Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 12

Gblɔ Nya Siwo “Nyo Hena Tutuɖo”

Gblɔ Nya Siwo “Nyo Hena Tutuɖo”

“Migana nya ƒaƒã aɖeke nado tso miaƒe nu me o, ke boŋ nya siwo nyo hena tutuɖo.”—EFESOTƆWO 4:29.

1-3. (a) Nu nyui siwo Yehowa na mí la dometɔ ɖekae nye ka? Aleke wòate ŋu adzɔe be míazãe le mɔ gbegblẽ nu? (b) Aleke wòle be míazã nuƒoƒo ƒe nunana lae?

VIFOFO aɖe ƒle gasɔ na viaŋutsu si nye sɔhɛ. Dzidzɔe wònye nɛ be yetsɔ nunana tɔxɛ ma na ye via. Gake ne ɖevia doa gasɔa ɖekematsɔlemetɔe, si wɔe be wòtsɔe lɔ ame aɖe hewɔ nuvevii ya ɖe? Aleke vifofoa ase le eɖokui me?

2 Yehowa gbɔe “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã tso.” (Yakobo 1:17) Nu nyui siwo wòna mí la dometɔ ɖekae nye nuƒoƒo ƒe ŋutete si le mía si. Nuƒoƒo ƒe nunanaa wɔnɛ be míetea ŋu ɖea míaƒe susuwo kple seselelãmewo gblɔna. Ewɔnɛ hã be míetea ŋu gblɔa nya siwo tua amewo ɖo henana woƒe dzi dzea eme. Gake nya siwo míegblɔna ate ŋu agblẽ nu le amewo ŋu ahana woase veve hã.

3 Ŋusẽ le nya siwo míegblɔna ŋu ale gbegbe, eye Yehowa fiaa mí ale si míawɔ nuƒoƒo ƒe nunanaa ŋu dɔ nyuie. Egblɔ na mí be: “Migana nya ƒaƒã aɖeke nado tso miaƒe nu me o, ke boŋ nya siwo nyo hena tutuɖo le ale si nɔnɔmea le nu, ale be wòaɖe vi na ame siwo asee la.” (Efesotɔwo 4:29) Na míadzro ale si míate ŋu azã nunana sia si tso Mawu gbɔ la wòadze eŋu kpakple ale si míatsɔe ade dzi ƒo na amewo la me.

ÐƆ ŊU ÐO LE NUƑOƑO ME

4, 5. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Biblia me lododowo me ku ɖe ŋusẽ si le míaƒe nyawo ŋu me?

4 Ŋusẽ le nya siwo dona le mía nu la ŋu, eya ta ele be míaɖɔ ŋu ɖo le nya siwo míegblɔna kple ale si míegblɔa woe me. Lododowo 15:4 gblɔ be: “Aɖe fafɛ la, agbeti wònye, ke nya totro nana mɔkpɔkpɔ buna ɖe ame.” Abe ale si ko ati nyui dama naa dzidzeme kple agbee ene la, nenema kee nya tuameɖowo hã nana esela ƒe dzi dzea emee. Gake nya tɔamewo nana amewo sea veve eye wòtena ɖe wo dzi.—Lododowo 18:21.

Nuƒoƒo tufafatɔe nana ame ƒe dzi dzea eme

5 Lododowo 12:18 gblɔ be: “Nuƒoƒo eŋumabumabui le abe yitɔame ene.” Nya veamewo ate ŋu ade abi ame ƒe seselelãme ŋu eye wòana xɔlɔ̃wo dome nagblẽ. Ðewohĩ àɖo ŋku ɣeaɖeɣi si ame aɖe ƒo nu do ɖe gbɔwò si wɔe be nèse veve vevie la dzi. Ke hã, lododo ma gblɔ yi edzi be: “Nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” Nya si wogblɔ ameŋububutɔe ate ŋu ada gbe le dzi si xɔ abi ŋu eye wòana xɔlɔ̃ siwo dome gblẽ le nugɔmemasemasewo ta la dome nagaɖɔ ɖo. (Xlẽ Lododowo 16:24.) Ne míeɖoa ŋku edzi be míaƒe nyawo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe seselelãmewo dzi la, míaɖɔ ŋu ɖo le nuƒoƒo me.

6. Nu ka tae wònyea avu kple kɔ be míaɖɔ ŋu ɖo le nya siwo míegblɔna me?

6 Susu bubu si tae wòle be míaɖɔ ŋu ɖo le nuƒoƒo mee nye be mía dometɔ aɖeke mede blibo o. “Amegbetɔ ƒe dzimesusu nye vɔ̃” eye zi geɖe la, míaƒe nyawo ɖea nu siwo le dzi me na mí la fiana. (1 Mose 8:21; Luka 6:45) Ɣeaɖewoɣi la, avu kple kɔe wònyena be míaɖɔ ŋu ɖo le míaƒe nuƒoƒo me. (Xlẽ Yakobo 3:2-4.) Gake ele be míayi edzi anɔ agbagba dzem be míana ale si míeƒoa nui la naganyo ɖe edzi.

7, 8. Ŋusẽ kae míaƒe nyawo ate ŋu akpɔ ɖe mía kple Yehowa dome ƒomedodoa dzi?

7 Susu bubu si tae wòle be míaɖɔ ŋu ɖo le nuƒoƒo mee nye be míabu akɔnta na Yehowa ɖe nya siwo míegblɔna kple ale si míegblɔa woe ta. Yakobo 1:26 gblɔ be: “Ne ame aɖe bua eɖokui mawusubɔlae, evɔ meléa eƒe aɖe o la, eya ŋutɔ ƒe dzi blem wòle, eye eƒe subɔsubɔ nye dzodzro.” Nya si gɔme woɖe be “dzodzro” la agate ŋu afia nu si ŋu “viɖe aɖeke mele” o. (1 Korintotɔwo 15:17) Eya ta ne míeɖɔa ŋu ɖo le míaƒe nuƒoƒo me o la, esia ate ŋu agblẽ nu le ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la ŋu alo be edome nagblẽ kura.—Yakobo 3:8-10.

8 Eme kɔ ƒãa be susu nyuiwo li siwo tae wòle be míaɖɔ ŋu ɖo le nya siwo míegblɔna kple ale si míegblɔa woe me. Hafi míate ŋu azã nuƒoƒo ƒe nunanaa wòasɔ ɖe ale si Yehowa dii nu la, ele be míanya nyagbɔgblɔ siwo tɔgbi wòle be míaƒo asa na.

NYA SIWO GBLẼA NU LE AME ŊU

9, 10. (a) Nya kawo tɔgbi gbɔgblɔe bɔ ɖe xexea me egbea? (b) Nu ka tae míeƒoa asa na nya madzetowo gbɔgblɔ?

9 Nya madzetowo, alo nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ bɔ egbea ŋutɔ. Ame geɖe susu be ele be yewoadzu ame alo azã nya madzetowo atsɔ aɖe yewoƒe seselelãmewo agblɔ. Nukokoedonamelawo gblɔa fefenya madzetowo kple nya ƒaƒãwo tsɔ doa nukokoe na amewo. Ke hã, apostolo Paulo gblɔ be: “Miɖe asi le nu siawo katã ŋu keŋkeŋ: dziku, dɔmedzoe, vɔ̃ɖinyenye, eye nya veamewo kple yakanyawo negado le mia nu o.” (Kolosetɔwo 3:8) Egblɔ hã be mele be woagblɔ ‘fefenya madzetowo’ le Kristotɔ vavãwo ‘dome gɔ̃ hã o.’—Efesotɔwo 5:3, 4.

10 Nya madzetowo medzea Yehowa kpakple ame siwo lɔ̃e la ŋu o. Enye makɔmakɔnyenye. Le Biblia me la, “makɔmakɔnyenye” hã kpe ɖe “ŋutilã la ƒe dɔwɔwɔwo” ŋu. (Galatiatɔwo 5:19-21) “Makɔmakɔnyenye” lɔ nu vɔ̃ ƒomevi vovovowo ɖe eme, eye ame ɖokui ƒoƒo ɖe nuwɔna makɔmakɔ aɖe me ate ŋu akplɔe ade nuwɔna makɔmakɔ bubu me. Ne ame aɖe lɔ̃a nya makɔmakɔwo, alo nya madzeto siwo gbɔ eme gbɔgblɔ eye wògbe be yemadzudzɔ o la, esia ate ŋu afia be megadze anɔ hamea me o.—2 Korintotɔwo 12:21; Efesotɔwo 4:19; kpɔ Dzesidenya 23 lia.

11, 12. (a) Aleke wòate ŋu adzɔe be míaƒe dzeɖoɖowo nava zu amenyagbɔgblɔ vɔ̃ɖi? (b) Nu ka tae wòle be míaƒo asa na ameŋugbegblẽ?

11 Ele be míaƒo asa na amenyagbɔgblɔ vɔ̃ɖi hã. Ele dzɔdzɔme nu be míatsɔ ɖe le eme na amewo eye míaɖo dze tso nu siwo le edzi yim le mía xɔlɔ̃wo kple míaƒe ƒometɔwo ƒe agbe me ŋu na ame bubuwo. Le ƒe alafa gbãtɔ me gɔ̃ hã la, Kristotɔwo dina be yewoanya ale si nuwo le yiyim na yewo nɔviwo kple nu si yewoate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu. (Efesotɔwo 6:21, 22; Kolosetɔwo 4:8, 9) Gake ele bɔbɔe be dzeɖoɖo tso amewo ŋu natrɔ azu ameŋunyagbɔgblɔ vɔ̃ɖi. Ne míegblɔa amewo ŋu nya siwo míese na ame bubuwo la, ɖewohĩ míava nɔ nya siwo menye nyateƒe o la gblɔm alo be míaʋu go nya siwo wòle be woanɔ ɣaɣla hafi. Ne míekpɔ nyuie o la, amewo ŋu nya gbɔgblɔ sia tɔgbi ate ŋu ava zu alakpanutsotso alo ameŋugbegblẽ. Farisitɔwo tso Yesu nu alakpatɔe esi wogblɔ be ewɔ nu siwo mewɔ hafi o. (Mateo 9:32-34; 12:22-24) Ameŋugbegblẽ ƒoa ɖi ame ƒe ŋkɔ, ehea nyahehewo kple dzivee vanɛ, eye wònana xɔlɔ̃wo dome gblẽna.—Lododowo 26:20.

12 Yehowa di be míazã míaƒe nyawo atsɔ akpe ɖe amewo ŋu ahade dzi ƒo na wo, ke menye be míazãe atsɔ ana xɔlɔ̃wo nava zu futɔwo o. Yehowa lé fu “ame si dea dzre nɔviwo dome.” (Lododowo 6:16-19) Ameŋugblẽla gbãtɔe nye Satana Abosam, ame si gblẽ Mawu ŋu. (Nyaɖeɖefia 12:9, 10) Egbea, ebɔ be amewo nagblɔ alakpanyawo tso ame bubuwo ŋu. Gake mele be wòanɔ nenema le Kristo hamea me o. (Galatiatɔwo 5:19-21) Eya ta ele be míaɖɔ ŋu ɖo le nya siwo míegblɔna ŋu eye míabu nuwo ŋu nyuie hafi aƒo nu. Hafi nàgblɔ nya aɖe si nèse tso ame aɖe ŋu na ame bubu la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nya si gblɔ ge megbɔna la nye nyateƒea? Ðe wòanye dɔmenyonyo be magblɔ nya sia? Ðe wòatu ame ɖoa? Ðe madi be ame si ŋu nya gblɔm mele la nase nya siwo gblɔm melea? Aleke mase le ɖokuinye me ne ame aɖe gblɔ nya sia tso ŋunye?’—Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 4:11.

13, 14. (a) Nu kae nya veamewo gbɔgblɔ ate ŋu agblẽ le amewo ŋu? (b) Nu kae nye amedzudzu? Nu ka tae wòle be Kristotɔwo naƒo asa na amedzudzu?

13 Ɣeaɖewoɣi la, mí katã míegblɔa nya siwo va vea mí emegbe. Gake mele be wòazu numame na mí be míanɔ nu ƒom tsi tre ɖe amewo ŋu alo anɔ nya manyomanyowo alo ameŋugblẽnyawo gblɔm tso wo ŋu o. Ele be míatsri nya veamewo gbɔgblɔ. Paulo gblɔ be: “Miɖe ameléleɖedɔme kaɖikaɖi, dɔmedzoe, dziku, ɣlidodo, kple nya veame ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa le mia dome.” (Efesotɔwo 4:31) Biblia bubuwo ɖe ‘nya veamewo’ gɔme be “nya vlowo,” “nya tɔamewo” kple “dzugbewo.” Nya veamewo kloa bubu le amewo ŋu eye wonana wosena le wo ɖokui me be yewomele ɖeke me o. Ðeviwo koŋ dzie nya mawo tena ɖo bɔbɔe wu, eya ta ele be míaɖɔ ŋu ɖo etɔxɛe be míagatsɔ míaƒe nyawo agbã dzi na wo o.—Kolosetɔwo 3:21.

14 Amedzudzu nye nya veame aɖe si nu sẽ si ŋu Biblia xlɔ̃ nu mí tsoe vevie. Amedzudzu fia be ame nanɔ vlodoamenyawo gbɔgblɔ dzi ɖe ame ŋu kple susu be wòavee. Aleke gbegbe wòawɔ nublanui ye nye esi be ame aɖe nanɔ nu wɔm ɖe srɔ̃a alo viawo ŋu nenema! Le nyateƒe me la, ne ame aɖe gbe be yemadzudzɔ amedzudzu o la, magadze anɔ hamea me o. (1 Korintotɔwo 5:11-13; 6:9, 10) Abe ale si míesrɔ̃e va yi ene la, ne míegblɔa nya madzetowo, nya siwo menye nyateƒe o, alo míeƒoa nu ameŋumabumabutɔe la, agblẽ nu le ƒomedodo si le mía kple Yehowa kpakple ame bubuwo dome la ŋu.

NYA SIWO TUA AME ÐO

15. Nuƒoƒo ka tɔgbie nana ƒomedodowo me sẽna?

15 Aleke míate ŋu azã nuƒoƒo ƒe nunanaa abe ale si Yehowa dii ene? Togbɔ be Biblia megblɔ nya siwo tututu wòle be míagblɔ kple esiwo mele be míagblɔ o na mí o hã la, egblɔ be míagblɔ “nya siwo nyo hena tutuɖo.” (Efesotɔwo 4:29) Nya siwo tua ame ɖo la dza, wonyea nyateƒe, eye woɖea ameŋububu fiana. Yehowa di be míana míaƒe nyawo nade dzi ƒo na amewo eye wòakpe ɖe wo ŋu. Esia tea ŋu sesẽna ɣeaɖewoɣi. Nya tuameɖowo gbɔgblɔ bia agbagbadzedze geɖe wu ameŋugblẽnyawo gbɔgblɔ kple nuƒoƒo ŋumaɖɔɖotɔe. (Tito 2:8) Na míadzro mɔ siwo nu míate ŋu azã míaƒe nyawo atsɔ atu amewo ɖo le la dometɔ aɖewo me.

16, 17. (a) Nu ka tae wòle be míakafu amewo? (b) Ame kawoe míate ŋu akafu?

16 Yehowa kple Yesu siaa kafua ame. Míedi be míasrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua. (Mateo 3:17; 25:19-23; Yohanes 1:47) Hafi nya siwo míagblɔ atsɔ akafu ame aɖe nade dzi ƒo nɛ ŋutɔŋutɔ la, ele be míabu nuwo ŋu nyuie eye míatsɔ ɖe le eme nɛ hã. Lododowo 15:23 gblɔ be: “Nya si wogblɔ ɖe egblɔɣi la vivina loo!” Ne ame aɖe kafu mí tso dzi me ɖe dɔ sesẽ aɖe si míewɔ ta alo ɖee fia be yekpɔ ŋudzedze ɖe nane si míewɔ ŋu la, esia dea dzi ƒo na mí.—Xlẽ Mateo 7:12; kpɔ Dzesidenya 27 lia.

17 Ne enye numame na wò be wò susu nɔa amewo ƒe nyuiƒewo ŋu la, anɔ bɔbɔe na wò be nàkafu wo tso dzi me. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ède dzesii be nɔvi aɖe dzrana ɖo ɖe eƒe dɔdeasiwo ŋu nyuie alo be edzea agbagba ɖoa nya ŋu le kpekpeawo me. Ðewohĩ sɔhɛ aɖe nɔ te ɖe dodokpɔ aɖe nu le suku, alo nɔvi tsitsi aɖe kpɔa gome le subɔsubɔdɔa me edziedzi. Ate ŋu anye be nya siwo nàgblɔ atsɔ akafu wo la tututue nye nu si wohiã. Ele vevie ŋutɔ hã be srɔ̃ŋutsu nagblɔ na srɔ̃a be yelɔ̃e eye yekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu. (Lododowo 31:10, 28) Abe ale si ko nu miemiewo hiã ɣe ƒe keklẽ kple tsi ene la, ehiã be amewo hã nase le wo ɖokuiwo me be wokpɔa ŋudzedze ɖe yewo ŋu. Esia nye nyateƒe vevietɔ le ɖeviwo gome. Wɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋu dɔ nàkafu wo ɖe woƒe nɔnɔme nyuiwo kple agbagbadzedzewo ta. Ne èkafu wo la, ate ŋu ana dzi naɖo wo ƒo eye aʋã wo be woaku kutri geɖe wu be woawɔ nu si sɔ.

Nya siwo míegblɔna kple ale si míegblɔa woe la ate ŋu ade dzi ƒo na amewo ahafa akɔ na wo

18, 19. Nu ka tae wòle be míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míade dzi ƒo na amewo ahafa akɔ na wo? Aleke míate ŋu awɔ esiae?

18 Ne míedea dzi ƒo na amewo hefaa akɔ na wo la, ke míele Yehowa ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃m. Etsɔ ɖe le eme na “ɖokuibɔbɔlawo” kple “ame siwo wogbã gudugudu” la vevie. (Yesaya 57:15) Yehowa di be ‘míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo’ eye míafa “akɔ na ame siwo lé blanui.” (1 Tesalonikatɔwo 5:11, 14) Ne míedzea agbagba be míawɔ esia la, ekpɔnɛ eye wòkpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe agbagbadzedzewo ŋu.

19 Ðewohĩ àde dzesii be dzi ɖe le hamea me tɔ aɖe ƒo eye wòlé blanui. Nya kae nàte ŋu agblɔ atsɔ akpe ɖe eŋu? Anɔ eme be màte ŋu akpɔ kuxia gbɔ ya o, gake àte ŋu ana amea nakpɔe be ètsɔ ɖe le eme na ye. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu awɔ ɖoɖo be wò kplii miade ha ɖekae. Àte ŋu axlẽ mawunyakpukpui aɖe atsɔ ade dzi ƒo nɛ alo ado gbe ɖa kplii gɔ̃ hã. (Psalmo 34:18; Mateo 10:29-31) Ka ɖe edzi na ame siawo be nɔvi siwo le hamea me la lɔ̃ wo. (1 Korintotɔwo 12:12-26; Yakobo 5:14, 15) Eye na wòadze le wò nuƒoƒo me be èka ɖe nya si gblɔm nèle dzi eye be etso dzi me na wò.—Xlẽ Lododowo 12:25.

20, 21. Nu kae nana wònɔa bɔbɔe na amewo be woaxɔ aɖaŋuɖoɖo?

20 Ne míeɖoa aɖaŋu nyuiwo na amewo la, esia hã tua wo ɖo. Esi míede blibo o ta la, ehiãna be woaɖo aɖaŋu na mí katã ɣeaɖewoɣi. Lododowo 19:20 gblɔ be: “Se aɖaŋuɖoɖo, eye nàxɔ amehehe, ne nàdze nunya le etsɔ si gbɔna me.” Menye hamemetsitsiwo koe wòle be woaɖo aɖaŋu na amewo alo axlɔ̃ nu wo o. Ehiã be dzilawo nafia mɔ wo viwo. (Efesotɔwo 6:4) Eye nɔvinyɔnuwo hã ate ŋu aɖo aɖaŋu nyuiwo na wo nɔewo. (Tito 2:3-5) Esi míelɔ̃ mía nɔviwo ta la, míedzea agbagba be míakpɔ egbɔ be ale si míeɖoa aɖaŋu na woe la mana wòate ɖe wo dzi o. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le go sia me?

21 Ðewohĩ àɖo ŋku edzi be ame aɖe ɖo aɖaŋu nyui aɖe na wò le mɔ si nɔ bɔbɔe na wò be nàxɔe la nu. Nu kae wɔe be eƒe aɖaŋuɖoɖoa de dzi gbɔ na wò? Anɔ eme be èse le ɖokuiwò me be amea tsɔ ɖe le eme na wò vavã. Alo be ɖewohĩ eƒo nu dɔmenyotɔe le lɔlɔ̃ me. (Kolosetɔwo 4:6) Ðewohĩ etu eƒe aɖaŋuɖoɖoa ɖe Biblia me nyawo dzi. (2 Timoteo 3:16) Míeɖayɔ nyawo tso Biblia me tẽe loo alo míeyɔe o, ele be míatu aɖaŋu ɖe sia ɖe si míaɖo la ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi. Mele be ame aɖeke nazi eƒe susuwo ɖe ame bubuwo dzi alo atro gɔmesese si le ŋɔŋlɔawo ŋu atsɔ aɖo kpe eƒe nyawo dzi o. Ŋkuɖoɖo ale si ame aɖe ɖo aɖaŋu na wò dzi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàɖo aɖaŋu na ame bubuwo.

22. Aleke nàdi be yeazã yeƒe nuƒoƒo ƒe nunana lae?

22 Nuƒoƒo ƒe ŋutete la nye nunana tso Mawu gbɔ. Ele be lɔlɔ̃ si le mía si nɛ la naʋã mí be míawɔ eŋu dɔ nyuie. Ðo ŋku edzi be ŋusẽ le míaƒe nyawo ŋu be woatu ame ɖo loo alo agblẽ nu le ame ŋu. Eya ta mina míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míana míaƒe nyawo nado ŋusẽ amewo ahade dzi ƒo na wo.