Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 9

“Misi Le Gbɔdɔdɔ Manɔsenu Nu!”

“Misi Le Gbɔdɔdɔ Manɔsenu Nu!”

“Eya ta miwu miaƒe ŋutinu siwo le anyigba dzi, le gbɔdɔdɔ manɔsenu, makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃, nudzodzro vɔ̃, kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ la gome.”—KOLOSETƆWO 3:5.

1, 2. Aleke Bileam dze agbagba be yeagblẽ nu le Yehowa ƒe amewo ŋui?

TƆƑODELA aɖe yi ɖatɔ ɖe afi si wòkpɔ be yeakpɔ lã si ƒomevi dim yele la le. Etia nu si wòatsɔ ade ƒua nu eye wòda ƒua ɖe tɔa me. Elala dzigbɔɖitɔe, eye esi lãa kpe nu ɖe nu si wòde ƒua nu dzi ko la, ehe ƒua enumake, si wɔe be ƒua ku lãa ƒe nu eye wòhe lãa do goe kaba.

2 Nenema kee wòate ŋu adzɔe be mɔ̃ naɖe amegbetɔwo hã. Le kpɔɖeŋu me, ɖeko wòsusɔ vie Israel-viwo naɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi esi wova ƒu asaɖa anyi ɖe Moab Tagba. Moab fia do ŋugbe na Bileam be yeana ga gbogbo aɖee nenye be eƒo fi de Israel-viwo. Mlɔeba Bileam te ŋu to mɔ aɖe dzi na Israel-viwo wɔ nu si he fiƒode va woawo ŋutɔwo dzi. Etia nu si wòatsɔ atre mɔ̃e na wo la nyuie. Edɔ Moab ɖetugbuiwo ɖe Israel-viwo ƒe asaɖa la me be woable Israel ŋutsuwo nu woanɔ agbe gbegblẽ.—4 Mose 22:1-7; 31:15, 16; Nyaɖeɖefia 2:14.

3. Aleke nu si Bileam tsɔ ble Israel-viwo nu la kpɔ dzidzedzee?

3 Ðe nu si Bileam tsɔ ble Israel-viwo nu la dze edzia? Ɛ̃. Israel ŋutsu akpe geɖe ‘wɔ ahasi kple Moab nyɔnuwo.’ Wosubɔ woƒe alakpamawuwo, siwo dome woƒe gbɔdɔdɔ ƒe mawu nyɔŋu si nye Baal-Peor hã le. Esia wɔe be Israel-vi 24,000 sɔŋ ku le Ŋugbedodonyigbaa ƒe liƒo dzi tututu.—4 Mose 25:1-9.

4. Nu ka tae Israel-vi akpe geɖe ƒo wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me?

4 Aleke wòdzɔe be Bileam ƒe mɔ̃a ɖe Israel-vi gbogbo mawo gbegbe? Wodi wo ɖokui tɔ, eya ta vivi si woawo ŋutɔwo woase ŋu ko bum wonɔ, si wɔe be woŋlɔ nu siwo katã Yehowa wɔ na wo la be. Susu geɖe li siwo tae wòle be Israel-viwo nawɔ nuteƒe na Mawu hafi. Eɖe wo tso kluvinyenye me le Egipte, ena nuɖuɖu wo esime wonɔ gbea dzi, eye wòkplɔ wo va Ŋugbedodonyigbaa ƒe liƒo dzi dedie. (Hebritɔwo 3:12) Ke hã, wogaɖe mɔ gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe mɔ̃ ɖe wo. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Migana míaƒo mía ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me, abe ale si wo dometɔ aɖewo ƒo wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me, ale be wodze anyi . . . la ene o.”—1 Korintotɔwo 10:8.

5, 6. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu si dzɔ le Moab Tagba la me?

5 Xexe yeyea tu aƒe ŋutɔ. Eya ta le mɔ aɖe nu la, míele abe Israel-vi siwo nɔ Ŋugbedodonyigbaa ƒe liƒo dzi la ene. (1 Korintotɔwo 10:11) Le xexe si me míele egbea me la, amewo nyrɔ wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔnuwɔnawo me wu ale si wònɔ le Moabtɔwo gome gɔ̃ hã. Nɔnɔme sia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe Yehowa ƒe amewo dzi bɔbɔe. Le nyateƒe me la, gbɔdɔdɔ manɔsenu ye Abosam zãna tsɔ trea mɔ̃ na amewo wòdzea edzi nɛ wu nu bubu ɖe sia ɖe.—4 Mose 25:6, 14; 2 Korintotɔwo 2:11; Yuda 4.

6 Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe madi ɖokuinye tɔ be mase vivi si nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe koa, alo ɖe matiae boŋ be manɔ agbe le dzidzɔ me tegbee le xexe yeyea me?’ Ðe maɖe vi wu be míadze agbagba ɖe sia ɖe awɔ Yehowa ƒe se si nye be, “Misi le gbɔdɔdɔ manɔsenu nu” la dzi oa?—1 Korintotɔwo 6:18.

NU KAE NYE GBƆDƆDƆ MANƆSENU?

7, 8. Nu kae nye gbɔdɔdɔ manɔsenu? Nu ka tae wònye ŋkubiãnya?

7 Egbea, ame geɖe wɔa ŋukpenanuwo dzimesesẽtɔe eye wogbea se siwo Mawu de ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu la dzi wɔwɔ gaglãa. Le Biblia me la, gbɔdɔdɔ manɔsenu fia gbɔdɔnuwɔna si ayi edzi le ame siwo meɖe srɔ̃ wòsɔ le Ŋɔŋlɔawo nu o la dome. Elɔ gbɔdɔnuwɔna si ayi edzi le ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu dome, kpakple lãwo gbɔ dɔdɔ hã ɖe eme. Gbɔdɔnuwɔna ate ŋu afia gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔ, gbɔdɔdɔ to nu me alo meƒi me, alo asilili ame bubu ƒe vidzinuwo ŋu ɖe vivisese ta.—Kpɔ Dzesidenya 23 lia.

8 Biblia na eme kɔ ƒãa be ne ame aɖe yia edzi ƒoa eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me la, mate ŋu ayi edzi anɔ hamea me o. (1 Korintotɔwo 6:9; Nyaɖeɖefia 22:15) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame si nɔa agbe gbegblẽ la kloa bubu le eɖokui ŋu eye amewo megakana ɖe edzi o. Gbɔdɔdɔ manɔsenu hea kuxiwo vanɛ godoo. Nu siwo dona tso eme zi geɖe ye nye dzitsinya ƒe fɔbuame, gbɔmeyafufɔfɔ, srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo, dɔléle, alo ku gɔ̃ hã. (Xlẽ Galatiatɔwo 6:7, 8.) Ne ame aɖe tɔ hede ŋugble le gbɔdɔdɔ manɔsenu me tsonuwo ŋu nyuie la, ɖewohĩ madi be yeaƒo ye ɖokui ɖe nuwɔna ma me o. Gake zi geɖe la, ale si ame awɔ aɖi kɔ na eya ŋutɔ ƒe dzodzrowo lae nɔa susu me nɛ hafi wòɖea afɔ gbãtɔ si kplɔnɛ dea gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe nuwɔnawo me. Zi geɖe la, afɔɖeɖe gbãtɔ ma nyea amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ.

AFƆÐEÐE GBÃTƆ— AMAMAÐEÐENUWƆNAWO KPƆKPƆ

9. Nu ka tae afɔku le amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ me?

9 Wotrɔa asi le amamaɖeɖenuwɔnawo ŋu be woanyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me. Egbea, amamaɖeɖe kple gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo bɔ ɖe afi sia afi—wole magazinewo, agbalẽwo, hadzidziwo kple television dzi wɔnawo me, kpakple Internet dzi. Ame geɖe susuna be naneke megblẽ le amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ŋu o, gake nyateƒeae nye be afɔku gã le eme. Ate ŋu ana gbɔdɔdɔ nazu numame na ame alo anyɔ dzodzro siwo mele dzɔdzɔme nu o la ɖe ame me. Ne ame ƒo eɖokui ɖe amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ me la, esia hea kuxi bubuwo abe ameɖokuigbɔdɔdɔ si zua numame na ame, srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo kple srɔ̃gbegbe ene gɔ̃ hã vaa edzi.—Romatɔwo 1:24-27; Efesotɔwo 4:19; kpɔ Dzesidenya 24 lia.

Nunya le eme be míaɖɔ ŋu ɖo le Internet zazã me

10. Aleke gɔmeɖose si le Yakobo 1:14, 15 ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na gbɔdɔdɔ manɔsenu?

10 Ele vevie be ale si gbegbe gbɔdɔdɔ manɔsenu tea ŋu hea ame dea tetekpɔ mee la nanɔ susu me na mí. De dzesi nuxlɔ̃ame si le Yakobo 1:14, 15. Afi ma gblɔ be: “Nu si tea ame sia ame kpɔnae nye eya ŋutɔ ƒe nudzodzro si henɛ eye wòblenɛ. Azɔ ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nu vɔ̃; eye ne wowɔ nu vɔ̃ la, ehea ku vanɛ.” Eya ta ne susu manyomanyowo va tame na wò la, ɖe wo ɖa enumake. Ne wò ŋku kli nu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me la, ɖe ŋku ɖa kaba. Tsi kɔmpiutaa, alo nàʋu television dɔwɔƒe bubu. Mègaɖe mɔ dzodzro vɔ̃wo nava xɔ anyinɔ le wò agbe me o. Ne menye nenema o la, dzodzro vɔ̃wo nu ate ŋu asẽ ɖe mewò ale gbegbe be asesẽ ŋutɔ be nàɖu wo dzi.—Xlẽ Mateo 5:29, 30.

11. Aleke Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu nenye be susu manyomanyowo vaa tame na mí?

11 Yehowa nya mí nyuie wu ale si míenya mía ɖokuiwo. Enya be ame madeblibowoe míenye. Gake enya hã be míate ŋu aɖu dzodzro vɔ̃wo dzi. Yehowa gblɔ na mí be: “Miwu miaƒe ŋutinu siwo le anyigba dzi, le gbɔdɔdɔ manɔsenu, makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃, nudzodzro vɔ̃, kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ la gome.” (Kolosetɔwo 3:5) Togbɔ be esia wɔwɔ mele bɔbɔe o hã la, Yehowa gbɔa dzi ɖi na mí eye akpe ɖe mía ŋu hã. (Psalmo 68:19) Amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ kple ameɖokuigbɔdɔdɔ va zu numame na nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe. Eƒe sukuhatiwo ƒe susue nye be esɔ le dzɔdzɔme nu be ame si le tsitsim naƒo eɖokui ɖe nuwɔna mawo me, ke hã, egblɔ be: “Esia gblẽ nu le nye dzitsinya ŋu eye meva nyrɔ ɖokuinye ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me vĩi.” Eva de dzesii be ehiã be yeaɖu yeƒe dzodzrowo dzi, eye le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, ete ŋu ɖe asi le numame mawo ŋu. Ne susu manyomanyowo vaa tame na wò la, bia Yehowa be wòana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la wò ale be nàna wò tamesusuwo nanɔ dzadzɛ.—2 Korintotɔwo 4:7; 1 Korintotɔwo 9:27.

12. Nu ka tae wòle be ‘míadzɔ míaƒe dzi ŋu’?

12 Salomo ŋlɔ bena: “Dzɔ wò dzi ŋu wu nu bubu ɖe sia ɖe, elabena eya mee agbe tsona.” (Lododowo 4:23) Míaƒe “dzi” la le tsitre ɖi na ame si míenye le ememe, eye dzi la mee Yehowa kpɔna. Nu siwo míekpɔna ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe mía dzi. Nuteƒewɔla Hiob gblɔ be: “Mebla nu kple nye ŋkuwo. Ekema aleke wɔ nye ŋku aganɔ ɖetugbui ŋu madzemadzee?” (Hiob 31:1) Abe Hiob ene la, ele be míaɖu mía ɖokuiwo dzi le nu siwo míekpɔna kple nu siwo ŋu míebuna me. Eye abe ale si hakpalaa wɔe ene la, míawo hã míedoa gbe ɖa be: “Ðe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu.”—Psalmo 119:37.

DINA MEWƆ TIATIA NYUI O

13. Ame kawo ƒomevie Dina dze xɔlɔ̃e?

13 Mía xɔlɔ̃wo kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe mía dzi, etea ŋu nyea ŋusẽkpɔɖeamedzi nyui alo gbegblẽa. Ne èdze xɔlɔ̃ siwo nɔa agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu la, woate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò hã nàwɔ nenema ke. (Lododowo 13:20; xlẽ 1 Korintotɔwo 15:33.) Nu si dzɔ ɖe Dina dzi la na míekpɔ ale si gbegbe wòle vevie be míatia ame siwo míadze xɔlɔ̃e la nyuie. Dina nye Yakob vinyɔnuwo dometɔ ɖeka, eya ta ƒome si subɔa Yehowa la mee wonyii le. Menye agbe gbegblẽ nɔlae Dina nye o, gake eva dze xɔlɔ̃ Kanaan ɖetugbui siwo mesubɔa Yehowa o. Kanaantɔwo ƒe susu le gbɔdɔdɔ ŋu to vovo kura na Mawu ƒe amewo tɔ, eye wonya wo be wonye agbe gbegblẽ nɔlawo. (3 Mose 18:6-25) Esime Dina nɔ exɔlɔ̃awo dome la, edo go Kanaan ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Sekem, eye eƒe nu lé dzi na Sekem. Sekem ye nye ɖekakpui “si ŋu bubu le wu” le eƒe ƒomea me. Gake melɔ̃ Yehowa o.—1 Mose 34:18, 19.

14. Nu kae dzɔ ɖe Dina dzi?

14 Nu si Sekem bu be esɔ eye wòle dzɔdzɔme nu lae wòwɔ. Esi Dina ƒe nu lé dzi nɛ ta la, “elée dɔ egbɔ hegblẽe.” (Xlẽ 1 Mose 34:1-4.) Nu vlo sia si wòwɔ la he kuxi geɖe vɛ, eye wògblẽ nu le Dina kple eƒe ƒome bliboa ŋu vevie.—1 Mose 34:7, 25-31; Galatiatɔwo 6:7, 8.

15, 16. Aleke míawɔ adze nunya?

15 Mehiã be míawɔ vodada siwo Dina wɔ hafi anya be Yehowa ƒe nudidiwo le agbe nyui nɔnɔ ŋu la nyo na mí o. “Ame si zɔna kple nunyalawo la, adze nunya, ke ame si dea ha kple bometsilawo la, eme manyo nɛ o.” (Lododowo 13:20) Ðoe wò taɖodzinu be nàse “mɔ nyuiwo katã gɔme,” eye esia awɔe be nàƒo asa na vevesese kple fukpekpe dzodzro.—Lododowo 2:6-9; Psalmo 1:1-3.

16 Míate ŋu adze nunya ne míesrɔ̃a Mawu ƒe Nya la, ne míedoa gbe ɖa hafi tsoa nya me, eye míezɔna ɖe kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa ƒe aɖaŋuɖoɖo nyuiawo nu. (Mateo 24:45; Yakobo 1:5) Ele eme be ènyae be gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo kple ame madeblibowoe mí katã míenye. (Yeremiya 17:9) Gake aleke nàwɔ nui ne ame aɖe xlɔ̃ nu wò be èle afɔ si ate ŋu akplɔ wò ade gbɔdɔdɔ manɔsenu me la ɖem? Ðe wòate ɖe dziwòa, alo àbɔbɔ ɖokuiwò axɔ aɖaŋuɖoɖoa?—2 Fiawo 22:18, 19.

17. Gblɔ ale si hati Kristotɔ aɖe ƒe aɖaŋuɖoɖo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu la ƒe kpɔɖeŋu.

17 Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Ŋutsu aɖe dze ŋku ɖe nɔvinyɔnu aɖe ŋu le afi si wòwɔa dɔ le eye wòkpenɛ be yewoado go. Ŋutsua menye Yehowa subɔla o, gake ewɔa nu ɖe ame ŋu nyuie eye wònyoa dɔme. Nɔvinyɔnu bubu kpɔ wo ame evea wole zɔzɔm ɖekae eye wòdze agbagba be yeaxlɔ̃ nu nɔvinyɔnua. Aleke nɔvinyɔnu gbãtɔa awɔ nui? Ðe wòaɖe eɖokui nua, alo ade dzesii be nunya le eme be yeawɔ ɖe nuxlɔ̃amea dzi? Anɔ eme be nɔvinyɔnua lɔ̃ Yehowa eye wòdi be yeawɔ nu si sɔ. Gake ne eyi edzi le zɔzɔm kple ŋutsu sia la, ekema ɖe wòle ‘sisim le gbɔdɔdɔ manɔsenu’ nua, alo ele ŋu ɖom ɖe “eya ŋutɔ ƒe dzi” ŋu?—Lododowo 22:3; 28:26; Mateo 6:13; 26:41.

SRƆ̃ NU TSO YOSEF ƑE KPƆÐEŊUA ME

18, 19. Gblɔ nu si kpe ɖe Yosef ŋu wòsi le gbɔdɔdɔ manɔsenu nu.

18 Esime Yosef nye ɖekakpui la, eva zu kluvi le Egipte. Eƒe aƒetɔ srɔ̃ gblɔna nɛ gbe sia gbe be wòadɔ kpli ye, gake Yosef nya be esia wɔwɔ anye nu gbegblẽ. Yosef lɔ̃ Yehowa eye wòdi be yeadze eŋu. Eya ta ɣesiaɣi si nyɔnua dze agbagba be yeable Yosef nu la, Yosef gbena. Esi wònye be kluvie Yosef nye ta la, mate ŋu atso ko adzo le eƒe aƒetɔ gbɔ o. Gbe ɖeka esi eƒe aƒetɔ srɔ̃ te kpɔ be yeazi edzi be wòadɔ kpli ye la, Yosef ‘si do go.’—Xlẽ 1 Mose 39:7-12.

19 Ne ɖe Yosef nɔa susu makɔmakɔwo ŋu bum le tame alo ɖoe koŋ nɔ drɔ̃e kum nyɔnua la, anye ne nu bubu kurae adzɔ. Gake ƒomedodo si nɔ Yosef kple Yehowa dome la nɔ vevie nɛ wu nu bubu ɖe sia ɖe. Eya ta egblɔ na nyɔnua be: “Nye aƒetɔ . . . mete nanekem o, negbe wò ko, elabena srɔ̃ae nènye. Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia gbegbe ahawɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu?”—1 Mose 39:8, 9.

20. Aleke míewɔ nya be Yosef ƒe nu dze Yehowa ŋu?

20 Togbɔ be Yosef nɔ adzɔge tso wo de kple eƒe ƒomea gbɔ hã la, eyi edzi wɔ nuteƒe na Mawu, eye Yehowa yrae. (1 Mose 41:39-49) Yosef ƒe nuteƒewɔwɔa dze Yehowa ŋu ŋutɔ. (Lododowo 27:11) Ate ŋu asesẽ be ame naƒo asa na gbɔdɔdɔ manɔsenu. Gake ɖo ŋku nya siawo dzi: “Oo mi ame siwo lɔ̃a Yehowa, mitsri vɔ̃. Ekpɔa ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la ƒe agbe ta; eɖea wo tso ame vɔ̃ɖiwo si me.”—Psalmo 97:10.

21. Aleke nɔviŋutsu aɖe srɔ̃ Yosef ƒe kpɔɖeŋuae?

21 Gbe sia gbe la, Yehowa ƒe amewo ɖenɛ fiana dzinɔameƒotɔe be ‘yewolé fu vɔ̃’ eye ‘yewolɔ̃ nyui.’ (Amos 5:15) Ƒe ka kee nèɖaxɔ o, àte ŋu awɔ nuteƒe na Yehowa. Edzɔ gbe ɖeka be nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe dze ŋgɔ xɔse ƒe dodokpɔ aɖe le suku. Nyɔnuvi aɖe gblɔ nɛ be yealɔ̃ wòadɔ kpli ye nenye be ekpe ɖe ye ŋu le akɔntabubu ƒe dodokpɔ me. Nu kae nɔviŋutsu sia wɔ? Ewɔ nu abe Yosef ene. Egblɔ be: “Megbe nɛ enumake. Nye nuteƒewɔwɔa na mese le ɖokuinye me be bubu gakpɔtɔ le ŋunye.” Vivisese si ame akpɔ tso gbɔdɔdɔ manɔsenu me “ɣeyiɣi kpui aɖe ko” la me tsonuwo nyea vevesese kple dzivee zi geɖe. (Hebritɔwo 11:25) Toɖoɖo Yehowa hea yayra mavɔwo vanɛ godoo.—Lododowo 10:22.

NA YEHOWA NAKPE ÐE ŊUWÒ

22, 23. Aleke Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míewɔ nu vɔ̃ gã gɔ̃ hã?

22 Satana adze agbagba be yeazã gbɔdɔdɔ manɔsenu atsɔ atre mɔ̃ na mí, eye tenɔnɔ ɖe enu ate ŋu asesẽ. Anɔ eme be susu manyomanyowo vaa tame na mí katã ɣeaɖewoɣi. (Romatɔwo 7:21-25) Yehowa se egɔme na mí, eye eɖoa ŋku edzi be “kewɔe míenye.” (Psalmo 103:14) Ke ne Kristotɔ aɖe ƒo eɖokui ɖe nu vɔ̃ gã si nye gbɔdɔdɔ manɔsenu me ya ɖe? Ðe mɔkpɔkpɔ gali nɛa? Ɛ̃. Ne amea trɔ dzi me vavã la, Yehowa akpe ɖe eŋu. Mawu ‘lɔ̃a tsɔtsɔke.’—Psalmo 86:5; Yakobo 5:16; xlẽ Lododowo 28:13.

23 Yehowa na “nunana siwo nye amewo” hã mí. Woawoe nye hamemetsitsi lɔ̃ame siwo tsɔ ɖe le eme na mí. (Efesotɔwo 4:8, 12; Yakobo 5:14, 15) Yehowa na hamemetsitsiwo mí be woakpe ɖe mía ŋu míadzra mía kpli ye dome ɖo.—Lododowo 15:32.

WƆ NU LE “NUNYA” ME

24, 25. Aleke “dzi nyanu” ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na gbɔdɔdɔ manɔsenu?

24 Hafi míate ŋu atso nya me nyuie la, ele be míanya ale si Yehowa ƒe sewo ɖea vi na míi. Mímedi be míanɔ abe ɖekakpui si ŋu woƒo nu tsoe le Lododowo 7:6-23 la ene o. “Tagbɔ [alo “dzi nyanu,” etenuŋɔŋlɔ]” menɔ esi o, eya ta gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe mɔ̃ ɖee. Dzi nyanu mefia be ame nanye tagbɔɖaɖɛtɔ o. Ne dzi nyanu le mía si la, míadze agbagba be míase Mawu ƒe susu le nuwo ŋu gɔme, eye míanɔ agbe ɖe wo nu. Nya siawo siwo me nunya le la nenɔ susu me na wò be: “Ame si si nunya su la lɔ̃a eɖokui. Ame si dea asixɔxɔ gɔmesese ŋu la, nu adze edzi nɛ.”—Lododowo 19:8.

25 Ðe nèka ɖe edzi bliboe be Mawu ƒe nudidiwo le eteƒea? Èka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be agbenɔnɔ ɖe wo nu ana nàkpɔ dzidzɔa? (Psalmo 19:7-10; Yesaya 48:17, 18) Ne mèka ɖe edzi bliboe haɖe o la, ekema ɖo ŋku nu nyui siwo katã Yehowa wɔ na wò la dzi. ‘Ðɔe kpɔ, eye àkpɔe be Yehowa nyo.’ (Psalmo 34:8) Àkpɔe be zi ale si nèle esia wɔm la, zi nenemae nàgalɔ̃ Mawu geɖe wu. Lɔ̃ nu siwo Mawu lɔ̃, eye nàlé fu nu siwo wòlé fui. Na nu nyuiwo naxɔ susu me na wò, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo le dzɔdzɔe, nu siwo le dzadzɛ, nu siwo dze na lɔlɔ̃ kple nuwɔna nyuiwo. (Filipitɔwo 4:8, 9) Míate ŋu anɔ abe Yosef, ame si Yehowa ƒe nunya ɖe vi na la ene.—Yesaya 64:8.

26. Nu kawo mee míadzro le ta eve siwo kplɔe ɖo me?

26 Èɖanye tre alo srɔ̃tɔ o, Yehowa di be nàse vivi na agbea eye nàkpɔ dzidzɔ. Ta eve siwo kplɔe ɖo la me nyawo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzedze le srɔ̃ɖeɖe me.