Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 1

Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Nɔa Anyi Ðaa

Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Nɔa Anyi Ðaa

“Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi, be míalé eƒe seawo me ɖe asi; eye eƒe seawo menye agba o.”—1 YOHANES 5:3.

1, 2. Nu ka tae nèlɔ̃ Yehowa Mawu?

ÈLƆ̃ Mawua? Ðewohĩ èlɔ̃ Mawu ale gbegbe be ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe nɛ. Ðewohĩ èle sesem le ɖokuiwò me be eyae nye ye Xɔlɔ̃ vevitɔ. Gake hafi nàva lɔ̃ Yehowa gɔ̃ hã la, eya ya lɔ̃ wò xoxo. Biblia gblɔ na mí be: “Míelɔ̃a ame, elabena Mawu tre mí lɔlɔ̃.”—1 Yohanes 4:19.

2 Bu mɔ siwo katã nu Yehowa ɖee fia le be yelɔ̃ mí la ŋu kpɔ. Etsɔ anyigba na mí wònye míaƒe aƒe nyui aɖe na mí, eye wòna nu bubu ɖe sia ɖe si míehiã ale be míase vivi na agbea hã mí. (Mateo 5:43-48; Nyaɖeɖefia 4:11) Edi be ƒomedodo nyui nanɔ mía kpli ye dome, eye ena nu sia nu si míehiã be míate ŋu asrɔ̃ nu tso eyama ŋu hã mí. Ne míele Biblia xlẽm la, míesea Yehowa ƒe gbe. Eye ne míedo gbe ɖa nɛ la, eya hã ɖoa to mí. (Psalmo 65:2) Ezãa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔ la tsɔ fiaa mɔ mí hedoa ŋusẽ mí. (Luka 11:13) Edɔ Via malɔ̃nugbɔa ɖe anyigba dzi gɔ̃ hã be wòaɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me.—Xlẽ Yohanes 3:16; Romatɔwo 5:8.

3. Aleke míawɔ be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Yehowa dome?

3 Bu xɔ̃wò vevi aɖe si nɔa ŋuwò ɣesiaɣi, le dzidzɔɣiwo kple xaxaɣiwo siaa ŋu kpɔ. Xɔlɔ̃wɔwɔ sẽŋu ma tɔgbi mevana le eɖokui si o, ebia agbagbadzedze geɖe. Alea tututue wòle le xɔlɔ̃dzedze Yehowa, si nye Xɔlɔ̃ vevitɔ kekeake si ate ŋu anɔ mía si la hã gome. Mía kplii ƒe xɔlɔ̃dzedzea ate ŋu anɔ anyi yi ɖe mavɔ me. Biblia gblɔ na mí be: “Minɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa.” (Yuda 21) Aleke míate ŋu awɔ esiae? Biblia ɖo eŋu be: “Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi, be míalé eƒe seawo me ɖe asi; eye eƒe seawo menye agba o.”—1 Yohanes 5:3.

“NU SI LƆLƆ̃ NA MAWU FIAE NYE ESI”

4, 5. (a) Nu kae nya “lɔlɔ̃ na Mawu” fia? (b) Aleke wò lɔlɔ̃ na Yehowa dze egɔmee?

4 Nu kae nya “lɔlɔ̃ na Mawu” si Biblia gblɔ la fia? Menye lɔlɔ̃ si le Mawu si na mí ye o, ke boŋ lɔlɔ̃ si anɔ mía si na Mawu ye. Èɖo ŋku ɣeyiɣi si me nèva nɔ sesem le ɖokuiwò me be yelɔ̃ Yehowa dzia?

Ne ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ la, ke èɖee fia be èlɔ̃e eye èdi be yeaɖo toe yi ɖe mavɔ me

5 De ŋugble tso ale si nèse le ɖokuiwò me zi gbãtɔ si nèsrɔ̃e be Yehowa di be nànɔ agbe tegbee le anyigba dzi le eƒe xexe yeyea me la ŋu kpɔ. Èva srɔ̃ nu tso nu siwo katã Yehowa wɔ be ŋugbedodo ma nava eme la ŋu, eye nèva de dzesi nunana xɔasi si gbegbe Yehowa na mí esi wòdɔ Via ɖe anyigba dzi la hã. (Mateo 20:28; Yohanes 8:29; Romatɔwo 5:12, 18) Esi nèva kpɔ ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ wòe la, esia ʋã dzi na wò, eye wò hã èva te elɔlɔ̃.—Xlẽ 1 Yohanes 4:9, 10.

6. Ne míelɔ̃ ame aɖe la, aleke míate ŋu aɖee afiae? Nu kae lɔlɔ̃ si le asiwò na Mawu ʋã wò nèwɔ?

6 Gake seselelãme ma nye wò kple Mawu dome xɔlɔ̃dzedzea ƒe gɔmedzedze ko. Le kpɔɖeŋu me, ne míelɔ̃ ame aɖe la, menye ɖeko míagblɔ nɛ be míelɔ̃e ko evɔ o. Lɔlɔ̃ aʋã mí míawɔ nu siwo ana wòakpɔ dzidzɔ. Nenema kee lɔlɔ̃ si le asiwò na Yehowa ʋã wò nèdi be yeanɔ agbe wòadze eŋu. Esi lɔlɔ̃ ma nɔ tsitsim la, ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe nɛ eye nèxɔ nyɔnyrɔ. Èto esia dzi do ŋugbe na Yehowa be yeasubɔe yi ɖe mavɔ me. (Xlẽ Romatɔwo 14:7, 8.) Aleke nàte ŋu awɔ ɖe ŋugbedodo ma dzi?

“MÍALÉ EƑE SEAWO ME ÐE ASI”

7. Ne míelɔ̃ Yehowa la, nu kae míawɔ? Eƒe seawo dometɔ aɖewo ɖe?

7 Esi míelɔ̃ Yehowa ta la, ‘míeléa eƒe seawo me ɖe asi.’ Aleke míewɔa esiae? Míewɔa esia ne míeɖoa toe. Biblia gblɔ ale si Yehowa di be míanɔ agbee la na mí. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa gblɔ na mí be enye nu gbegblẽ be míamu aha, afi fi, ada alakpa, alo adɔ kple ame si menye mía srɔ̃ o, eye be mele be míasubɔ ame bubu alo nu bubu aɖeke o, negbe eya ɖeka ko.—1 Korintotɔwo 5:11; 6:18; 10:14; Efesotɔwo 4:28; Kolosetɔwo 3:9.

8, 9. Ne míedi be míawɔ nane, evɔ se gobii aɖeke mele Biblia me ku ɖe eŋu o la, aleke míawɔ anya nu si Yehowa di tso mía si be míawɔ? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

8 Gake ne míedi be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu la, menye eƒe seawo dzi ko míawɔ ko evɔ o. Mena se gbogbo aɖewo mí ku ɖe míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa ŋu o. Eya ta ate ŋu adzɔ ɣeaɖewoɣi be mímakpɔ se gobii aɖeke le Biblia me ku ɖe nane si míedi be míawɔ la ŋu o. Aleke míawɔ atso nya me nyuie? (Efesotɔwo 5:17) Gɔmeɖosewo, siwo nye nyateƒenya vevi siwo nana míekpɔa ale si Yehowa bua nuwo ŋui la, le Biblia me na mí. Eye ne míele Biblia xlẽm la, míeva nyaa Yehowa nyuie. Míesrɔ̃a ale si wòbua nuwo ŋui, eye míenyaa nu siwo wòlɔ̃na kple nu siwo wòlé fui.—Xlẽ Psalmo 97:10; Lododowo 6:16-19; kpɔ Dzesidenya 1.

9 Le kpɔɖeŋu me, aleke míawɔ atso nya me le nu siwo míakpɔ le television alo Internet dzi la ŋu? Yehowa magblɔ nu si tututu wòle be míawɔ la na mí tẽe o. Ke hã, gɔmeɖose siwo wòna mí la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie. Ŋutasesẽ kple gbɔdɔdɔ yɔ modzakaɖeɖe siwo li egbea me fũu. Gake Biblia gblɔ na mí be, Yehowa ‘léa fu ame sia ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ,’ eye be “adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me.” (Psalmo 11:5; Hebritɔwo 13:4) Aleke gɔmeɖose siawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie? Ne míeva de dzesii be Yehowa lé fu nuwɔna aɖe alo bui be mesɔ o ko la, ele be míaƒo asa nɛ kura.

10, 11. Nu ka tae míeɖoa to Yehowa?

10 Nu ka tae míeɖoa to Yehowa? Menye le esi míedi be míaƒo asa na tohehe alo kuxi siwo dona tso nyametsotso gbegblẽwo wɔwɔ me ta koe o. (Galatiatɔwo 6:7) Ke boŋ míeɖoa to Yehowa le esi míelɔ̃e ta. Abe ale si ko ɖeviwo dina be yewoana yewo fofo nakpɔ dzidzɔe ene la, nenema kee míawo hã míedi be míana mía Fofo si le dziƒo la nakpɔ dzidzɔ. Aleke gbegbe dzi dzɔa míi ye nye esi ne míenyae be míaƒe nu dzea Yehowa ŋu!—Psalmo 5:12; Lododowo 12:2; kpɔ Dzesidenya 2 lia.

11 Menye ne toɖoɖo Yehowa le bɔbɔe alo ne nu bubu aɖeke megali míawɔ o ye míeɖoa toe o. Eye mímetianɛ be míawɔ eƒe se kple nudidi aɖewo dzi evɔ míagbe bubuwo ya dzi wɔwɔ o. (5 Mose 12:32) Ke boŋ míeɖoa toe le nu sia nu me abe hakpalaa ene, esi wògblɔ be: “Melɔ̃ wò sededewo vevie, ɛ̃, melɔ̃ wo.” (Psalmo 119:47; Romatɔwo 6:17) Míedi be míanɔ abe Noa, si ɖee fia be yelɔ̃ Yehowa esi wòwɔ nu siwo katã ƒe se Yehowa de nɛ la dzi ene. Biblia gblɔ be, Noa ‘wɔ wo pɛpɛpɛ.’ (1 Mose 6:22) Èdi be Yehowa nagblɔ nya ma tso wò hã ŋuwòa?

12. Aleke míawɔ ado dzidzɔ na Yehowa?

12 Aleke Yehowa sena le eɖokui me ne míeɖo toe? ‘Míedoa dzidzɔ na eƒe dzi.’ (Lododowo 11:20; 27:11) Bu eŋu kpɔ ko! Míaƒe toɖoɖo nana xexea me katã Wɔla la kpɔa dzidzɔ. Gake mezia mía dzi be míaɖo to ye o. Ke boŋ ena tiatiawɔblɔɖe mí. Esia fia be Yehowa na ablɔɖe mí be míatiae nenye be míawɔ nu nyui alo nu gbegblẽ. Yehowa di be lɔlɔ̃ si le mía si na ye naʋã mí míawɔ nyametsotso nyuiwo, ale be agbea nadze edzi na mí.—5 Mose 30:15, 16, 19, 20; kpɔ Dzesidenya 3 lia.

“EƑE SEAWO MENYE AGBA O”

13, 14. Aleke míewɔ nya be Mawu ƒe sewo mesesẽ akpa o? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

13 Ke ne míesusu be Yehowa ƒe sewo dzi wɔwɔ sesẽ akpa alo be wo dzi wɔwɔ axɔ ablɔɖe le mía si ya ɖe? Biblia gblɔe eme kɔ be: “Eƒe seawo menye agba o.” (1 Yohanes 5:3) Helagbe me nya si gɔme woɖe be “agba” la fia “nu si le kpekpem.” Wozã nya ma ke le mawunyakpukpui bubuwo hã me tsɔ ɖɔ sedede siwo sesẽ akpa, alo ame siwo dina be yewoaɖu aƒetɔ ɖe ame bubuwo dzi ahawɔ nu vevi wo. (Mateo 23:4; Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) Biblia gɔmeɖeɖe bubu aɖe gblɔ be: “Eƒe sewo metea mí ɖe anyi o.” (New English Translation) Yehowa ƒe sededewo menye “agba” o, si fia be womesesẽ akpa be míawɔ wo dzi o. Nu siwo míate ŋu awɔ koe wòbiana tso mía si ɣesiaɣi.

14 Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be èle kpekpem ɖe xɔ̃wò aɖe si le ʋuʋum yina aƒe yeye me ŋu. Efɔ eƒe nuwo de aɖaka vovovowo me. Aɖakaawo dometɔ aɖewo mele kpekpem o, bubuwo hã le kpekpem, eye ahiã be ame eve nakɔ wo. Ðe xɔ̃wòa abia tso asiwò be wò ɖeɖe nàvu ɖe aɖaka si le kpekpem la ŋu akɔa? Gbeɖe! Nu ka tae? Elabena medi be nu vevi nawɔ wò o. Abe xɔ̃wò ma ene la, Yehowa mabia tso mía si gbeɖe be míawɔ nane si asesẽ na mí akpa o. (5 Mose 30:11-14) Yehowa sea nu gɔme na mí. “Enya míaƒe wɔwɔme nyuie, eɖoa ŋui be kewɔe míenye.”—Psalmo 103:14.

15. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be míaƒe nyonyo tae Yehowa de sewo ɖo?

15 Mose gblɔ na Israel-dukɔa be ale si ‘eme nanyo na wo ɖaa’ tae Yehowa de sewo na wo ɖo, eye be ne woɖo to la, ‘woayi edzi anɔ agbe.’ (5 Mose 5:28-33; 6:24) Nenema kee wòle egbea hã. Nu sia nu si Yehowa di tso mía si be míawɔ la ana míaƒe agbenɔnɔ naganyo ɖe edzi. (Xlẽ Yesaya 48:17.) Mía Fofo, Yehowa, nyaa nu si nyo na mí la ɣesiaɣi. (Romatɔwo 11:33) Biblia gblɔ na mí be: “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yohanes 4:8) Esia fia be lɔlɔ̃e ʋãa Yehowa le nu sia nu si wògblɔna hewɔna la me.

16. Togbɔ be míede blibo o eye míele xexe vɔ̃ɖi me hã la, aleke míewɔ nya be míate ŋu aɖo to Yehowa?

16 Menɔa bɔbɔe na mí ɣesiaɣi be míaɖo to Mawu o. Míele xexe vɔ̃ɖi si dzi ɖum Abosam le la me. Edzea agbagba be yeana amewo nawɔ nu gbegblẽ. (1 Yohanes 5:19) Ehiã be míawɔ avu kple míaƒe susu kple seselelãme madeblibowo hã, elabena woate ŋu ana míagbe toɖoɖo Mawu. (Romatɔwo 7:21-25) Ke hã, lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa doa ŋusẽ mí míewɔa nu si sɔ. Ekpɔa agbagba si míedzena be míaɖo to ye, eye ekpena ɖe mía ŋu to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔ la dzi. (1 Samuel 15:22, 23; Dɔwɔwɔwo 5:32) Gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu míetua nɔnɔme siwo nana wònɔa bɔbɔe na mí be míaɖo to Yehowa la ɖo.—Galatiatɔwo 5:22, 23.

17, 18. (a) Nu kawoe míasrɔ̃ le agbalẽ sia me? (b) Nu ka mee míadzro le ta si kplɔe ɖo me?

17 Le agbalẽ sia me la, míasrɔ̃ ale si míawɔ anɔ agbe wòadze Yehowa ŋu. Míasrɔ̃ ale si míawɔ eƒe gɔmeɖosewo kple agbe nyui nɔnɔ ƒe nudidiwo dzi le míaƒe agbenɔnɔ me hã. Ðo ŋku edzi be Yehowa mezia mía dzi be míaɖo to ye o. Ne míetiae be míaɖo toe la, míaƒe agbenɔnɔ anyo ɖe edzi eye etsɔme nyui aɖe asu mía si. Ƒo wo katã ta la, ne míeɖo to Mawu la, ana wòakpɔ ale si gbegbe míelɔ̃e.—Kpɔ Dzesidenya 4 lia.

18 Be Yehowa nakpe ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu míanya nu si nye nyui kple vɔ̃ la, ena dzitsinya mí. Ne míena hehe míaƒe dzitsinya la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu “míalé eƒe seawo me ɖe asi.” Ke nu kae nye dzitsinya, eye aleke míawɔ ana hehee? Na míakpɔe ɖa.