Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 15

Se Vivi Na Dɔ Si Nèwɔna

Se Vivi Na Dɔ Si Nèwɔna

‘Ame sia ame nakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔ sesẽ wɔwɔwo katã me.’—NYAGBLƆLA 3:13.

1-3. (a) Aleke ame geɖe sena le wo ɖokuiwo me tso dɔ si wowɔna ŋu? (b) Biabia kawo mee míadzro le ta sia me?

LE XEXEA me godoo la, amewo wɔa dɔ sesĩe tsɔ kpɔa woawo ŋutɔwo kple woƒe ƒomewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Dɔ si ame geɖe wɔna medzɔa dzi na wo o, eye ne eɖo edzi be woayi dɔme la, ezua taɖui na wo. Ne aleae nèsena le ɖokuiwò me la, nu kae nàte ŋu awɔ be nàse vivi na dɔ si nèwɔna la geɖe wu? Aleke nàwɔ akpɔ dzidzɔ ɖe dɔ si nèwɔna ŋu?

2 Yehowa gblɔ na mí be: “Ame sia ame naɖu nu ano nu, eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔ sesẽ wɔwɔwo katã me. Mawu ƒe nunanae wònye.” (Nyagblɔla 3:13) Yehowa wɔ mí ale be ehiã be míawɔ dɔ, eye ede didia mía me be míawɔe hã. Edi be míakpɔ dzidzɔ ɖe dɔ si míewɔna ŋu.—Xlẽ Nyagblɔla 2:24; 5:18.

3 Ekema nu kae akpe ɖe mía ŋu míase vivi na míaƒe dɔwɔɖui? Dɔ kawo ƒomevie wòle be Kristotɔ naƒo asa na? Aleke míawɔ ada asɔ le míaƒe dɔwɔɖui kple Yehowa subɔsubɔ me? Eye dɔ kae nye vevitɔ kekeake si míate ŋu awɔ?

DƆWƆLA GÃTƆ EVEAWO

4, 5. Aleke nye Yehowa ƒe nɔnɔme ɖe dɔwɔwɔ ŋu?

4 Yehowa ŋutɔ hã lɔ̃a dɔwɔwɔ. Biblia gblɔ le 1 Mose 1:1 be: “Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.” Esi Mawu wɔ anyigba kple nu siwo katã le edzi vɔ la, egblɔ tso nu siwo wòwɔ la ŋu be “wonyo ŋutɔ.” (1 Mose 1:31) Mía Wɔlaa kpɔ dzidzɔ ɖe nu siwo wòwɔ la ŋu.—1 Timoteo 1:11.

5 Yehowa medzudzɔa dɔwɔwɔ gbeɖe o. Yesu gblɔ be: “Fofonye le dɔ wɔm va se ɖe fifi.” (Yohanes 5:17) Mímenya dɔ wɔnuku siwo Yehowa le wɔwɔm va de asi na fifia la katã o, gake míenya nu tso ɖewo ŋu. Ele ame siwo aɖu fia kple Via, Yesu Kristo, le Fiaɖuƒea me la tiam. (2 Korintotɔwo 5:17) Azɔ hã, Yehowa le mɔ fiam amegbetɔwo hele be lém na wo. Gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wole le xexea me godoo la wɔe be ame miliɔn geɖe va le si dzem Yehowa, eye mɔkpɔkpɔ va su wo si be woanɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi.—Yohanes 6:44; Romatɔwo 6:23.

6, 7. Aleke gbegbee Yesu wɔa dɔe?

6 Yesu hã lɔ̃a dɔwɔwɔ abe Fofoa ene. Hafi Yesu nava anyigba dzi la, enye Mawu ƒe “dɔwɔla bibi,” eye ekpe asi ɖe nu siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la wɔwɔ ŋu. (Lododowo 8:22-31; Kolosetɔwo 1:15-17) Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eyi edzi wɔ dɔ sesĩe. Esime wònye ɖekakpui la, esrɔ̃ dɔ va zu atikpala bibi, eye ɖewohĩ ekpa xɔmenuwo eye wòtu xɔwo hã. Yesu va bi ɖe eƒe dɔ me ale gbegbe be woyɔe be ‘atikpala la.’—Marko 6:3.

7 Ke hã, esime Yesu nɔ anyigba dzi la, dɔ si nɔ vevie nɛ wue nye gbeƒãɖeɖe nya nyuia kple nufiafia amewo tso Yehowa ŋu. Ele be wòawu eƒe subɔsubɔdɔa nu le ƒe etɔ̃ kple afã me, eye enɔa dɔ dzi vevie tso ŋdi kanya va se ɖe esime zã do. (Luka 21:37, 38; Yohanes 3:2) Yesu zɔ afɔ agbadroƒe alafa geɖe le mɔ siwo dzi ʋuʋudedi le eye wònɔ nya nyuia gblɔm na ame geɖe ale si nu wòate ŋui.—Luka 8:1.

8, 9. Nu ka tae Yesu sea vivi na dɔ siwo wòwɔna?

8 Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nɔ abe nuɖuɖu ene na Yesu. Dɔ sia gadea agbe yeye eme, eye wònana ŋusẽ ɖoa eŋu. Ɣeaɖewoɣi la, Yesu biãa ŋku ɖe dɔ ŋu ale gbegbe be mekpɔa asinu ɖua nu gɔ̃ hã o. (Yohanes 4:31-38) Ewɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ tsɔ fia nu amewo tso Fofoa ŋu. Esia tae wòte ŋu gblɔ na Yehowa be: “Medo wò ɖe dzi le anyigba dzi, esi mewu dɔ si nètsɔ nam be mawɔ la nu.”—Yohanes 17:4.

9 Eme kɔ ƒãa be Yehowa kple Yesu siaa wɔa dɔ vevie, eye wokpɔa dzidzɔ kple dzidzeme le dɔ siwo wowɔna me. Míedi be ‘míazu Mawu srɔ̃lawo’ eye míadze Yesu hã ƒe “afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.” (Efesotɔwo 5:1; 1 Petro 2:21) Esia tae míedzea agbagba be míawɔ dɔ sesĩe ahawɔ míaƒe ŋutete katã le dɔ sia dɔ si míewɔna me.

ALEKE WÒLE BE MÍABU MÍAƑE DƆWƆÐUI?

10, 11. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be nɔnɔme nyuitɔ nanɔ mía si ɖe míaƒe dɔwɔɖui ŋu?

10 Esi míenye Yehowa ƒe amewo ta la, míewɔa dɔ sesĩe tsɔ kpɔa míawo ŋutɔwo kple míaƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Míedi be míakpɔ dzidzɔ ɖe dɔ si míewɔna ŋu, gake esia menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Ekema nu kae míate ŋu awɔ nenye be dɔ si míewɔna medzɔa dzi na mí o?

Míate ŋu ase vivi na dɔ ɖe sia ɖe ne nɔnɔme nyuitɔ le mía si ɖe eŋu

11 Na nɔnɔme nyuitɔ nanɔ asiwò. Ðewohĩ manya wɔ be míatrɔ dɔ si míewɔna alo awɔ nane tso dɔ ale si nu míewɔna la ŋu o, gake míate ŋu awɔ nane tso nɔnɔme si le mía si ɖe eŋu la ŋu. Ne nu si Yehowa di tso mía si le susu me na mí la, esia akpe ɖe mía ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa di tso ƒome ƒe ta si be wòawɔ eƒe ŋutete katã akpɔ eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Biblia gblɔ gɔ̃ hã be ame si mekpɔa eƒe ƒomea dzi o la ‘vɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.’ (1 Timoteo 5:8) Ne ƒome ƒe tae nènye la, èwɔa dɔ sesĩe tsɔ kpɔa wò ƒomea dzi. Wò dɔwɔɖuia ɖadzɔa dzi na wò alo medzɔa dzi na wò o, ènyae be wò nu dzea Yehowa ŋu le esi nèle wò ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔm ta.

12. Aleke dɔ sesẽ wɔwɔ kple anukwareɖiɖi ɖea vi na míi?

12 Nye dɔ sesẽ wɔla kple anukwareɖila. Esia ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe na wò be nàse vivi na wò dɔwɔɖuia. (Lododowo 12:24; 22:29) Azɔ hã, wò dɔtɔ aka ɖe dziwò. Dɔtɔwo dea asixɔxɔ dɔwɔvi siwo ɖia anukware la ŋu, elabena womefia ga, dɔwɔnuwo alo dɔtɔa ƒe ɣeyiɣi o. (Efesotɔwo 4:28) Gawu la, enɔa nyanya na Yehowa nenye be ènye dɔ sesẽ wɔla kple anukwareɖila. “Dzitsinya nyui” ate ŋu anɔ asiwò, elabena ènyae be wò nu dzea Mawu si nèlɔ̃ la ŋu.—Hebritɔwo 13:18; Kolosetɔwo 3:22-24.

13. Ne míeɖia anukware le dɔme la, nu nyui bubu kae ate ŋu ado tso eme?

13 Nenɔ susu me na wò be nɔnɔme si nèɖena fiana le dɔme ate ŋu ahe kafukafu vɛ na Yehowa. Esia ganye susu bubu si tae wòle be míakpɔ dzidzɔ ɖe dɔ si míewɔna la ŋu. (Tito 2:9, 10) Ate ŋu adzɔ gɔ̃ hã be wò dɔwɔhati aɖe nadi be yeasrɔ̃ Biblia le kpɔɖeŋu nyui si nèɖona ta.—Xlẽ Lododowo 27:11; 1 Petro 2:12.

DƆWƆÐUI KAE MATIA?

14-16. Nu kawo ŋue wòle be míabu ne míele dɔ si míawɔ tiam?

14 Biblia megblɔ dɔwɔɖui vovovo siwo wòle be Kristotɔ nawɔ kple esiwo mele be wòawɔ o la o. Gake gɔmeɖosewo le Biblia me siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie le dɔwɔɖuinyawo ŋu. (Lododowo 2:6) Míate ŋu anɔ te ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi abia nya siwo gbɔna la mía ɖokuiwo.

Di dɔ si metsi tre ɖe Yehowa ƒe nudidiwo ŋu o

15 Ðe dɔ sia wɔwɔ abia be mawɔ nane si Yehowa gblɔ be menyo oa? Míesrɔ̃ nu tso nuwɔna siwo Yehowa lé fui, abe fififi kple aʋatsokaka ene ŋu. (2 Mose 20:4; Dɔwɔwɔwo 15:29; Efesotɔwo 4:28; Nyaɖeɖefia 21:8) Eya ta míeɖɔa ŋu ɖo be míaƒo asa na dɔwɔɖui ɖe sia ɖe si tsi tre ɖe Yehowa ƒe nudidiwo ŋu.—Xlẽ 1 Yohanes 5:3.

16 Ðe dɔ sia doa nuwɔna aɖe si Yehowa lé fui la ɖe ŋgɔa? Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be èkpɔ dɔ aɖe si bia be nànye amedzroxɔla le afi si woɖea fu le. Menye nu gbegblẽe wònye be nàwɔ amedzroxɔla ƒe dɔ o. Gake ènya ale si Yehowa bua fuɖeɖee. Eya ta togbɔ be wò ŋutɔ màɖe fu na amewo o hã la, ɖe mawɔ na wò be le Yehowa gbɔ la, wò hã èɖi fɔ oa?—2 Mose 21:22-24.

17. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso siwo dzea Mawu ŋu?

17 Ne míewɔa Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ la, míate ŋu ava nye ame siwo tɔgbi woɖɔ le Hebritɔwo 5:14 be wonye “ame siwo na hehe woƒe nugɔmeseseŋutetewo to wo zazã me, be woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome.” Bia ɖokuiwò be: ‘Ne melɔ̃ wɔ dɔ sia la, ɖe wòazu nukikli na amewoa? Ðe dɔ sia abia be madzo le srɔ̃nye kple vinyewo gbɔ ayi dukɔ bubu mea? Nu kae esia agblẽ le wo ŋu?’

‘KPƆ NU SIWO LE VEVIE WU LA DZE SII’

18. Nu ka tae wòate ŋu asesẽ be míatsɔ míaƒe subɔsubɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ?

18 Ate ŋu asesẽ be míatsɔ Yehowa subɔsubɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le ‘ɣeyiɣi sesẽ siawo siwo me nɔnɔ sesẽ’ la me. (2 Timoteo 3:1) Ɣeaɖewoɣi la, esesẽna ŋutɔ be ame nakpɔ dɔ eye wòana be dɔa nagage le esi o. Ele be míakpɔ míaƒe ƒomewo dzi, gake míenya hã be míaƒe Mawu subɔsubɔe wòle be wòaxɔ nɔƒe gbãtɔ. Mele be míaɖe mɔ ŋutilãmenuwo nava nye nu vevitɔ na mí le agbe me o. (1 Timoteo 6:9, 10) Ekema aleke míawɔ ‘akpɔ nu siwo le vevie wu la adze sii’ eye le ɣeyiɣi ma ke me la, míakpɔ míaƒe ƒomewo hã dzi?—Filipitɔwo 1:10.

19. Aleke ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu kpena ɖe mía ŋu míedana sɔna le míaƒe dɔwɔɖuinyawo me?

19 Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. (Xlẽ Lododowo 3:5, 6.) Míenya be Yehowa nya nu siwo tututu hiã mí, eye etsɔ ɖe le eme na mí vevie. (Psalmo 37:25; 1 Petro 5:7) Eƒe Nya la gblɔ na mí be: “Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me, eye nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu. Elabena [Mawu gblɔ] be: ‘Nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.’” (Hebritɔwo 13:5) Yehowa medi be míanɔ dzimaɖi tsim atraɖii ɖe ale si míawɔ akpɔ míaƒe ƒomewo dzi ŋu o. Eɖee fia enuenu be yeate ŋu akpɔ yeƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. (Mateo 6:25-32) Aleke kee míaƒe dɔwɔɖuinyawo ɖale o, míesrɔ̃a Mawu ƒe Nya la, míeɖea gbeƒã nya nyuia, eye míedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo hã edziedzi.—Mateo 24:14; Hebritɔwo 10:24, 25.

20. Aleke míawɔ anɔ agbe tsɛ?

20 Wò ŋku nenɔ nu ɖeka ŋu. (Xlẽ Mateo 6:22, 23.) Esia fia be nànɔ agbe tsɛ ale be nàte ŋu alé fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu. Míenya be nunya manɔ eme be míaɖe mɔ ga, agbeɖuɖu, alo nutovɛ siwo le tsia dzi nava nɔ vevie na mí wu xɔlɔ̃wɔwɔ si anɔ mía kple Mawu dome o. Ke nu kae akpe ɖe mía ŋu míatsɔ nu siwo le vevie wu la aɖo nɔƒe gbãtɔ? Ele be míadze agbagba ɖe sia ɖe be míagana fe nanɔ mía ŋu o. Ne fe le ŋuwò xoxo la, ɖe afɔ siwo ana nàɖe wò fea dzi akpɔtɔ alo axe fea katã. Ne míeɖɔ ŋu ɖo o la, ŋutilãmenuwo ate ŋu axɔ ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe le mía si ale gbegbe be míagava kpɔ vovo ɖe gbedodoɖa, nusɔsrɔ̃, alo gbeƒãɖeɖedɔa ŋu o. Le esi míatsɔ ŋutilãmenu geɖewo ado agba na mía ɖokuiwo teƒe la, míedi boŋ be míasrɔ̃ ale si míana agbemenuhiahiã vevitɔwo, abe “nuɖuɖu kple nudodo” ene, nadze mía ŋu. (1 Timoteo 6:8) Eye aleke kee nɔnɔmeawo ɖale na mí o, anyo be míanɔ ŋku lém ɖe míaƒe nɔnɔmewo ŋu enuenu be míakpɔ mɔ siwo nu míagate ŋu awɔ geɖe wu le Yehowa subɔsubɔ me.

21. Nu ka tae wòle be míatso nya me le nu siwo axɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me ŋu?

21 Tsɔ nu vevitɔwo ɖo nɔƒe gbãtɔ. Ele be míawɔ míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesiwo ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu. Ne míeɖɔ ŋu ɖo o la, nuwo abe sukudede kple ga ene ate ŋu ava xɔ míaƒe ɣeyiɣi xɔasiwo ale be míagava kpɔ vovo ɖe nu siwo le vevie wu la ŋu o. Yesu gblɔ be: “Miyi edzi mianɔ Fiaɖuƒe la . . . dim gbã.” (Mateo 6:33) Míaƒe tiatiawo, nu siwo míelɔ̃a wɔwɔ, míaƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo kple míaƒe taɖodzinuwo ɖea nu siwo le vevie na mí wu le míaƒe dzi me la fiana.

DƆ VEVITƆ KEKEAKE SI MÍATE ŊU AWƆ

22, 23. (a) Dɔ kae nye vevitɔ si mí Kristotɔwo míate ŋu awɔ? (b) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míase vivi na míaƒe dɔwɔɖui?

22 Míaƒe dɔ vevitɔe nye Yehowa subɔsubɔ kple gbeƒãɖeɖe nya nyuia na amewo. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Míedi be míawɔ míaƒe ŋutete katã le dɔ sia me, abe ale si Yesu wɔe ene. Ame aɖewo ʋu yi teƒe siwo gbeƒãɖela geɖewo hiã le. Ame bubuwo le dutagbewo srɔ̃m ale be woate ŋu aɖe gbeƒã na ame siwo doa gbe mawo. Ðo dze kple ame siwo ɖe afɔ siawo tɔgbi eye nàbia nya wo tso eŋu. Woagblɔe na wò be yewova le dzidzɔ kpɔm wu, eye taɖodzinu va le yewoƒe agbe ŋu wu.—Xlẽ Lododowo 10:22.

Yehowa subɔsubɔe nye dɔ vevitɔ si míate ŋu awɔ

23 Egbea, eva hiã be mía dometɔ geɖe nazã gaƒoƒo gbogbowo ɖe míaƒe dɔwɔɖui, alo kura gɔ̃ hã dɔwɔɖui vovovowo ŋu, ale be míate ŋu akpɔ míaƒe ƒomewo ƒe nuhiahiã veviwo gbɔ. Yehowa nya esia, eye ekpɔa ŋudzedze ɖe nu sia nu si míewɔna be míatsɔ akpɔ míaƒe ƒomea dzi la ŋu. Eya ta dɔ ka kee míeɖawɔna o, mina mí katã míayi edzi asrɔ̃ Yehowa kple Yesu ahawɔ dɔ sesĩe. Eye mina míaɖo ŋku edzi be míaƒe dɔ vevitɔe nye Yehowa subɔsubɔ kple gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. Esiae ana míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ.