Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 17

Nɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa

Nɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa

“Mitu mia ɖokuiwo ɖo ɖe miaƒe xɔse kɔkɔetɔ la dzi . . . Minɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa.”—YUDA 20, 21.

1, 2. Nu kae míate ŋu awɔ be míayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me?

MÍ KATÃ míedi be ŋusẽ nanɔ mía ŋu eye míanɔ lãmesẽ me. Eya ta míedzea agbagba be míaɖu nu siwo me nunyiame le, míedea kame edziedzi, eye míeléa be na míaƒe ametia. Togbɔ be nu siawo wɔwɔ bia agbagbadzedze hã la, viɖe siwo dona tso eme la doa dzidzɔ na mí, eya ta míenaa ta o. Gake ele be ŋusẽ nanɔ mía ŋu eye míanɔ lãmesẽ me le go bubu aɖe hã me.

2 Togbɔ be afɔɖeɖe nyui ye wònye míewɔ be míeva le si dzem Yehowa hã la, ele be míayi edzi ana mía kplii dome ƒomedodoa me nanɔ sesẽm ɖe edzi. Esi Yuda de dzi ƒo na Kristotɔwo be, “Minɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa” la, eɖe ale si woate ŋu awɔ esiae la me. Egblɔ na wo be: “Mitu mia ɖokuiwo ɖo ɖe miaƒe xɔse kɔkɔetɔ la dzi.” (Yuda 20, 21) Ke aleke míawɔ be xɔse sẽŋu nanɔ mía si?

YI EDZI NÀNƆ WÒ XƆSE TUM ÐO

3-5. (a) Aleke Satana adi be nàse le ɖokuiwò me tso Yehowa ƒe nudidiwo ŋu? (b) Aleke nèsena le ɖokuiwò me tso Yehowa ƒe sewo kple gɔmeɖosewo ŋu?

3 Ele vevie be wò ŋutɔ nàka ɖe edzi be Yehowa ƒe mɔwoe nye nyuitɔ kekeake. Satana di be nàsusu be Mawu ƒe nudidiwo dzi wɔwɔ sesẽ akpa, eye be dzi adzɔ wò wu ne wò ŋutɔ àte ŋu atso nya me le nu si nye nyui kple vɔ̃ ŋu. Tso keke Eden-bɔa me kee Satana le agbagba dzem be yeana amewo naxɔ nya ma dzi ase. (1 Mose 3:1-6) Eye egale agbagba ma ke dzem vevie egbea hã.

4 Ðe Satana ƒe nyaa le emea? Ðe Yehowa ƒe nudidiwo dzi wɔwɔ tea ablɔɖe mía? Ao. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be èle tsa ɖim le abɔ dzeani aɖe me. Esi nèva ɖo abɔa ƒe afi aɖe la, ède dzesii be wotɔ kpɔ kɔkɔ aɖe tsɔ xe teƒe aɖe. Ðewohĩ àgblɔ le ɖokuiwò me be, ‘Nu ka tae wotsɔ kpɔtɔtɔ sia xe mɔ nam?’ Gake kaka nàse la, dzata aɖee nye ema ɖe gbe le kpɔtɔtɔa godo. Azɔ aleke nàse le ɖokuiwò me tso kpɔtɔtɔa ŋu? Dzi adzɔ wò ŋutɔ be kpɔtɔtɔa kpɔ tawò be dzataa melé wò ɖu o! Yehowa ƒe gɔmeɖosewo le abe kpɔtɔtɔ ma ene, eye Abosam le abe dzata ma ene. Mawu ƒe Nyaa xlɔ̃ nu mí be: “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ! Miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe ɖem eye wòle ame dim be yeavuvu ami ene.”—1 Petro 5:8.

5 Yehowa di be agbea nadze edzi na mí bliboe. Medi be Satana nable mí o. Esia tae wòna sewo kple gɔmeɖosewo mí be woakpɔ mía ta ahana míakpɔ dzidzɔ. (Efesotɔwo 6:11) Yakobo ŋlɔ bena: “Ame si léa ŋku ɖe se deblibo si naa ablɔɖe la ŋu, eye wònɔa edzi ɖaa la . . . akpɔ dzidzɔ le nu si wòwɔna la me.”—Yakobo 1:25.

6. Aleke míawɔ aka ɖe edzi be Mawu ƒe mɔwoe nye nyuitɔ?

6 Ne míewɔ Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi la, agbea ganyona ɖe edzi na mí wu, eye mía kple Yehowa dome gava nɔa kplikplikpli wu. Le kpɔɖeŋu me, eɖea vi na mí ne míedoa gbe ɖa edziedzi abe ale si Yehowa de dzi ƒo na mí be míanɔ ewɔm ene. (Mateo 6:5-8; 1 Tesalonikatɔwo 5:17) Dzi dzɔa mí ne míewɔa eƒe mɔfiame si nye be míanɔ ƒu ƒom asubɔe ahade dzi ƒo na mía nɔewo la dzi, eye míekpɔa dzidzɔ ne míeƒo mía ɖokui ɖe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me bliboe. (Mateo 28:19, 20; Galatiatɔwo 6:2; Hebritɔwo 10:24, 25) Ne míele ŋugble dem le ale si nu siawo kpe ɖe mía ŋu míedo ŋusẽ míaƒe xɔsee ŋu la, míegava kana ɖe edzi geɖe wu be Yehowa ƒe mɔwoe nye nyuitɔ kekeake.

7, 8. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaganɔ dzimaɖi tsim ɖe dodokpɔ siwo ate ŋu ava mía dzi le etsɔme la ŋu o?

7 Ðewohĩ míanɔ vɔvɔ̃m be xɔse ƒe dodokpɔ siwo wu tsɔtsɔ na mí la ava mía dzi le etsɔme. Ne eva eme be èse le ɖokuiwò me nenema la, ɖo ŋku Yehowa ƒe nya siawo dzi: “Nye Yehowae nye wò Mawu, nyee nye ame si fiaa nu wò be wòaɖe vi na wò, Ame si kplɔa wò toa mɔ si dzi wòle be nàto. Ne ɖe nàɖo to nye sededewo ɖe! Anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.”—Yesaya 48:17, 18.

8 Ne míeɖoa to Yehowa la, míaƒe ŋutifafa anɔ abe tɔsisi si memiena o, eye míaƒe dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoe siwo va gbãna ɖe go dzi madzudzɔmadzudzɔe la ene. Nu ka kee ɖadzɔ ɖe mía dzi le agbe me o, míate ŋu awɔ nuteƒe. Biblia gblɔ be: “Dro wò agba ɖe Yehowa dzi, ekema alé wò ɖe te. Mana ame dzɔdzɔe nadze anyi akpɔ o.”—Psalmo 55:22.

‘YI ŊGƆ NÀÐO TSITSINYENYE GBƆ’

9, 10. Nu kae wòfia be ame natsi le gbɔgbɔ me?

9 Ne èyi edzi le ŋusẽ dom ƒomedodo si le wò kple Yehowa dome la, ‘àyi ŋgɔ aɖo tsitsinyenye gbɔ.’ (Hebritɔwo 6:1) Nu kae wòfia be míaɖo tsitsinyenye gbɔ?

10 Menye tsitsi le ƒe mee ana míaɖo Kristotɔwo ƒe tsitsinyenye gbɔ o. Hafi míate ŋu atsi le gbɔgbɔ me la, ele be míana Yehowa nanye mía Xɔlɔ̃ vevitɔ, eye míana eƒe susu le nuwo ŋu nanɔ mía si. (Yohanes 4:23) Paulo ŋlɔ bena: “Ame siwo nɔa agbe ɖe ŋutilã nu la tsɔa woƒe susuwo ɖoa ŋutilã la ƒe nuwo ŋu, ke ame siwo nɔa agbe ɖe gbɔgbɔ la nu la tsɔa woƒe susuwo ɖoa gbɔgbɔ la ƒe nuwo ŋu.” (Romatɔwo 8:5) Ame si tsi le gbɔgbɔ me la menana dzidzɔdonamenuwo kple ŋutilãmenuwo nyea nu vevitɔ nɛ le agbe me o. Ke boŋ eléa fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu eye wòwɔa tiatia nyuiwo le agbe me. (Lododowo 27:11; xlẽ Yakobo 1:2, 3.) Meɖea mɔ ame bubuwo kpɔa ŋusẽ ɖe edzi be wòawɔ nu gbegblẽ o. Ame si tsi le gbɔgbɔ me la nya nu si nye nu nyui eye wòɖonɛ kplikpaa be yeawɔe.

11, 12. (a) Nya kae Paulo gblɔ tso Kristotɔ ƒe “nugɔmeseseŋutetewo” ŋu? (b) Aleke míate ŋu atsɔ nu si wòbia be woazu Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me la asɔ kple nu si wòbia be woazu kamedefefewɔla?

11 Ebia agbagbadzedze be ame natsi le gbɔgbɔ me. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ame tsitsiwo tɔe nye nuɖuɖu sesẽ, ame siwo na hehe woƒe nugɔmeseseŋutetewo to wo zazã me, be woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome.” (Hebritɔwo 5:14) Nya “hehe,” si wozã le kpukpui sia me la ate ŋu ana míaƒe susu nayi ale si kamedefefewɔla nɔa kame dem edziedzi la dzi.

12 Ne míekpɔ kamedefefewɔla bibi aɖe wòle kamedefefe wɔm la, míenyana be ezã ɣeyiɣi geɖe tsɔ xɔ hehe hafi ŋutete ma su esi. Womedzii kamedefefewɔlae o. Ne wodzi vidzĩ la, menyana ale si tututu wòazã eƒe abɔwo kple afɔwoe o. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva nyana ale si wòatsɔ eƒe asiwo alé nuwo kple ale si wòazɔ azɔli. Ne exɔ hehe la, ate ŋu ava zu kamedefefewɔla. Le mɔ ma ke nu la, ebia ɣeyiɣi kple hehexɔxɔ be míava zu Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me.

13. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ ale si míabu nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene?

13 Míedzro ale si míate ŋu abu nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene kple ale si míana eƒe susu le nuwo ŋu nanɔ mía si la me le agbalẽ sia me. Míesrɔ̃ ale si míade asixɔxɔ Yehowa ƒe nudidiwo ŋu ahalɔ̃ wo. Ne míele nya me tsom la, míebiaa mía ɖokui be: ‘Biblia me se alo gɔmeɖose kawoe ku ɖe nɔnɔme sia ŋu? Aleke mate ŋu awɔ wo ŋu dɔe? Nu kae Yehowa adi be mawɔ le nɔnɔme sia me?’—Xlẽ Lododowo 3:5, 6; Yakobo 1:5.

14. Nu kae wòle be míawɔ be míaƒe xɔse me nasẽ?

14 Míeyia edzi nɔa ŋusẽ dom míaƒe Yehowa dzi xɔxɔ se ɖaa. Abe ale si ko nu siwo me nunyiame le ɖuɖu wɔnɛ be ŋusẽ ɖoa míaƒe ametia ŋu ene la, nenema kee nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu nana míaƒe xɔse me sẽna. Esi míete Biblia sɔsrɔ̃ la, míesrɔ̃ nyateƒenya veviwo tso Yehowa kple eƒe mɔwo ŋu. Gake esi ɣeyiɣiwo va le yiyim la, ehiã be míase nu siwo goglo wu la gɔme. Esiae Paulo wɔnɛ esi wògblɔ be: “Ame tsitsiwo tɔe nye nuɖuɖu sesẽ.” Ne míenɔa agbe ɖe nu siwo míesrɔ̃na nu la, míedzea nunya. Biblia gblɔ na mí be: “Nunyae nye nu vevitɔ.”—Lododowo 4:5-7; 1 Petro 2:2.

15. Aleke gbegbee wòle vevie be míalɔ̃ Yehowa kple mía nɔviwo tso dzi me?

15 Ŋusẽ ate ŋu anɔ ame aɖe ŋu eye wòanɔ lãmesẽ me, gake be wòayi edzi anɔ lãmesẽ me la, enyae be ele be yeayi edzi anɔ be lém na ye ɖokui. Le mɔ ma ke nu la, ame si tsi le gbɔgbɔ me la nyae be ele be yeaku kutri hafi ye kple Yehowa dome ƒomedodoa nayi edzi asẽ ŋu. Paulo gblɔ na mí be: “Minɔ mia ɖokui dom kpɔ be miele xɔse la me hã; minɔ mia ɖokui me dzrom kpɔ ne mianya ame siwo ƒomevi mienye.” (2 Korintotɔwo 13:5) Gake menye xɔse sẽŋu koe hiã mí o. Ele be lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa kple mía nɔviwo la nayi edzi anɔ tsitsim. Paulo gblɔ be: ‘Ne sidzedze le asinye, eye xɔse le asinye ale gbegbe be mate ŋu aho towo, gake lɔlɔ̃ mele asinye o la, nyemenye naneke o.’—1 Korintotɔwo 13:1-3.

WÒ ŊKU NENƆ WÒ MƆKPƆKPƆ LA DZI

16. Aleke Satana di be míase le mía ɖokui me?

16 Satana di be míasusu be míate ŋu awɔ nu wòadze Yehowa ŋu gbeɖe o. Edi be dzi naɖe le mía ƒo eye míasusu be wɔna aɖeke meli tso míaƒe kuxiwo ŋu o. Medi be míaka ɖe mía nɔvi Kristotɔwo dzi o, eye medi be míakpɔ dzidzɔ hã o. (Efesotɔwo 2:2) Satana nyae be nuŋububu manyomanyowo ate ŋu agblẽ nu le míawo ŋutɔwo kpakple ƒomedodo si le mía kple Mawu dome la ŋu. Gake Yehowa na nane si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu nuŋububu manyomanyowo dzi la mí. Eyae nye mɔkpɔkpɔ.

17. Aleke gbegbee mɔkpɔkpɔ le vevie?

17 Le 1 Tesalonikatɔwo 5:8 la, Biblia tsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔa sɔ kple gakuku si kpɔa asrafo ƒe ta ta le aʋagbedzi, eye wòyɔ gakuku ma be “xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔ la.” Ne míekpɔa mɔ na Yehowa ƒe ŋugbedodowo me vava la, esia akpɔ míaƒe susu ta eye wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu nuŋububu manyomanyowo dzi.

18, 19. Aleke mɔkpɔkpɔ si nɔ Yesu si la do ŋusẽe?

18 Mɔkpɔkpɔ si nɔ Yesu si la do ŋusẽe. Le eƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ me la, eto nɔnɔme sesẽ vovovowo me. Exɔlɔ̃ kplikplikpli aɖe dee asi. Exɔlɔ̃ bubu gblɔ be yemedze sii gɔ̃ hã o. Eye bubuawo hã gblee ɖi hesi dzo. Eya ŋutɔ detɔwo tsi tre ɖe eŋu hebia be woawɔ funyafunyae wòaku. Nu kae kpe ɖe eŋu wòte ŋu nɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ siawo gbegbe nu? Biblia gblɔ be: “Le dzidzɔ si wotsɔ ɖo eŋkume ta la, edo dzi kpe fuwɔameti ŋuti fu, eye mebu ŋukpe ɖe naneke me o, eye wòbɔbɔ nɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe ɖusime.”—Hebritɔwo 12:2.

19 Yesu nyae be yeƒe nuteƒewɔwɔ ahe ŋutikɔkɔe vɛ na ye Fofo eye aɖee afia be Satana nye aʋatsokala. Mɔkpɔkpɔ sia na dzi dzɔe ale gbegbe. Enyae hã be eteƒe madidi o, yeagawɔ ɖeka kple ye Fofo le dziƒo. Mɔkpɔkpɔ sia kpe ɖe eŋu wòdo dzi. Ele be míawo hã míana míaƒe susu nanɔ míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋu abe ale si Yesu wɔe ene. Esia akpe ɖe mía ŋu míado dzi, nu ka kee ɖadzɔ o.

20. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be mɔkpɔkpɔ nagabu ɖe wò o?

20 Yehowa dea dzesi wò xɔse kple dzidodo. (Yesaya 30:18; xlẽ Malaki 3:10.) Edo ŋugbe be yeana “nu siwo wò dzi di la wò.” (Psalmo 37:4) Eya ta na wò susu nanɔ wò mɔkpɔkpɔ la dzi. Satana di be mɔkpɔkpɔ nabu ɖe wò, eye nàse le ɖokuiwò me be Yehowa ƒe ŋugbedodowo mava eme gbeɖe o. Gake mègaɖe mɔ nuŋububu manyomanyowo naɖu dziwò o! Ne ède dzesii be wò mɔkpɔkpɔa me le gbɔdzɔgbɔdzɔm la, bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò. Ðo ŋku nya siwo dze le Filipitɔwo 4:6, 7 la dzi. Afi ma gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.”

21, 22. (a) Nu kae nye Yehowa ƒe tameɖoɖo na anyigba? (b) Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

21 Di ɣeyiɣi nànɔ ŋugble dem le etsɔme nyui si le mía si la ŋu edziedzi. Eteƒe madidi o, ame sia ame si le agbe la asubɔ Yehowa. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Bu ale si agbea anɔ le xexe yeyea me ŋu kpɔ. Anyo sãsãsã wu ale si míebui! Satana, eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo kple vɔ̃ɖinyenye katã nu ayi. Màdze dɔ o, eye màku hã o. Gbe sia gbe si nèfɔ la, àkpɔe be ŋusẽ geɖe le ye ŋu eye dzi adzɔ wò be èle agbe. Amewo katã awɔ dɔ ɖekae adzra anyigba dzi ɖo wòazu paradiso. Ame sia ame akpɔ nu nyui aɖu kple teƒe si le dedie anɔ. Amewo manye ŋutasẽlawo alo awɔ nu vɔ̃ɖi o, ke boŋ woanyo dɔme na wo nɔewo tso dzi me. Mlɔeba la, ame siwo katã le anyigba dzi la akpɔ “Mawu ƒe viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la.”—Romatɔwo 8:21.

22 Yehowa di be nàna yeanye Xɔ̃wò vevitɔ. Eya ta wɔ wò ŋutete katã be nàɖo to Yehowa ahanɔ tetem ɖe eŋu geɖe wu gbe sia gbe. Ɛ̃, neva eme be mí katã míayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me yi ɖe mavɔmavɔ me!—Yuda 21.