Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ta 5

Ale Si Míaɖee Afia Be Míenye Xexea Ƒe Akpa Aɖeke O

Ale Si Míaɖee Afia Be Míenye Xexea Ƒe Akpa Aɖeke O

“Mienye xexea ƒe akpa aɖeke o.”—YOHANES 15:19.

1. Nu ka ŋue Yesu tsi dzi ɖo le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me?

ZÃ SI do ŋgɔ na Yesu ƒe ku mee. Enya be esusɔ vie yeadzo le yeƒe nusrɔ̃lawo gbɔ, eya ta etsi dzi ɖe woƒe etsɔme ŋu. Egblɔ na wo be: “Mienye xexea ƒe akpa aɖeke o.” (Yohanes 15:19) Emegbe edo gbe ɖa tso wo ŋu na Fofoa be: “Womenye xexea ƒe akpa aɖeke o, abe ale si ko nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o ene.” (Yohanes 17:15, 16) Nu kae Yesu ƒe nya siawo fia?

2. Nu kae nye ‘xexe’ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe?

2 Le afi sia la, “xexea” tsi tre ɖi na ame siwo menya Mawu o siwo le Satana ƒe ŋusẽ te. (Yohanes 14:30; Efesotɔwo 2:2; Yakobo 4:4; 1 Yohanes 5:19) Aleke míawɔ be míaganye “xexea ƒe akpa aɖeke o”? Le ta sia me la, míadzro mɔ vovovowo me: Míewɔa nuteƒe na Mawu Fiaɖuƒea eye míedea akpa aɖeke dzi o, si fia be míedea nu dunyahehe me o. Míetsria xexea ƒe gbɔgbɔ. Míeɖɔa ŋu ɖo le míaƒe awudodo kple dzadzraɖo me, eye susu si da sɔ nɔa mía si ɖe ga ŋu. Míedoa aʋawɔnu siwo Mawu na mí la hã.—Kpɔ Dzesidenya 16 lia.

WƆ NUTEƑE NA MAWU FIAÐUƑE LA

3. Aleke Yesu bu dunyahehee?

3 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ekpɔe be amewo nɔ kuxi geɖe me tom eye be agbea menɔ bɔbɔe na wo o. Etsɔ ɖe le eme na wo vevie eye wòdi be yeakpe ɖe wo ŋu. Ðe esia na wòva zu dunyahela? Kura o. Enya be nu si amewo hiã ŋutɔŋutɔe nye Mawu Fiaɖuƒea, alo eƒe dziɖuɖua. Yesu ye ava nye Fiaɖuƒe ma ƒe Fia, eye Fiaɖuƒe mae nye nu vevitɔ si wòɖe gbeƒãe. (Daniel 7:13, 14; Luka 4:43; 17:20, 21) Yesu meƒo eɖokui ɖe dunyahehe me o eye mede akpa aɖeke dzi ɣeaɖekeɣi kpɔ o. Esi Yesu nɔ tsitre ɖe Roma Nutodziɖula Pontio Pilato ŋkume la, egblɔ be: “Nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.” (Yohanes 18:36) Eƒe nusrɔ̃lawo hã mede akpa aɖeke dzi o. Agbalẽ si nye Wole Mɔ Dzi Ðo Ta Ŋkuʋuʋu Gbɔ si le Eŋlisigbe me la gblɔ tso Kristotɔ gbãtɔwo ŋu be, “womelɔ̃ be yewoawɔ dɔ siwo de nu dunyahehe me o.” Egbea, Kristotɔ vavãwo hã sena le wo ɖokuiwo me nenema. Míenɔa Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe eye míedea akpa aɖeke dzi le xexea ƒe dunyahenyawo me o.—Mateo 24:14.

Ðe nàte ŋu aɖe nu si tae nènɔa Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe la mea?

4. Aleke Kristotɔ vavãwo ɖenɛ fiana be yewole Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi?

4 Woɖoa dukɔteƒenɔlawo ɖe dukɔ bubuwo me be woanye amedɔdɔwo anɔ woƒe dziɖuɖua teƒe le dukɔ mawo me, eya ta womeƒoa wo ɖokuiwo ɖe dukɔ mawo ƒe dunyahenyawo me o. Amesiaminawo, siwo si mɔkpɔkpɔ le be woaɖu fia kple Kristo le dziƒo la, hã le nɔnɔme sia tɔgbi me. Paulo ŋlɔ na Kristotɔ amesiaminawo be: “Míenye amedɔdɔwo le Kristo teƒe.” (2 Korintotɔwo 5:20) Amesiaminawo le Mawu ƒe dziɖuɖua teƒe. Womeƒoa wo ɖokuiwo ɖe xexe sia me dunyahehewo me o. (Filipitɔwo 3:20) Ke boŋ amesiamina siawo kpe ɖe ame miliɔn geɖewo ŋu wova srɔ̃ nu tso Mawu ƒe dziɖuɖua ŋu. Ame siwo nye Yesu ƒe “alẽ bubuwo,” siwo si mɔkpɔkpɔ le be woava nɔ agbe tegbee le Mawu ƒe xexe yeyea me hã kpea asi ɖe amesiamina siawo ŋu. Woawo hã medea akpa aɖeke dzi o. (Yohanes 10:16; Mateo 25:31-40) Eme kɔ ƒãa be, Kristotɔ vavã aɖeke made nu xexe sia ƒe dunyahenyawo me o.—Xlẽ Yesaya 2:2-4.

5. Susu siwo tae Kristotɔwo meyia aʋa o dometɔ aɖee nye ka?

5 Kristotɔ vavãwo bua woƒe haxɔsetɔwo katã be wonye yewoƒe ƒometɔwo eye wowɔa ɖeka, metsɔ le dukɔ si me wotso alo ame ƒomevi si wonye me o. (1 Korintotɔwo 1:10) Eya ta ne míeyi aʋa la, ɖeko wòafia be míeyi aʋa wɔ ge kple míawo ŋutɔwo míaƒe ƒometɔwo, siwo nye míaƒe haxɔsetɔwo, siwo Yesu de se na mí be míalɔ̃. (Yohanes 13:34, 35; 1 Yohanes 3:10-12) Gawu la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woalɔ̃ woƒe futɔwo gɔ̃ hã.—Mateo 5:44; 26:52.

6. Aleke Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo bua dziɖuɖuwoe?

6 Togbɔ be mí Kristotɔwo míedea akpa aɖeke dzi o hã la, míedzea agbagba be míanye dukɔmevi nyuiwo. Le kpɔɖeŋu me, míeɖenɛ fiana be míedea bubu dziɖuɖua ŋu ne míewɔna ɖe eƒe sewo dzi eye míexea míaƒe adzɔwo. Gake míekpɔa egbɔ ɣesiaɣi be míatsɔ ‘nu siwo nye Mawu tɔ la ana Mawu.’ (Marko 12:17; Romatɔwo 13:1-7; 1 Korintotɔwo 6:19, 20) “Nu siwo nye Mawu tɔ” dometɔ aɖewoe nye míaƒe lɔlɔ̃ na eyama, toɖoɖo eyama kple esubɔsubɔ. Míalɔ̃ faa aku tsɔ wu be míagbe toɖoɖo Yehowa.—Luka 4:8; 10:27; xlẽ Dɔwɔwɔwo 5:29; Romatɔwo 14:8.

TSRI ‘XEXEA ƑE GBƆGBƆ’

7, 8. Nu kae nye ‘xexea ƒe gbɔgbɔ,’ eye aleke wòkpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzii?

7 Be míaganye Satana ƒe xexea ƒe akpa aɖeke o fia be míagaɖe mɔ ‘xexea ƒe gbɔgbɔ’ nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. Gbɔgbɔ ma le tsitre ɖi na nuŋububu kple agbenɔnɔ si tso Satana gbɔ, eye ekpɔa ŋusẽ ɖe ame siwo mesubɔa Yehowa o la dzi. Gake Kristotɔwo tsria nɔnɔme sia. Paulo gblɔ be: “Menye xexea ƒe gbɔgbɔe míexɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ si tso Mawu gbɔ lae míexɔ.”—1 Korintotɔwo 2:12; Efesotɔwo 2:2, 3; kpɔ Dzesidenya 17 lia.

8 Xexea ƒe gbɔgbɔ nana amewo dia wo ɖokui tɔ, dana, eye wodzea aglã. Enana wosusuna be mehiã be yewoaɖo to Mawu o. Satana dina be amewo nawɔ nu sia nu si wodi emetsonuawo ŋu mabumabui. Edina be yeana amewo naxɔe ase be “ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe nudzodzro” ye nye nu vevitɔwo le agbe me. (1 Yohanes 2:16; 1 Timoteo 6:9, 10) Abosam le agbagba geɖe dzem be yeable mí Yehowa subɔlawo ahaflu mí míabu tame abe ale si wòbua tamee ene.—Yohanes 8:44; Dɔwɔwɔwo 13:10; 1 Yohanes 3:8.

9. Aleke xexea ƒe gbɔgbɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi?

9 Abe ya si míegbɔna ene la, xexea ƒe gbɔgbɔ le afi sia afi. Ne míeʋli sesĩe tsi tsitre ɖe gbɔgbɔ sia ŋu o la, akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi. (Xlẽ Lododowo 4:23.) Esia ate ŋu adze egɔme le mɔ siwo adze abe ɖe afɔku aɖeke mele wo me o ene nu, le kpɔɖeŋu me, ne míeɖe mɔ ame siwo mesubɔa Yehowa o la ƒe tamebubu kple nuwɔnawo va le ŋusẽ kpɔm ɖe mía dzi. (Lododowo 13:20; 1 Korintotɔwo 15:33) Alo nanewo abe amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ, xɔsegbegbe kple kamedefefe siwo me woʋlia ho le vevie ene ate ŋu ava kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi.—Kpɔ Dzesidenya 18 lia.

10. Aleke míawɔ atsri xexea ƒe gbɔgbɔ?

10 Ke aleke míawɔ be xexea ƒe gbɔgbɔ nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o? Ehiã be míanɔ Yehowa ŋu kplikplikpli eye míana eƒe nunya nafia mɔ mí. Ele be míanɔ gbe dom ɖa edziedzi anɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea biam, eye míado vevie subɔsubɔdɔa. Yehowa ye nye Ame si nye Ŋusẽkatãtɔ le xexe bliboa me. Míeka ɖe edzi be ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatsri xexea ƒe gbɔgbɔ.—1 Yohanes 4:4.

DZRA ÐO LE MƆ SI AHE KAFUKAFU VƐ NA MAWU NU

11. Aleke xexea ƒe gbɔgbɔ kpɔa ŋusẽ ɖe ale si amewo dzrana ɖo dzi?

11 Míetoa míaƒe awudodo kple dzadzraɖo hã dzi ɖenɛ fiana be míenye xexea ƒe akpa aɖeke o. Ame geɖe siwo le xexea me la dzrana ɖo be yewoatsɔ ahe amewo ƒe susu, anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe amewo me, aɖe aglãdzedze ƒe gbɔgbɔ afia, alo atsɔ aƒo adegbe le ga si gbegbe le yewo si la ŋu. Ame aɖewo hã metsɔa ɖeke le woƒe dzedzeme me o. Woate ŋu atiae be yewoado awu ɖewoɖewoe alo aƒo ɖi. Gake mele be míaɖe mɔ nɔnɔme siawo dometɔ aɖeke nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe awudodo kple dzadzraɖo dzi o.

Ðe nye awudodo kple dzadzraɖo hea kafukafu vanɛ na Yehowa?

12, 13. Gɔmeɖose kawoe akpe ɖe mía ŋu míatso nya me le nu si míado ŋu?

12 Esi míenye Yehowa subɔlawo ta la, míedina ɣesiaɣi be míaƒe nudodowo nanɔ dzadzɛ, anɔ kɔkɔe, ahanɔ nɔnɔme nyui me eye wòasɔ na afi si yim míele. Míedzrana ɖo le “ŋukpekpe kple ŋuɖɔɖo” me ale be míaɖee afia be ‘míevɔ̃a Mawu.’—1 Timoteo 2:9, 10; Yuda 21.

13 Ale si míedzrana ɖo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si amewo bua Yehowa kple eƒe amewoe dzi. Míedi be míawɔ “nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.” (1 Korintotɔwo 10:31) Ŋuɖɔɖɔɖo le míaƒe awudodo kple dzadzraɖo me bia be míade bubu ame bubuwo ƒe susuwo kple seselelãmewo ŋu. Eya ta ne míele awu siwo míado tiam alo míele nya me tsom le ale si míadzra ɖoe ŋu la, míeɖoa ŋku edzi be míaƒe tiatiawo kpɔa ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi.—1 Korintotɔwo 4:9; 2 Korintotɔwo 6:3, 4; 7:1.

14. Nu kawo ŋue wòle be míabu ne míele awu siwo míado hena míaƒe Kristotɔwo ƒe dɔwo wɔwɔ tiam?

14 Aleke míedzrana ɖo ne míeyina kpekpewo alo gbeadzi? Ðe míehea amewo ƒe susu vaa mía ɖokui dzi fũu akpa? Ðe míaƒe awudodo kple dzadzraɖo nana amewo dea vovo ge le wo ɖokuiwo me doa kpoea? Ðe míesena le mía ɖokui me be ale si míedo awu alo dzra ɖoe la meka ame aɖeke o, ke boŋ míawo ŋutɔwo ƒe nya yea? (Filipitɔwo 4:5; 1 Petro 5:6) Nyateƒee, le dzɔdzɔme nu la, míedina be míanya kpɔ, gake nu siwo koŋ ana míanya kpɔ ŋutɔŋutɔe nye míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo. Nɔnɔme siawoe Yehowa kpɔna ne ele ŋku lém ɖe mía ŋu. Nɔnɔme siawo ɖea ame si míenye le ememe la fiana, si nye “dzi me ƒe ame ɣaɣla . . . , si xɔ asi ŋutɔ le Mawu ŋkume.”—1 Petro 3:3, 4.

15. Nu ka tae Yehowa megblɔ ale si tututu wòle be míado awu ahadzra ɖoe la na mí o?

15 Yehowa mena se gbogbowo mí ku ɖe nu siwo míado kple esiwo mímado o la ŋu o. Ke boŋ ena Biblia me gɔmeɖosewo, siwo akpe ɖe mía ŋu míawɔ tiatia nyuiwo la mí. (Hebritɔwo 5:14) Edi be míatu míaƒe nyametsotsowo, sueawo kple gãawo siaa, ɖe lɔlɔ̃ si le mía si na ye kple ame bubuwo la dzi. (Xlẽ Marko 12:30, 31.) Le xexea me godoo la, Yehowa ƒe amewo doa awu le mɔ vovovowo nu le woƒe dekɔnuwo kple ale si woawo ŋutɔwo wodii nu. Awudodo vovovo siawo nya kpɔna ŋutɔ eye wodoa dzidzɔ na ame.

SUSU SI DA SƆ NENƆ ASIWÒ ÐE GA ŊU

16. Aleke ale si xexea bua gae la to vovo na Yesu ƒe nufiafiae? Nyabiase kawoe wòle be míabia mía ɖokuiwo?

16 Satana di be amewo nasusu be ga kple ŋutilãmenuwoe ana yewoakpɔ dzidzɔ, gake Yehowa subɔlawo ya nyae be menye nyateƒee o. Míeka ɖe Yesu ƒe nya siawo dzi be: “Ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, nu siawo mana agbee o.” (Luka 12:15) Ga mate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ o. Mate ŋu ana xɔlɔ̃ vavãwo alo agbe tegbee mí o; eye mate ŋu ana míaƒe susu nadze akɔ anyi hã o. Ele eme be míehiã ŋutilãmenu aɖewo, eye míedi be míase vivi na agbea. Gake Yesu fia nu mí be míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ ne ƒomedodo nyui le mía kple Mawu dome eye ne Mawu subɔsubɔ nye nu vevitɔ kekeake na mí le agbe me. (Mateo 5:3; 6:22) Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe ale si xexea bua gae la kpɔ ŋusẽ ɖe dzinyea? Ga ŋu koe mebuna alo ƒoa nu tsoea?’—Luka 6:45; 21:34-36; 2 Yohanes 6.

17. Aleke wò agbenɔnɔ ate ŋu anyo ɖe edzi ne ètsri ale si xexea bua gae?

17 Ne míetsɔ susu ɖo Yehowa subɔsubɔ ŋu eye míetsri ale si xexea bua gae la, míakpɔ dzidzeme le agbe me. (Mateo 11:29, 30) Nu siwo le mía si adze mía ŋu, míakpɔ tomefafa eye míaƒe dzi adze eme. (Mateo 6:31, 32; Romatɔwo 15:13) Míatsi dzi fũu ɖe ŋutilãmenuwo ŋu o. (Xlẽ 1 Timoteo 6:9, 10.) Míakpɔ dzidzɔ si dona tso nunana me. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Eye ana míakpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe míaƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ŋu. Esia ate ŋu ana míadɔ alɔ̃ nyuie gɔ̃ hã.—Nyagblɔla 5:12.

DO “AƲAWƆNU BLIBO” LA

18. Nu kae Satana le agbagba dzem be yeawɔ mí?

18 Satana le agbagba dzem be yeagblẽ mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me, eya ta ele be míawɔ nu sia nu si míate ŋui atsɔ akpɔ ƒomedodo ma ta. Míele aʋa wɔm kple ‘gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo.’ (Efesotɔwo 6:12) Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo medi be míakpɔ dzidzɔ alo anɔ agbe tegbee o. (1 Petro 5:8) Futɔ triakɔ vɔ̃ɖi siawo le aʋa wɔm kpli mí, gake le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu aɖu aʋa la dzi!

19. Aleke Efesotɔwo 6:14-18 ɖɔ Kristotɔwo ƒe “aʋawɔnu” lae?

19 Le blema la, asrafowo doa aʋawɔnuwo tsɔ kpɔa wo ɖokuiwo ta le aʋagbedzi. Le mɔ ma ke nu la, ele be míado “aʋawɔnu” si Yehowa na mí. (Efesotɔwo 6:13) Akpɔ mía ta. Míexlẽ nu tso aʋawɔnu sia ŋu le Efesotɔwo 6:14-18 be: “Eya ta minɔ tsitre sesĩe, eye mitsɔ nyateƒe ƒe alidziblanu la bla miaƒe aliwo dzi, eye mido dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu la, eye mitsɔ dzadzraɖo ɖe ŋutifafa nya nyuia gbɔgblɔ ŋu do ɖe miaƒe afɔwo. Gawu la, milé xɔse ƒe akpoxɔnu gã, si miatsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe aŋutrɔ bibiawo katã nu la ɖe asi. Miɖɔ xɔxɔ ƒe gakuku la, eye mitsɔ gbɔgbɔ la ƒe yi, si nye Mawu ƒe nya la, ɖe asi, eye minɔ gbedodoɖa ɖe sia ɖe ƒomevi kple kokoƒoƒo dzi ɣeawokatãɣi le gbɔgbɔ me.”

20. Nu kae wòle be míawɔ be “aʋawɔnu” la naɖe vi na mí?

20 Ne asrafo aɖe ŋlɔ eƒe aʋawɔnua ƒe akpa aɖe be si wɔe be mekpɔ eƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe ta o la, afi ma tututue eƒe futɔ ada nui. Ne míedi be míaƒe “aʋawɔnu” la nakpɔ mía ta la, mele be míaŋlɔ eƒe akpa aɖeke be o. Ele be míadoe ɣesiaɣi eye míana wòanɔ nɔnɔme nyui me. Míaƒe aʋawɔwɔ sia ayi edzi va se ɖe esime wotsrɔ̃ Satana ƒe xexea eye woɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le anyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 12:17; 20:1-3) Eya ta ne míele avu wɔm kple dzodzro vɔ̃wo alo gbɔdzɔgbɔdzɔwo la, mele be míana ta o!—1 Korintotɔwo 9:27.

21. Aleke míawɔ aɖu aʋa si wɔm míele la dzi?

21 Le míawo ŋutɔwo ɖeɖe ƒe ŋusẽ me la, Abosam sesẽ wu mí. Gake le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míesesẽ wui! Hafi míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe la, ehiã be míanɔ gbe dom ɖa na Yehowa, anɔ eƒe Nya la srɔ̃m, eye míanɔ ha dem kple mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo. (Hebritɔwo 10:24, 25) Nu siawo akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu ahanɔ dzadzraɖoɖi be míaʋli míaƒe xɔse ta.

NƆ DZADZRAÐOÐI BE NÀƲLI WÒ XƆSE TA

22, 23. (a) Aleke míawɔ anɔ dzadzraɖoɖi ɣesiaɣi be míaʋli míaƒe xɔse ta? (b) Nu ka mee míadzro le ta si kplɔ esia ɖo me?

22 Ele be míanɔ dzadzraɖoɖi ɣesiaɣi be míaʋli míaƒe xɔse ta. (Yohanes 15:19) Le nya aɖewo gome la, Yehowa Ðasefowo ƒe susu mewɔ ɖeka kple ame akpa gãtɔ tɔ o. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mese nu si tae míaƒe susu to vovo alea la gɔme nyuiea? Ðe meka ɖe edzi be nya si Biblia kple kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa gblɔ lae nye nyateƒea? (Mateo 24:45; Yohanes 17:17) Ðe wònye dada nam be menye Yehowa Ðasefoa? (Psalmo 34:2; Mateo 10:32, 33) Ðe mate ŋu aɖe nye dzixɔsewo me na amewoa?’—Xlẽ 1 Petro 3:15.

23 Le nɔnɔme geɖewo me la, enɔa bɔbɔe na mí be míakpɔ nu siwo wòle be míawɔ be míaganye xexea ƒe akpa aɖeke o. Gake le bubuwo me la, menɔa bɔbɔe o. Satana dzea agbagba be yeatre mɔ̃ na mí le mɔ vovovowo nu. Mɔ̃ siwo wòzãna dometɔ ɖekae nye modzakaɖeɖe. Aleke míawɔ tiatia nyuiwo le modzakaɖeɖe ŋu? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le ta si kplɔ esia ɖo me.