Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 8

Yehowa Di Be Yeƒe Amewo Nanɔ Dzadzɛ

Yehowa Di Be Yeƒe Amewo Nanɔ Dzadzɛ

“Èdza na ame si dza.”—PSALMO 18:26.

1-3. (a) Nu ka tae vidada kpɔa egbɔ be ye vi le dzadzɛ? (b) Nu ka tae Yehowa di be yeƒe amewo nanɔ dzadzɛ?

TSƆE be vidada aɖe si lɔ̃ via la le dzadzram ɖo nɛ be wòayi suku. Ekpɔ egbɔ be ele tsi eye eƒe awuwo le dzadzɛ. Esia ana ɖevia nanɔ lãmesẽ me eye ana amewo nakpɔe hã be edzilawo léa be nɛ.

2 Mía Fofo, Yehowa, di be míanɔ dzadzɛ ahanɔ kɔkɔe. (Psalmo 18:26) Enyae be ne míele dzadzɛ la, eɖea vi na mí. Eye míaƒe dzadzɛnyenye dea bubu eŋu.—Ezekiel 36:22; xlẽ 1 Petro 2:12.

3 Nu kae wòfia be ame nanɔ dzadzɛ? Eye ne míele dzadzɛ la, vi kae wòaɖe na mí? Ne míele biabia siawo me dzrom la, ɖewohĩ míakpɔe be tɔtrɔ aɖewo li siwo wòle be míawɔ.

NU KA TAE WÒLE BE MÍANƆ DZADZƐ?

4, 5. (a) Nu ka tae wòle be míanɔ dzadzɛ? (b) Nu kae Yehowa ƒe nuwɔwɔwo fiaa mí tso ale si wòbua dzadzɛnyenyee ŋu?

4 Yehowa ŋutɔe ɖo dzadzɛnyenye kple kɔkɔenyenye ƒe kpɔɖeŋu na mí. (3 Mose 11:44, 45) Eya ta susu vevitɔ si tae wòle be míanɔ dzadzɛ ye nye be míedi be míazu “Mawu srɔ̃lawo.”—Efesotɔwo 5:1.

5 Yehowa ƒe nuwɔwɔwo fiaa nu geɖe mí tso ale si wòbua dzadzɛnyenyee ŋu. Yehowa wɔ ɖoɖo aɖewo le dzɔdzɔme nu siwo wɔnɛ be ya si míegbɔna kple tsi si dzana la nɔa dzadzɛ. (Yeremiya 10:12) Bu mɔ vovovo siwo nu anyigba dzraa eɖokui ɖo le ne amegbetɔwo ƒo ɖii gɔ̃ hã ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa wɔ nugbagbevi nyaŋui siwo míate ŋu atsɔ ŋku gbɔlo ko akpɔ o negbe ɖe míezã nusuekpɔmɔ̃wo. Nugbagbevi siawo trɔa aɖinuwo wozua nu siwo megagblẽa nu le ame ŋu o. Esia wɔ nuku ŋutɔ. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gɔ̃ hã tea ŋu zãa nugbagbevi siawo tsɔ ɖɔa anyigba ƒe teƒe siwo ŋu ɖinuwo gblẽ nu le la ɖo.—Romatɔwo 1:20.

6, 7. Aleke Mose ƒe Sea ɖee fia be ele be Yehowa subɔlawo nanɔ dzadzɛ?

6 Se si Yehowa na Israel-viwo to Mose dzi la hã na míekpɔ ale si gbegbe dzadzɛnyenye le vevie. Le kpɔɖeŋu me, hafi dukɔa ƒe tadedeagu nadze Yehowa ŋu la, ele be woanɔ dzadzɛ le ŋutilã me. Le Avuléŋkekea dzi la, ele be nunɔlagã la nale tsi zi eve. (3 Mose 16:4, 23, 24) Eye hafi nunɔla bubuawo nasa vɔwo la, ele be woaklɔ woƒe asiwo kple afɔwo. (2 Mose 30:17-21; 2 Kronika 4:6) Le go aɖewo me la, ku ye wotsɔ hea to na ame si gbe wɔwɔ ɖe dzadzɛnyenye ƒe sewo dzi.—3 Mose 15:31; 4 Mose 19:17-20.

7 Ke egbea ya ɖe? Se la fia nu geɖe mí tso Yehowa ƒe nudidiwo ŋu le dzadzɛnyenye gome. (Malaki 3:6) Sea na eme kɔ ƒãa be ele be Yehowa subɔlawo nanɔ dzadzɛ. Yehowa ƒe nudidiwo metrɔ o. Egbea, egadi tso esubɔlawo si be woanɔ dzadzɛ ahanɔ kɔkɔe.—Yakobo 1:27.

NU KAE WÒFIA BE AME NANƆ DZADZƐ?

8. Go kawo mee wòle be míanɔ dzadzɛ le?

8 Le Yehowa gbɔ la, be míanɔ dzadzɛ bia nu geɖe wu be míana míaƒe ametia, nudodowo kple aƒe me nanɔ dzadzɛ. Ele be míanɔ dzadzɛ le go sia go me. Ele be míanɔ dzadzɛ le míaƒe tadedeagu, agbenɔnɔ kple tamesusuwo me. Ɛ̃, be Yehowa nabu mí ame dzadzɛwoe la, ele be míanɔ dzadzɛ ahanɔ kɔkɔe le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa.

9, 10. Nu kae wòfia be míanɔ dzadzɛ le míaƒe tadedeagu me?

9 Tadedeagu dzadzɛ. Mele be míaƒo mía ɖokui ɖe alakpasubɔsubɔ ƒe nuwɔna aɖeke me o. Esime Israel-viwo nɔ aboyo me le Babilon la, ame siwo dome wonɔ la subɔa trɔ̃wo eye wowɔa gbɔdɔnuwo le woƒe tadedeagu me. Yesaya gblɔe ɖi be Israel-viwo agatrɔ ayi wo de Israel agbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi. Yehowa gblɔ na wo be: “Miʋu tso afi ma, migaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o! Mido go le eme, miwɔ mia ɖokui kɔkɔe.” Mele be woatsaka woƒe mawusubɔsubɔ kple Babilontɔwo ƒe alakpasubɔsubɔ me nufiafiawo, nuwɔnawo kple kɔnuwo o.—Yesaya 52:11.

10 Egbea hã, Kristotɔ vavãwo ƒoa asa na alakpasubɔsubɔ. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 10:21.) Le xexea me godoo la, kɔnu, kɔnyinyi kple dzixɔse geɖe siwo bɔ la nɔ te ɖe alakpasubɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, le teƒe geɖe la, amewo xɔe se be nane le ame me si yia edzi nɔa agbe le ku megbe, eye wotu kɔnu geɖewo ɖe dzixɔse sia dzi. (Nyagblɔla 9:5, 6, 10) Ele be Kristotɔwo naƒo asa na kɔnu mawo. Míaƒe ƒometɔwo ate ŋu aƒoe ɖe mía nu be míakpɔ gome le kɔnu mawo dometɔ aɖewo me. Gake esi míedi be Yehowa nabu mí ame dzadzɛwoe ta la, míeɖea mɔ woƒe nyaƒoɖeamenuwo kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi o.—Dɔwɔwɔwo 5:29.

11. Nu kae wòfia be míanɔ dzadzɛ le míaƒe agbenɔnɔ me?

11 Agbenɔnɔ dzadzɛ. Hafi Yehowa nabu mí be míele dzadzɛ la, ele be míaƒo asa na gbɔdɔdɔ manɔsenu ɖe sia ɖe ƒomevi. (Xlẽ Efesotɔwo 5:5.) Yehowa xlɔ̃ nu mí le Biblia me be ‘míasi le gbɔdɔdɔ manɔsenu nu.’ Ena eme kɔ ƒãa be ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me eye wogbe dzimetɔtrɔ la ‘manyi Mawu Fiaɖuƒe la dome o.’—1 Korintotɔwo 6:9, 10, 18; kpɔ Dzesidenya 22 lia.

12, 13. Nu ka tae wòle be míanɔ dzadzɛ le míaƒe tamesusuwo me?

12 Tamesusu dzadzɛ. Zi geɖe la, nu siwo ŋu míebuna lae míewɔna. (Mateo 5:28; 15:18, 19) Ne míele dzadzɛ le susu me la, ana míaƒe agbenɔnɔ hã nanɔ dzadzɛ. Gake esi míede blibo o ta la, susu manyomanyowo ate ŋu ava tame na mí ɣeaɖewoɣi. Ne esia dzɔ la, ele be míaɖe susu mawo ɖa le tame enumake. Ne menye nenema o la, míava kpɔe be míegale dzadzɛ le dzi me o. Míava nɔ didim be míawɔ nu siwo ŋu míenɔa bubum la. Nu si wòle be míawɔ boŋue nye be míana nu siwo le dzadzɛ naxɔ susu me na mí. (Xlẽ Filipitɔwo 4:8.) Eya ta ele be míaƒo asa na modzakaɖeɖe siwo me agbe gbegblẽ nɔnɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔwo le. Ele be míaɖɔ ŋu ɖo le nu siwo míexlẽna, nu siwo míekpɔna kple nu siwo ŋu míeƒoa nu tsoe la ŋu.—Psalmo 19:8, 9.

13 Hafi míayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ me la, ele be míanɔ dzadzɛ le míaƒe tadedeagu, agbenɔnɔ kple tamesusuwo me. Gake nu bubu si hã le vevie na Yehowa ye nye be míanɔ dzadzɛ le ŋutilã me.

ALEKE MÍANƆ DZADZƐ LE ŊUTILÃ ME?

14. Nu ka tae wòle vevie be míanɔ dzadzɛ le ŋutilã me?

14 Ne míena míaƒe ametia kple teƒe siwo míele le dzadzɛ la, aɖe vi na míawo ŋutɔwo kple ame siwo dome míele. Dzi adzɔ míawo ŋutɔwo eye ame bubuwo hã adi be yewoate ɖe mía ŋu. Gake susu bubu aɖe li si le vevie wu si tae wòle be míanɔ dzadzɛ le ŋutilã me ɖo. Ne míele dzadzɛ la, esia dea bubu Yehowa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be ɣesiaɣi si nèkpɔ ɖevi aɖe la, eƒo ɖi trikpatrikpa. Esia mana nàde bubu edzilawo ŋu o. Nenema kee ne míeléa be na mía ɖokui o eye míenɔa dzadzɛ o la, esia mana amewo naƒo nu nyui tso Yehowa ŋu o. Paulo gblɔ be: “Míewɔa naneke si azu nuɖiaɖia le mɔ aɖeke nu o, ale be woagakpɔ vodada aɖeke le míaƒe subɔsubɔdɔ la ŋu o; ke boŋ míeɖea mía ɖokui fiana le mɔ sia mɔ nu be míenye Mawu ƒe subɔlawo.”—2 Korintotɔwo 6:3, 4.

Esi míenye Yehowa ƒe amewo ta la, ele be míakpɔ egbɔ be míawo ŋutɔwo kple teƒe siwo míele la le dzadzɛ

15, 16. Nu kawoe míawɔ be míaƒe ametia kple nudodowo nanɔ dzadzɛ?

15 Míaƒe ametia kple nudodowo. Beléle na míaƒe ŋutilã be wòanɔ dzadzɛ nye nu si wòle be míanɔ wɔwɔm gbe sia gbe. Le kpɔɖeŋu me, míelea tsi edziedzi, alo gbe sia gbe ne anya wɔ. Míezãa tsi kple adzalẽ tsɔ klɔa míaƒe asiwo, vevietɔ hafi míaɖa nu alo aɖu nu, eye ne míeyi nugodo alo míeka asi nu ƒoɖi aɖe ŋu la, ele be míaklɔ asi godoo. Asikɔklɔ adze nu tsɛ aɖe, ke hã enye mɔ vevi aɖe si dzi míato ana be dɔlékuiwo kple dɔlélewo nagakaka o. Ate ŋu akpɔ míawo ŋutɔwo kple ame bubuwo ƒe agbe ta gɔ̃ hã. Ne nugododeƒe alo do siwo ŋu wotrɔ asi le be nugodo kple tsi ƒoɖiwo nato mele mía si o gɔ̃ hã la, míate ŋu adi mɔ siwo sɔ siwo dzi míato aɖi nugodo. Do siwo me nugodo kple tsi ƒoɖiwo tona menɔ anyi le blema Israel o, eya ta amewo ɖia nugodo ɖe afi si didi tso amewo ƒe aƒewo kple tsidzɔƒewo gbɔ.—5 Mose 23:12, 13.

16 Mehiã be míaƒe nudodowo nanɔ atsyɔ̃ɖoɖo tɔxɛ me, woaxɔ asi, alo anye esiwo le tsia dzi o. Gake ele be woanɔ dzadzɛ. (Xlẽ 1 Timoteo 2:9, 10.) Míedi be ɣesiaɣi la, míaƒe dzedzeme nade bubu Yehowa ŋu.—Tito 2:10.

17. Nu ka tae wòle be míana míaƒe aƒewo kple teƒe siwo míele nanɔ dzadzɛ?

17 Míaƒe aƒewo kple teƒe siwo míele. Afi ka kee míele o, míenana míaƒe aƒewo nɔa dzadzɛ. Míekpɔa egbɔ hã be míaƒe ʋu, dzokeke, gasɔ kple bubuawo le dzadzɛ, vevietɔ ne míezãnɛ tsɔ dea kpekpeawo alo míezãnɛ le gbeƒãɖeɖedɔa me. Le gbeƒãɖeɖedɔa me la, míeƒoa nu tso agbenɔnɔ le paradisonyigba si le dzadzɛ me ŋu na amewo. (Luka 23:43; Nyaɖeɖefia 11:18) Ne míaƒe aƒewo kple afi si míele le dzadzɛ la, aɖee afia be míele dzadzram ɖo na agbenɔnɔ le xexe yeye ma si anɔ dzadzɛ la me.

18. Nu ka tae míedina be míana míaƒe tadeaguƒewo nanɔ dzadzɛ?

18 Míaƒe tadeaguƒewo. Ne míenana míaƒe ƒuƒoƒewo, eɖanye Fiaɖuƒe Akpatawo alo takpekpewɔƒewo o, nɔa dzadzɛ la, míeɖenɛ fiana be dzadzɛnyenye le vevie na mí. Zi geɖe la, ne amewo va Fiaɖuƒe Akpata me zi gbãtɔ la, wodea dzesi ale si wòle dzadzɛe. Esia dea bubu Yehowa ŋu. Mɔnukpɔkpɔe wònye na mí hamea me tɔwo katã be míakpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpataa dzadzra ɖo ŋu be wòanɔ dzadzɛ eye wòanɔ nɔnɔme nyui me.—2 Kronika 34:10.

ASIÐEÐE LE NUMAME GBEGBLẼWO ŊU

19. Nu kawoe wòle be míaƒo asa na?

19 Togbɔ be menye numame gbegblẽ ɖe sia ɖe si wòle be míaƒo asa na la ŋue Biblia ƒo nu tsoe o hã la, ena gɔmeɖosewo mí siwo nana míenyana ale si Yehowa bua nuwɔna mawoe. Medi be míano atama, amu aha alo azã atike vɔ̃ɖiwo o. Ne míenye Mawu xɔlɔ̃wo la, míaƒo asa na nu mawo wɔwɔ. Nu ka tae? Elabena míedea asixɔxɔ gã agbe, si nye nunana tso Mawu gbɔ la ŋu. Numame mawo ate ŋu atsò míaƒe agbenɔƒewo dzi, agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋu alo agblẽ nu le ame siwo dome míele ŋu. Ame geɖe dzea agbagba be yewoaɖe asi le numame gbegblẽ mawo ŋu le woƒe lãmesẽ ta. Gake le mí Yehowa xɔlɔ̃wo gome la, susu nyuitɔ kekeake si tae wòle be míadzudzɔ lae le mía si—eyae nye lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu. Ðetugbui aɖe gblɔ be: “Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, metrɔ nye agbenɔnɔ eye meɖe asi le nu gbegblẽ siwo zu numame nam la ŋu. . . . Menya be le nye ŋutɔ ɖokuinye si la, manya wɔ gbeɖe be mawɔ tɔtrɔ mawo o.” Na míadzro Biblia me gɔmeɖose atɔ̃ siwo ate ŋu akpe ɖe ame aɖe ŋu wòaɖe asi le numame siwo gblẽa nu le ame ŋu la me.

20, 21. Numame kawo ƒomevie Yehowa di be míaƒo asa na?

20 “Esi ŋugbedodo siawo le mía si ta la, lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, eye míanɔ kɔkɔe geɖe wu le mawuvɔvɔ̃ me.” (2 Korintotɔwo 7:1) Yehowa di be míavo tso numame makɔmakɔ siwo ate ŋu agblẽ nu le míaƒe susu kple ŋutilã ŋu la si me.

21 Susu vevi aɖe si tae wòle be “míakɔ mía ɖokui ŋu tso . . . ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me” la dze le 2 Korintotɔwo 6:17, 18. Le kpukpui mawo me la, Yehowa gblɔ na mí be: “Midzudzɔ asikaka nu makɔmakɔ la ŋu.” Eyome edo ŋugbe be: “Maxɔ mi. Eye manye mia fofo, eye mianye vinyeŋutsuwo kple vinyenyɔnuwo.” Ɛ̃, Yehowa alɔ̃ mí abe ale si vifofo lɔ̃a viawo ene nenye be míeƒo asa na nu sia nu si ate ŋu ana be mía ŋu makɔ le eŋkume o.

22-25. Biblia me gɔmeɖose kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na numame makɔmakɔwo?

22 “Lɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.” (Mateo 22:37) Esiae nye sedede vevitɔ kekeake. (Mateo 22:38) Yehowa dze be míalɔ̃e bliboe. Aleke míate ŋu alɔ̃e bliboe nenye be míetiae be míawɔ nu siwo ate ŋu atsò míaƒe agbenɔƒewo dzi alo agblẽ nu le míaƒe ahɔhɔ̃ ŋu? Ðe ema teƒe la, míewɔa nu sia nu si míate ŋui tsɔ dea bubu agbe si wòna mí la ŋu boŋ.

23 “[Yehowa] naa agbe kple agbegbɔgbɔ kpakple nuwo katã ame sia ame.” (Dɔwɔwɔwo 17:24, 25) Ne xɔ̃wò aɖe na nu nyui aɖe wò la, ɖe nàtsɔe aƒu gbe alo agblẽ edomea? Agbe nye nunana wɔnuku aɖe tso Yehowa gbɔ. Míedea asixɔxɔ nunana sia ŋu vevie. Eya ta míedi be míanɔ agbe le mɔ si ade bubu eŋu la nu.—Psalmo 36:9.

24 “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mateo 22:39) Menye míawo ɖeɖe ko ŋue míaƒe numame makɔmakɔwo ate ŋu agblẽ nu le o. Woate ŋu agblẽ nu le ame siwo dome míele hã ŋu, eye zi geɖe la wonyea ame siwo míelɔ̃ vevie. Le kpɔɖeŋu me, lãmesẽkuxi sesẽwo ate ŋu aɖe fu na ame si le aƒe ɖeka me kple atamanola le esi amea le atamadzudzɔa gbɔm ta. Gake ne míeɖe asi le numame gbegblẽwo ŋu la, míeɖenɛ fiana ame siwo dome míele la be míelɔ̃ wo.—1 Yohanes 4:20, 21.

25 “Yi edzi nànɔ ŋku ɖom edzi na wo be woabɔbɔ wo ɖokuiwo na dziɖuɖuwo kple ŋusẽtɔwo, eye woaɖo to wo.” (Tito 3:1) Le dukɔ geɖewo me la, se meɖe mɔ be atike muame ƒomevi aɖewo nanɔ amewo si alo be woazã wo o. Esi wònye be Yehowa de se na mí be míade bubu dziɖuɖuwo ŋu ta la, míewɔa se mawo dzi.—Romatɔwo 13:1.

Ne míele dzadzɛ hele kɔkɔe la, míedea bubu Yehowa ŋu

26. (a) Nu kae wòle be míawɔ be míaƒe subɔsubɔ nadze Yehowa ŋu? (b) Nu ka tae wònyo ŋutɔ be míanɔ dzadzɛ le Mawu ŋkume?

26 Ne míedi be míanye Yehowa xɔlɔ̃wo la, ɖewohĩ míakpɔe be ehiã be míawɔ tɔtrɔ aɖewo. Ne nenemae la, ke ele be míatso ɖe eŋu enumake. Menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be míaɖe asi le numame makɔmakɔwo ŋu o, gake míate ŋui! Yehowa do ŋugbe be yeakpe ɖe mía ŋu. Egblɔ be: “Nye Yehowae nye wò Mawu, nyee nye ame si fiaa nu wò be wòaɖe vi na wò, Ame si kplɔa wò toa mɔ si dzi wòle be nàto.” (Yesaya 48:17) Ne míewɔa mía tɔ sinua be míanɔ dzadzɛ ahanɔ kɔkɔe la, míate ŋu aka ɖe edzi be míele bubu dem mía Mawu la ŋu.