Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 4

Nu Ka Tae Wòle Be Míade Bubu Ame Siwo Le Ŋusẽnɔƒewo Ŋu?

Nu Ka Tae Wòle Be Míade Bubu Ame Siwo Le Ŋusẽnɔƒewo Ŋu?

“Mibu ame ƒomeviwo katã, milɔ̃ nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã, mivɔ̃ Mawu, mibu fia la.”—1 PETRO 2:17.

1, 2. (a) Ame ka ƒe mɔfiame dzie wòle be míazɔ ɖo? (b) Nyabiase kawo mee míadzro le ta sia me?

ESI nènye ɖevi la, ɖewohĩ edzɔ ɣeaɖewoɣi be dziwòlawo bia tso asiwò be nàwɔ nane si mèdi be yeawɔ o. Èlɔ̃ dziwòlawo eye ènyae be ele be yeaɖo to wo. Gake anɔ eme be menye ɣesiaɣie nèdina be yeaɖo to wo o.

2 Míenya be Yehowa, mía Fofo la lɔ̃ mí. Eléa be na mí eye wòkpɔa egbɔ be nu sia nu si ana míase vivi na agbea la su mía si. Enaa mɔfiame siwo míehiã be agbea nadze edzi na mí la hã mí. Ɣeaɖewoɣi la, enaa mɔfiame mí to amewo dzi. Ehiã be míade bubu Yehowa ƒe ŋusẽ ŋu. (Lododowo 24:21) Gake nu ka tae wòsesẽna na mí ɣeaɖewoɣi be míaxɔ mɔfiame? Nu ka tae Yehowa di tso mía si be míawɔ ɖe mɔfiame dzi? Eye aleke míate ŋu aɖee afia be míedea bubu eƒe ŋusẽ ŋu?—Kpɔ Dzesidenya 9 lia.

NU KA TAE WÒSESẼNA?

3, 4. Aleke wòdzɔe be amegbetɔwo va zu ame madeblibowo? Nu ka tae wòtea ŋu sesẽna na mí be míaxɔ mɔfiame tso ame bubuwo gbɔ?

3 Le dzɔdzɔme nu la, amegbetɔwo dina be yewoadze aglã. Aleae wòle tso esime ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ, Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃. Togbɔ be Mawu wɔ wo wode blibo hã la, wodze aglã ɖe eƒe dziɖuŋusẽ ŋu. Tso ɣemaɣi la, ame siwo katã wodzina la nyea ame madeblibowo. Míaƒe blibomademade la nye susu ɖeka si ta wòsesẽna na mí be míaxɔ mɔfiame tso Yehowa kple amewo gbɔ. Susu bubu hãe nye be, ame siwo dzi Yehowa tona naa mɔfiame mí la hã nye ame madeblibowo.—1 Mose 2:15-17; 3:1-7; Psalmo 51:5; Romatɔwo 5:12.

4 Esi míede blibo o ta la, etea ŋu dzɔna be míedana. Dada nana wòsesẽna na mí be míaxɔ mɔfiame. Le kpɔɖeŋu me, le blema Israel la, Yehowa tia Mose be wòakplɔ yeƒe amewo. Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Kora, si subɔ Yehowa ƒe geɖe la, va de asi dada me eye mede bubu Mose ŋu kura o. Togbɔ be Mose ye nɔ Mawu ƒe amewo kplɔm hã la, menye ame si dana o. Le nyateƒe me la, wogblɔ tso eŋu be eyae nye ame si fa wu ɣemaɣi. Gake Kora melɔ̃ xɔ mɔfiame tso Mose gbɔ o. Eƒoe ɖe ame gbogbo aɖewo nu wowɔ ɖeka kplii hedze aglã ɖe Mose ŋu. Nu kae do tso eme na Kora kple aglãdzelaawo? Woku ƒioo. (4 Mose 12:3; 16:1-3, 31-35) Kpɔɖeŋu geɖewo le Biblia me, siwo ɖee fia be dada ate ŋu akplɔ mí ade afɔku me.—2 Kronika 26:16-21; kpɔ Dzesidenya 10 lia.

5. Aleke ame aɖewo zã woƒe ŋusẽ le mɔ gbegblẽ nui?

5 Ànya de dzesii be, ŋusẽ tea ŋu nana ame wɔa nu gbegblẽ. Tso keke blema la, amegbetɔwo zãa woƒe ŋusẽ le mɔ gbegblẽ nu. (Xlẽ Nyagblɔla 8:9.) Le kpɔɖeŋu me, Saul nye ame nyui aɖe si bɔbɔ eɖokui esime Yehowa tiae be wòanye fia le Israel. Gake eɖe mɔ dada kple ŋuʋaʋã kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe dzi dzi, eye esia na wòti David, ame si meɖi fɔ o la yome. (1 Samuel 9:20, 21; 10:20-22; 18:7-11) Emegbe David va zu fia, eye wònye fia nyuitɔ siwo ɖu Israel dzi la dometɔ ɖeka. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, David gɔ̃ hã va zã eƒe ŋusẽa le mɔ gbegblẽ nu. Edɔ kple Bat-Seba, si nye Uriya srɔ̃, eye wòdze agbagba be yeaɣla yeƒe nu vɔ̃a esi wòɖo Uriya ɖe aʋagbedzi be woawui.—2 Samuel 11:1-17.

NU SI TA MÍEDEA BUBU YEHOWA ƑE DZIÐUŊUSẼ ŊU

6, 7. (a) Nu kae lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa aʋã mí be míawɔ? (b) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaɖo to ne esia wɔwɔ mele bɔbɔe na mí o gɔ̃ hã?

6 Míewɔa Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi elabena míelɔ̃e. Esi míelɔ̃ Yehowa wu nu sia nu alo ame bubu ɖe sia ɖe ta la, míedina be míana wòakpɔ dzidzɔ. (Xlẽ Lododowo 27:11; Marko 12:29, 30.) Tso esime atsu kple asi gbãtɔ nɔ Eden-bɔa me la, Satana di be yeana amewo natsi tre ɖe Yehowa ƒe dziɖuɖu ŋu. Abosam di be míasusui be Yehowa medze agblɔ nu si míawɔ la na mí o. Gake míenya be menye nyateƒee o. Míelɔ̃ ɖe nya siawo dzi be: “Yehowa, mía Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã.”—Nyaɖeɖefia 4:11.

7 Esi nènye ɖevi la, anɔ eme be wofia wò be nàɖo to dziwòlawo ne mèdi be yeaɖo to wo o gɔ̃ hã. Le mɔ ma ke nu la, abe Yehowa subɔlawo ene la, menɔa bɔbɔe na mí ɣeaɖewoɣi be míaɖo to o. Ke hã, míelɔ̃ Yehowa eye míedea bubu eŋu, eya ta míewɔa nu sia nu si míate ŋui be míaɖo toe. Yesu ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí. Eɖo to Yehowa esime esia wɔwɔ menɔ bɔbɔe nɛ o gɔ̃ hã. Esia tae wòte ŋu gblɔ na Fofoa be: “Menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò nava eme.”—Luka 22:42; kpɔ Dzesidenya 11 lia.

8. Mɔ siwo dzi Yehowa tona fiaa mɔ mí la dometɔ aɖewo ɖe? (Kpɔ aɖaka si nye “ Se Aɖaŋuɖoɖo.”)

8 Egbea, Yehowa naa mɔfiamewo mí to mɔ vovovowo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ena Biblia mí. Ena hamemetsitsiwo hã mí. Míeɖenɛ fiana be míedea bubu Yehowa ƒe dziɖuŋusẽ ŋu ne míedea bubu ame siwo dzi wòtona naa mɔfiame mí la ŋu. Ne míegbe woƒe mɔfiamewo la, le mɔ aɖe nu la, míegbe Yehowa. Esi Israel-viwo gbe Mose la, Yehowa bu esia ŋkubiãnyae. Ebui be yee wogbe.—4 Mose 14:26, 27; kpɔ Dzesidenya 12 lia.

9. Aleke lɔlɔ̃ aʋã mí be míawɔ ɖe mɔfiame dzi?

9 Ne míedea bubu ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu la, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ mía nɔviwo. Na míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale. Ne dzɔdzɔmefɔku aɖe dzɔ la, ame siwo le kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo ƒe ƒuƒoƒo me la wɔa dɔ aduadu be yewoaxɔ ame geɖe ale si nu woate ŋui la ɖe agbe. Be dɔa nakpɔ dzidzedze la, ele be ame aɖe nawɔ ɖoɖo ɖe nuwo ŋu, eye ehiã be ƒuƒoƒoa me tɔ ɖe sia ɖe nazɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi. Ke ne ame aɖe gbe mɔfiameawo eye wòwɔ nu si eya ŋutɔ di ɖe? Ne susu nyui aɖee le esi gɔ̃ hã la, esi mewɔ ɖe mɔfiameawo dzi o ta la, esia ate ŋu ahe kuxiwo vɛ na ƒuƒoƒoa me tɔ bubuwo, ɖewohĩ woate ŋu adze afɔku vevie. Nenema kee ne mímewɔna ɖe mɔfiame siwo míexɔna tso Yehowa kple ame siwo wòna ŋusẽe gbɔ dzi o la, ame bubuwo ate ŋu akpe fu. Gake ne míeɖoa to Yehowa la, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ mía nɔviwo eye míedea bubu Yehowa ƒe ɖoɖowo ŋu.—1 Korintotɔwo 12:14, 25, 26.

10, 11. Nu kawo mee míadzro azɔ?

10 Nu sia nu si Yehowa di tso mía si be míawɔ la, míaƒe nyonyo tae. Ne míedea bubu ŋusẽ ŋu le ƒomea me, le hamea me kpakple le nuwɔwɔ kple dziɖuɖumegãwo me la, aɖe vi geɖe.—5 Mose 5:16; Romatɔwo 13:4; Efesotɔwo 6:2, 3; Hebritɔwo 13:17.

11 Ne míese nu si ta Yehowa di be míade bubu ame bubuwo ŋu gɔme la, akpe ɖe mía ŋu míawɔe nenema. Na míadzro ale si míate ŋu ade bubu ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu le go etɔ̃ aɖewo me la me ayi ŋgɔe.

ALE SI MÍADE BUBU ŊUSẼ ŊU LE ƑOMEA ME

12. Aleke srɔ̃ŋutsu ate ŋu aɖee afia be yedea bubu ŋusẽ ŋu?

12 Yehowa ɖo ƒomea anyi, eye wòna akpa aɖe ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe be wòawɔ. Ne ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe wɔa nu si Yehowa di tso esi la, esia ana nuwo nayi edzi nyuie le ƒomea me eye ƒome bliboa akpɔ dzidzɔ. (1 Korintotɔwo 14:33) Yehowa ɖo srɔ̃ŋutsu be wòanye ƒomea ƒe ta. Esia fia be Yehowa di tso esi be wòalé be na srɔ̃a kple viawo ahawɔ nu ɖe wo ŋu lɔlɔ̃tɔe. Eya ta srɔ̃ŋutsu ana akɔnta Yehowa le ale si wòléa be na eƒe ƒomeae ŋu. Srɔ̃ŋutsu Kristotɔ nyoa dɔme, lɔ̃a ame eye wòwɔa nu ɖe eƒe ƒomea ŋu abe ale si Yesu hã wɔa nu ɖe hamea ŋu ene. Ne srɔ̃ŋutsu wɔe alea la, eɖenɛ fiana be yedea bubu Yehowa ŋu.—Efesotɔwo 5:23; kpɔ Dzesidenya 13 lia.

Vifofo Kristotɔ srɔ̃a Kristo le beléle na eƒe ƒomea me

13. Aleke srɔ̃nyɔnu aɖee afia be yedea bubu ŋusẽ ŋu?

13 Akpa si srɔ̃nyɔnu Kristotɔ wɔna le ƒomea me la le vevie eye wònye ɖoƒe si ŋu bubu le. Ewɔa nu aduadu kple srɔ̃a esime srɔ̃a le agbagba dzem be yeanye ƒome ƒe ta nyui. Ekpea asi ɖe srɔ̃a ŋu wohea ɖeviawo. Mɔ ɖeka si dzi wòtona fiaa nu viawo be woade bubu amewo ŋue nye to eya ŋutɔ ƒe kpɔɖeŋuwo dzi. (Lododowo 1:8) Edea bubu srɔ̃a ŋu hewɔa ɖeka kplii le eƒe nyametsotsowo me. Ne eƒe susu mewɔ ɖeka kple srɔ̃a tɔ le nane ŋu o hã la, egblɔa eƒe susu tufafatɔe le bubumɔ nu. Ne nyɔnu Kristotɔ aɖe srɔ̃ menye Ðasefo o la, kuxi tɔxɛ aɖewo dzea ŋgɔe. Gake ne eyia edzi wɔa nu ɖe srɔ̃a ŋu le lɔlɔ̃ kple bubu me la, ɖewohĩ gbe ɖeka, ŋutsua adi be yeasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu ahasubɔe.—Xlẽ 1 Petro 3:1.

14. Aleke ɖeviwo ate ŋu ade bubu ŋusẽ ŋui?

14 Ðeviwo xɔ asi na Yehowa eye wohiã ametakpɔkpɔ kple mɔfiame vevie. Ne ɖeviwo ɖo to wo dzilawo la, edoa dzidzɔ na wo dzilawo. Nu si gale vevie wue nye be, ne wonye toɖolawo la, eɖenɛ fiana be wodea bubu Yehowa ŋu eye wonana dzi dzɔnɛ. (Lododowo 10:1) Ƒome geɖe siwo me ɖeviwo tsina le egbea la nye dzilaɖekɛƒomewo. Esia ate ŋu anye nu sesẽ na dzilaa kple ɖeviawo siaa. Gake ne ɖeviawo ɖoa to wo dada alo wo fofo eye wokpea asi ɖe eŋu la, woƒe ƒomegbenɔnɔ nyona ɖe edzi. Aleke kee wòɖale o, ƒome aɖeke mede blibo o. Gake dzidzɔ geɖe ate ŋu anɔ ƒome ɖe sia ɖe me ne ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe wɔa Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi. Esia hea kafukafu vanɛ na Yehowa, ame si ɖo ƒomewo anyi.—Efesotɔwo 3:14, 15.

ALE SI MÍADE BUBU ŊUSẼ ŊU LE HAMEA ME

15. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea bubu ŋusẽ ŋu le hamea me?

15 Yehowa toa Kristo hamea dzi fiaa mɔ mí, eye ena ŋusẽ Yesu ɖe hamea dzi bliboe. (Kolosetɔwo 1:18) Yesu hã de dɔ asi na “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la be wòalé be na Mawu ƒe amewo le anyigba dzi. (Mateo 24:45-47) Egbea, “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” lae nye Dɔdzikpɔhaa. Dɔdzikpɔhaa naa nu siwo míehiã le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la mí ale be míaƒe xɔse nali ke sesĩe. Hamemetsitsiwo, subɔsubɔdɔwɔlawo kple nutome sue dzikpɔlawo kpea asi ɖe hamewo ŋu le xexea me godoo, eye woxɔa mɔfiame tso Dɔdzikpɔhaa gbɔ. Agba le nɔviŋutsu siawo katã dzi be woalé be na mí. Wonaa akɔnta Yehowa le ale si wotsɔa agbanɔamedzi siae ŋu. Eya ta ne míedea bubu ŋutsu siawo ŋu la, efia míedea bubu Yehowa ŋu.—Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:12; Hebritɔwo 13:17; kpɔ Dzesidenya 14 lia.

16. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be gbɔgbɔ kɔkɔea ye ɖoa hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo?

16 Hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo kpena ɖe hamea ŋu wowɔa nuteƒe hewɔa ɖeka. Enye nyateƒe be woawo hã wonye ame madeblibowo abe míawo ke ene. Ke aleke wotiaa woe? Ele be nɔviŋutsu siawo naɖo nudidi siwo le Biblia me la gbɔ. (1 Timoteo 3:1-7, 12; Tito 1:5-9) Yehowa to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi kpe ɖe Biblia-ŋlɔlawo ŋu woŋlɔ nudidi siawo ɖi. Hamemetsitsiwo doa gbe ɖa biaa Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ne wole nya me tsom le ame si woaɖo wòanye hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla la ŋu. Edze ƒãa be hamea le Yesu kple Yehowa ƒe mɔfiafia te. (Dɔwɔwɔwo 20:28) Nunanae ŋutsu siwo woɖo be woalé be na mí la nye tso Mawu gbɔ.—Efesotɔwo 4:8.

17. Be nɔvinyɔnu aɖe naɖee afia be yedea bubu Yehowa ƒe ɖoɖowo ŋu la, nu kae wòahiã be wòawɔ ɣeaɖewoɣi?

17 Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu adzɔ be hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla aɖeke manɔ anyi si akpɔ hamea ƒe dɔdeasiwo gbɔ o. Nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ bubuwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu, gake ne ɖeke meli o la, ahiã be nɔvinyɔnu aɖe nawɔ dɔdeasi si nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔwo wɔna. Ne edzɔ alea la, ke ele be wòatsyɔ nu ta, ate ŋu azã taku alo kuku. (1 Korintotɔwo 11:3-10) Ne ewɔe alea la, ele eɖem fia be yedea bubu tanyenye ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ na ƒomea kple hamea siaa la ŋu.—Kpɔ Dzesidenya 15 lia.

ALE SI MÍADE BUBU DZIÐUÐUMEGÃWO ŊU

18, 19. (a) Nu kae míesrɔ̃ tso Romatɔwo 13:1-7 me? (b) Aleke míedea bubu dziɖuɖua kple ame bubu siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu?

18 Egbea, Yehowa ɖe mɔ ŋusẽ aɖe sinu le dziɖuɖuwo si, eye ehiã be míade bubu wo ŋu. Wowɔa ɖoɖo ɖe dukɔa kple nutoa me nyawo ŋu be nuwo nazɔ ɖe ɖoɖo nu, eye wonaa kpekpeɖeŋu siwo hiã la amewo. Kristotɔwo wɔna ɖe mɔfiame si le Romatɔwo 13:1-7 la dzi. (Xlẽe.) Míedea bubu “ŋusẽtɔwo” ŋu eye míewɔna ɖe dukɔ alo nuto si me míele la ƒe sewo dzi. Se siawo ate ŋu aku ɖe míaƒe ƒomea, dɔwɔɖui alo nunɔamesiwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míexea adzɔwo eye míenaa nyatakaka siwo dziɖuɖua biana tso mía si la wo. Gake nu kae wòle be míawɔ ne dziɖuɖua bia tso mía si be míawɔ nane si tsi tre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu? Apostolo Petro gblɔ be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 5:28, 29.

19 Ne míele nu wɔm kple dziɖuɖumegãwo, le kpɔɖeŋu me, ʋɔnudrɔ̃lawo alo kpovitɔwo la, ele be míade bubu wo ŋu ɣesiaɣi. Kristotɔ sɔhɛwo kple ɖeviwo dea bubu woƒe nufialawo kple ame bubu siwo wɔa dɔ le woƒe sukua me la ŋu. Le míaƒe dɔwɔƒe la, míedea bubu míaƒe dɔtɔ ŋu ne dɔwɔla bubuwo mewɔa esia o gɔ̃ hã. Ne míewɔe alea la, ke míele apostolo Paulo, ame si de bubu dziɖuɖumegãwo ŋu togbɔ be ewɔwɔ menɔ bɔbɔe nɛ ɣesiaɣi o hã la srɔ̃m. (Dɔwɔwɔwo 26:2, 25) Ne amewo mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o gɔ̃ hã la, míeyia edzi dea bubu wo ŋu.—Xlẽ Romatɔwo 12:17, 18; 1 Petro 3:15.

20, 21. Nu nyui kawoe ate ŋu ado tso eme ne míedea bubu amewo ŋu?

20 Le xexea me godoo la, bubudede ame ŋu le to yim tso ŋkeke yi ŋkeke. Gake mele alea le Yehowa ƒe amewo dome o. Enye míaƒe taɖodzinu be míade bubu ame sia ame ŋu. Míewɔna ɖe apostolo Petro ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Mibu ame ƒomeviwo katã.” (1 Petro 2:17) Ne míede bubu amewo ŋu la, wodea dzesii. Yesu gblɔ na mí be: “Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ŋkume, ale be woakpɔ miaƒe dɔ nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo.”—Mateo 5:16.

21 Ne míedea bubu amewo ŋu le míaƒe ƒomea me, le hamea me, kple le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa bubuwo la, míaƒe kpɔɖeŋu nyui la ana amewo nadi be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu. Eye ne míedea bubu amewo ŋu la, ke míele bubu dem Yehowa hã ŋu. Esia nana Yehowa kpɔa dzidzɔ, eye wòkpɔnɛ be míelɔ̃ ye.