa me la, womeva zua nya gãwo o. (Mateo 5:23-26) Nu si le vevie wu na Kristotɔwo katãe nye be yewoahe ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa eye be yewoana hamea nawɔ ɖeka.—Yohanes 13:34, 35; 1 Korintotɔwo 13:4, 5.

Ne masɔmasɔ ɖo Kristotɔ aɖewo dome le asitsaɖoɖo aɖe ta la, ele be woadze agbagba akpɔ nyaa gbɔ le wo nɔewo dome eye woagakplɔ wo nɔewo ayi ʋɔnui o. Le 1 Korintotɔwo 6:1-8 la, apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo ku ɖe wo nɔewo kpɔkplɔ yi ʋɔnui ŋu. Ne míekplɔ mía nɔviwo yi ʋɔnui la, esia ate ŋu ana amewo naƒo nu gbegblẽ tso Yehowa kple hamea ŋu. Wogblɔ afɔɖoƒe etɔ̃ siwo dzi wòle be Kristotɔwo nazɔ ɖo atsɔ akpɔ ŋkubiãnyawo abe esiwo ku ɖe ameŋugbegblẽ alo ametafatafa ene ŋu la gbɔ le Mateo 18:15-17. (1) Ele be woadze agbagba be yewoakpɔ nyaa gbɔ le yewo nɔewo ɖeɖe dome gbã. (2) Ne womete ŋu kpɔ egbɔ o la, woate ŋu abia hamea me tɔ ɖeka alo eve siwo tsi le gbɔgbɔ me la ƒe kpekpeɖeŋu. (3) Eye ne eva hiã la, woate ŋu atsɔ nyaa ayi na hamemetsitsiwo ƒe haa be woakpɔ egbɔ. Ne nyaa va ɖo afi ma la, hamemetsitsiwo awɔ Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ atsɔ akpe ɖe ame siwo katã dome nya dzɔ ɖo la ŋu be woakpɔ masɔmasɔa gbɔ le ŋutifafa me. Ne ame siwo dome nyaa dzɔ ɖo la dometɔ aɖewo medi be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe nudidiwo dzi o la, ate ŋu ava hiã be hamemetsitsiwo naɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmitii.

Go aɖewo li siwo me wòahiã le be setɔwo nakpɔ nyawo gbɔ. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye srɔ̃gbegbe, dzila si gbɔ ɖevi anɔ ŋuti gomenɔamesi, dzikpɔga si woanɔ ame srɔ̃ nam le srɔ̃gbegbe megbe, nugblẽfexega xɔxɔ, ame ƒe ŋkɔ dede fetɔwo dome nenye be ame si nyi fea na setɔwo nya be yeɖu agba, kple nya siwo ku ɖe domenyinuwo mama ŋu. Ne Kristotɔ aɖe tsɔ nya siawo tɔgbi yi na setɔwo eye wokpɔ egbɔ le ŋutifafa me ale si wòanya wɔ la, meda le Paulo ƒe nuxlɔ̃amea dzi o.

Ne nu vlo wɔwɔ aɖe si nye ŋkubiãnya ŋue nyaa ku ɖo, abe ame gbɔ dɔdɔ sesẽe, gbɔdɔnuwo wɔwɔ ɖe ɖevi ŋu alo ŋutasesẽ le eŋu, amedzidzedze ŋutasesẽtɔe, adzodada, alo amewuwu ene la, ke Kristotɔ si tsɔ nyaa yi na setɔwo la meda le Paulo ƒe nuxlɔ̃amea dzi o.

Ta 14, memama 14

 31 SATANA ƑE AMEBLEMƆNUWO

Tso keke Eden-bɔa me kee Satana le agbagba dzem be yeable amegbetɔwo. (1 Mose 3:1-6; Nyaɖeɖefia 12:9) Enya be ne yete ŋu na míaƒe nuŋububu tro la, yeate ŋu ana míawɔ nu gbegblẽ. (2 Korintotɔwo 4:4; Yakobo 1:14, 15) Etoa dunyahehe, subɔsubɔhawo, asitsatsa, modzakaɖeɖe, sukudede kple nu bubu geɖewo dzi doa eƒe mɔwo ɖe ŋgɔ eye wònana wòdzena abe ɖe wosɔ ene.—Yohanes 14:30; 1 Yohanes 5:19.

Satana nya be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na ye yeatsɔ able amewo. Eya ta ele agbagba ɖe sia ɖe dzem be yeable ame geɖe ale si nu yeate ŋui. Ame siwo subɔa Yehowa la koŋue wòtɔ ŋkui vevie. (Nyaɖeɖefia 12:12) Ne míekpɔ nyuie o la, Abosam ate ŋu anɔ susu gblẽm na mí vivivi. (1 Korintotɔwo 10:12) Le kpɔɖeŋu me, Yehowa di be srɔ̃ɖeɖewo nanɔ anyi ɖaa. (Mateo 19:5, 6, 9) Gake egbea, ame geɖe bua srɔ̃ɖeɖe be enye nu tsɛ aɖe ko si me yewoate ŋu aɖe ta le bɔbɔe. Film kple television dzi wɔna geɖewo hã doa susu sia ɖe ŋgɔ. Ele be míadze agbagba be míagaɖe mɔ be ale si xexea bua srɔ̃ɖeɖee la nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o.

Mɔ bubu si dzi Satana tona be yeable mí le ye nye ɖokuisinɔnɔ ƒe gbɔgbɔ si wòdona ɖe ŋgɔ. (2 Timoteo 3:4) Ne míekpɔ nyuie o la, míagava nɔ bubu dem ame siwo Yehowa ɖo ŋusẽnɔƒewo la ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be nɔviŋutsu aɖe nava nɔ tsitre tsim ɖe hamemetsitsiwo ƒe mɔfiamewo ŋu. (Hebritɔwo 12:5) Alo nɔvinyɔnu aɖe nava nɔ nya tsɔm ɖe tanyenye ƒe ɖoɖo si Yehowa ɖo anyi le ƒomea me la ŋu.—1 Korintotɔwo 11:3.

Ele be míaɖoe kplikpaa be míagaɖe mɔ Abosam nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi o. Míedi boŋ be míana Yehowa ƒe susu le nuwo ŋu nanɔ mía si, eye ‘míana míaƒe susu nanɔ nu siwo le dziƒo la ŋu.’—Kolosetɔwo 3:2; 2 Korintotɔwo 2:11.

Ta 16, memama 9

 32 ATIKEWƆNYAWO

Mí katã míedi be míanɔ lãmesẽ me eye woakpɔ mía gbɔ nyuie nenye be míedze dɔ. (Yesaya 38:21; Marko 5:25, 26; Luka 10:34) Egbea, dɔdamɔnuwo kple atike vovovowo li siwo ŋu dɔ ɖɔktawo kple ame bubuwo wɔna. Ne eva hiã be míatso nya me le dɔdamɔnu si míalɔ̃ be woazã na mí ŋu la, ele vevie be míawɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi. Míeɖoa ŋku edzi be Mawu Fiaɖuƒea koe ate ŋu ayɔ dɔ mí keŋkeŋ ale be míanɔ lãmesẽ me ɖaa. Míadi gbeɖe be míaƒe susu nava nɔ míaƒe lãmesẽnyawo ŋu ale gbegbe be míaŋe aɖaba aƒu míaƒe Yehowa subɔsubɔ dzi o.—Yesaya 33:24; 1 Timoteo 4:16.

Ele be míakpɔ nyuie be míagazã dɔdamɔnu aɖe si me wòdzena le abe wozãa ŋusẽ si tso gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔ ene la o. (5 Mose 18:10-12; Yesaya 1:13) Eya ta hafi míalɔ̃ be woazã dɔdamɔnu alo atike aɖe na mí la, ele be míadze agbagba anya nu sia nu si míate ŋui tso eƒe dzɔtsoƒe kple ale si wozãnɛ tsɔ yɔa dɔe ŋu, eye míanya nenye be edo ka kple gbɔgbɔyɔyɔ. (Lododowo 14:15) Mele be míaŋlɔ be o be Satana adi be yeaflu mí ale be míado ka kple gbɔgbɔ vɔ̃wo. Ne ewɔ na mí gɔ̃ hã be dɔdamɔnu aɖe do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ la, nyuitɔae nye be míaƒo asa nɛ.—1 Petro 5:8.

Ta 16, memama 18

^ mm. 98 Ðɔkta aɖewo bua ʋu ƒe akpa vevi eneawo be wonye ʋumenu suesuewo. Eya ta ate ŋu ahiã be nàɖe wò nyametsotso be yemalɔ̃ woado ʋu ŋutɔŋutɔ alo eƒe akpa vevi eneawo, siwo nye ʋumenugbagbevi dzĩwo, ʋumenugbagbevi ɣiwo, ʋumenugbagbevi gbabɛwo, kple ʋutsi na ye o la me.