Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 10

Srɔ̃ɖeɖe—Enye Nunana Tso Mawu Gbɔ

Srɔ̃ɖeɖe—Enye Nunana Tso Mawu Gbɔ

“Ka etɔ̃ si wogbi mate ŋu atso bɔbɔe o.”—NYAGBLƆLA 4:12.

1, 2. (a) Nu kae srɔ̃tɔ yeyewo kpɔa mɔ na? (b) Nyabiase kawo mee míadzro le ta sia me?

KPƆ ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ aɖe siwo le dzidzɔ kpɔm le woƒe srɔ̃ɖegbe la ɖaa le susu me. Dzi le wo dzɔm ɖe ale si agbea ava nɔ na wo la ŋu, eye wole mɔ kpɔm na nudzedziname geɖewo. Wole mɔ kpɔm be yewoƒe srɔ̃ɖeɖea nali ke eye dzidzɔ nanɔ eme.

2 Ke hã, togbɔ be srɔ̃ɖeɖe geɖe dzea egɔme nyuie hã la, nuwo meva nɔa nenema ɖaa o. Hafi srɔ̃ɖeɖe nali ke eye dzidzɔ nanɔ eme la, ele be atsu kple asia nawɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi. Eya ta na míadzro ale si Biblia ɖo nyabiase siwo gbɔna ŋui la me: Viɖe siwo le srɔ̃ɖeɖe me dometɔ aɖewo ɖe? Ne àɖe srɔ̃ la, aleke nàtia ame si nàɖe la nyuie? Aleke nàwɔ anye srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu nyui? Eye nu kae ate ŋu ana srɔ̃ɖeɖe nali ke?—Xlẽ Lododowo 3:5, 6.

ÐE MAÐE SRƆ̃A?

3. Ðe nèsusu be ele be ame naɖe srɔ̃ hafi akpɔ dzidzɔ le agbe mea? Ðe eme.

3 Ame aɖewo xɔe se be ne ame meɖe srɔ̃ o la, mate ŋu akpɔ dzidzɔ le agbe me o. Gake menye nyateƒee o. Yesu gblɔ be trenyenye ate ŋu anye nunana. (Mateo 19:11, 12) Eye apostolo Paulo gblɔ be viɖewo le trenyenye me. (1 Korintotɔwo 7:32-38) Wò ŋutɔe atiae be yeaɖe srɔ̃ loo alo yemaɖe srɔ̃ o. Mele be nàɖe mɔ xɔ̃wòwo, ƒowòmetɔwo, alo miaƒe dekɔnu naƒoe ɖe nuwò be nàɖe srɔ̃ o.

4. Viɖe siwo dona tso srɔ̃ɖeɖe nyui me dometɔ aɖewo ɖe?

4 Biblia gblɔ be srɔ̃ɖeɖe hã nye nunana tso Mawu gbɔ, eye viɖewo le eya hã me. Yehowa gblɔ tso ame gbãtɔ Adam ŋu be: “Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ nɛ la nɛ.” (1 Mose 2:18) Yehowa wɔ Xawa be wòanye Adam srɔ̃, eye atsu kple asi sia ye nye ƒome gbãtɔ le anyigba dzi. Ne viwo le srɔ̃tɔ aɖewo si la, ele be woƒe srɔ̃ɖeɖea nana nɔnɔmeawo nasɔ nyuie na wo viwo hehe. Gake menye vidzidzi koe nye taɖodzinu si le srɔ̃ɖeɖe ŋu o.—Psalmo 127:3; Efesotɔwo 6:1-4.

5, 6. Mɔ ka nue srɔ̃ɖeɖe ate ŋu anɔ abe “ka etɔ̃ si wogbi” ɖekae ene le?

5 Fia Salomo ŋlɔ bena: “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka, elabena woakpɔ fetu nyui ɖe woƒe dɔ sesẽ wɔwɔ ta. Elabena ne wo dometɔ ɖeka dze anyi la, evelia afɔe ɖe tsitre. Ke aleke wòanɔ na ame si dze anyi eye ame aɖeke meli afɔe ɖe tsitre o la? . . . Eye ka etɔ̃ si wogbi mate ŋu atso bɔbɔe o.”—Nyagblɔla 4:9-12.

6 Srɔ̃ɖeɖe nyui ate ŋu ana ame eve nanye xɔlɔ̃ siwo dome tsi metona o, siwo anɔ kpekpem ɖe wo nɔewo ŋu, anɔ akɔ fam na wo nɔewo ahanɔ wo nɔewo ta kpɔm. Lɔlɔ̃ ate ŋu ana srɔ̃ɖeɖe nali ke, gake srɔ̃ɖekadodoa me agasẽ ɖe edzi wu ne atsu kple asia siaa subɔa Yehowa. Esia ana woƒe srɔ̃ɖeɖea nanɔ abe “ka etɔ̃ si wogbi” ɖekae ene. Ŋusẽ le ka sia tɔgbi ŋu sãsãsã wu ka eve si wogbi. Srɔ̃ɖeɖe lia ke nyuie ne Yehowa le srɔ̃ɖeɖea me.

7, 8. Aɖaŋu kawoe Paulo ɖo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu?

7 Ne ŋutsu kple nyɔnu ɖe wo nɔewo vɔ la, woate ŋu aɖi kɔ na wo nɔewo ƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro siwo le dzɔdzɔme nu la. (Lododowo 5:18) Ke hã, ne kɔɖiɖi na dzodzro siawo ta koe ame aɖe tiae be yeaɖe srɔ̃ la, ɖewohĩ mawɔ tiatia nyui le ame si wòaɖe gome o. Esia tae Biblia gblɔ be ne ame aɖe di be yeaɖe srɔ̃ la, ke ele be wòato “sɔhɛnyenye,” si nye ɣeyiɣi si me gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo nu sẽna wu, la me ado. (1 Korintotɔwo 7:36) Enyo wu ne ame lala va se ɖe esime seselelãme mawo nu ɖiɖi vie. Esia ana be wòabu nuwo ŋu nyuie ahawɔ tiatia nyuitɔ.—1 Korintotɔwo 7:9; Yakobo 1:15.

8 Ne èle srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la, anyo be nàda asɔ le nu siwo nàkpɔ mɔ na me, eye nàɖo ŋku edzi be kuxiwo nɔa srɔ̃ɖeɖe ɖe sia ɖe me. Paulo gblɔ be ame siwo ɖe srɔ̃ la “akpɔ xaxa le ŋutilã me.” (1 Korintotɔwo 7:28) Kuxiwo nɔa srɔ̃ɖeɖe si kpɔ dzidzedze wu la gɔ̃ hã me. Eya ta ne ètiae be yeaɖe srɔ̃ la, kpɔ egbɔ be yetia ame si yeaɖe la nyuie.

AME KAE MAÐE?

9, 10. Nu kae adzɔ ne míeɖe ame si mesubɔa Yehowa o?

9 Biblia me gɔmeɖose vevi aɖe si dzi wòle be ame naɖo ŋkui ne ele ŋutsu alo nyɔnu si wòaɖe ŋu bum lae nye esi: “Miganɔ kɔkuti ɖeka te kple dzimaxɔsetɔwo o.” (2 Korintotɔwo 6:14) Wotu kpɔɖeŋu sia ɖe agbledemɔnu aɖe dzi. Ne lã eve ƒe lolome alo ŋusẽ to vovo akpa la, agbledelaa medea wo kɔkuti ɖeka te be woaŋlɔ agble o. Esia made lã evea siaa dzi o, elabe lã evea siaa akpe fu. Nenema kee ne ame si subɔa Yehowa kple ame si mesubɔnɛ o ɖe wo nɔewo la, esia tea ŋu hea kuxi geɖe vanɛ. Eya ta Biblia ɖo aɖaŋu si me nunya le la na mí be, ‘ɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la me ko.’—1 Korintotɔwo 7:39.

10 Ɣeaɖewoɣi la, Kristotɔ aɖewo sena le wo ɖokui me be ne yewoɖe ame si mesubɔa Yehowa o la, enyo wu be yewoatsi akogo. Gake ne míeŋe aɖaba ƒu Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la, vevesese kple dzidzɔmakpɔmakpɔe wòhena vanɛ. Yehowa subɔsubɔe nye nu vevitɔ na mí Yehowa subɔlawo le míaƒe agbe me. Aleke nàse le ɖokuiwò me ne màte ŋu akpɔ gome le agbea ƒe vevi sia me kple srɔ̃wò o? Ame geɖe tiae be yewoanɔ tre tsɔ wu be yewoaɖe ame si melɔ̃ Yehowa hesubɔnɛ o.—Xlẽ Psalmo 32:8.

11. Aleke nàwɔ atia ame si nàɖe la nyuie?

11 Gake esia mefia be ne ame aɖe nya subɔa Yehowa ko la, anye srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu si asɔ na wò o. Ne èle srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la, di ame si ƒe nu nyo ŋuwò ŋutɔŋutɔ eye wò kplii dome vivina nyuie. Lala va se ɖe esime nèkpɔ ame si wò kplii ƒe agbemetaɖodzinuwo sɔ eye wòtsɔa Mawu subɔsubɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ. Di ɣeyiɣi nàxlẽ aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le agbalẽ siwo kluvi nuteƒewɔlaa ta la me eye nàde ŋugble le wo ŋu.—Xlẽ Psalmo 119:105.

12. Nu kae míesrɔ̃ le Biblia me tso ale si dzilawo dia srɔ̃ na wo vi la me?

12 Le dukɔ aɖewo me la, enye nu si bɔ be dzilawo natia ame si wo vi aɖe la nɛ. Wobunɛ be dzilawoe anya ame si asɔ na yewo vi la nyuie wu. Srɔ̃ɖeɖe sia tɔgbi bɔ le Biblia ŋlɔɣiwo. Eya ta ne wò ƒomea tiae be yewoawɔe nenema la, Biblia ate ŋu akpe ɖe dziwòlawo ŋu woanya nɔnɔme siwo woadi le amea ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi Abraham di be yeadi nyɔnu na Isak wòaɖe la, menye ga alo ɖoƒee nɔ vevie nɛ o, ke boŋ ale si wòakpɔ nyɔnu si lɔ̃ Yehowa ye nɔ vevie nɛ.—1 Mose 24:3, 67; kpɔ Dzesidenya 25 lia.

ALEKE MADZRA ÐO ÐE SRƆ̃ÐEÐE ŊU?

13-15. (a) Aleke ŋutsu ate ŋu adzra ɖo be wòanye srɔ̃ŋutsu nyui? (b) Aleke nyɔnu ate ŋu adzra ɖo be wòanye srɔ̃nyɔnu nyui?

13 Ne èle srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la, kpɔ egbɔ be yesu te. Ðewohĩ àsusu be yesu te, gake na míadzro nu si tututu wòfia be ame nasu te na srɔ̃ɖeɖe la me. Ðewohĩ ŋuɖoɖoa awɔ nuku na wò.

Di ɣeyiɣi nàxlẽ aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nyaa me ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu eye nàde ŋugble le wo ŋu

14 Biblia ɖee fia be wɔƒe vovovowoe le srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo si le ƒomea me. Eya ta edze ƒãa be ne ŋutsue nènye la, nu si wòabia be nàsu te na srɔ̃ɖeɖe la ato vovo na nu si wòabia be nàsu te ne nyɔnue nènye. Ne ŋutsu aɖe le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la, ele be wòabia eɖokui be ɖe yele klalo be yeanye ƒome ƒe ta hã. Yehowa di tso srɔ̃ŋutsu si be wòakpɔ srɔ̃a kple viawo ƒe ŋutilãme kple seselelãme ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Gake vevietɔ wu la, ele be srɔ̃ŋutsu naxɔ ŋgɔ na eƒe ƒomea le Mawu subɔsubɔ me. Biblia gblɔ tso ŋutsu si mekpɔa eƒe ƒomea dzi o la ŋu be, ‘evɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.’ (1 Timoteo 5:8) Eya ta ne ènye ŋutsu si le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la, de ŋugble le ale si nàte ŋu awɔ Biblia me gɔmeɖose sia ŋu dɔe la ŋu: “Wɔ wò gotadɔwo, eye nàna nu sia nu nasɔ gbe le wò agble me; eyome nàtu wò xɔ.” Nu si nya mawo fiae nye be, hafi nàɖe srɔ̃ la, kpɔ egbɔ be yeate ŋu anye srɔ̃ŋutsu si tɔgbi Yehowa di tso asiwò be nànye.—Lododowo 24:27.

15 Ele be nyɔnu si le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum nabia eɖokui be ɖe yesu te na srɔ̃nyɔnu kple ɖewohĩ vidadanyenye ƒe agbanɔamedzia tsɔtsɔ hã. Biblia ƒo nu tso mɔ vovovo siwo nu srɔ̃nyɔnu nyui léa be na srɔ̃a kple viawo le la ŋu. (Lododowo 31:10-31) Egbea, ŋutsu kple nyɔnu geɖewo bua nu si ko woate ŋu akpɔ tso woƒe srɔ̃ɖeɖe me la ŋu. Gake Yehowa di be míabu nu si míate ŋu awɔ na mía srɔ̃ la boŋ ŋu.

16, 17. Ne èle srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la, nu kawo ŋue wòle be nàde ŋugble le?

16 Hafi nàɖe srɔ̃ la, de ŋugble le nu si Yehowa gblɔ tso srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo ŋu la ŋu. Be ŋutsu nanye ƒome ƒe ta mefia be wòawɔ ŋlɔmi le eƒe ƒomea ŋu le ŋutilãme alo le seselelãme gome o. Ƒome ƒe ta nyui srɔ̃a Yesu. Yesu wɔa nu ɖe ame siwo le eƒe dzikpɔkpɔ te la ŋu le lɔlɔ̃ me eye wònyoa dɔme na wo ɣesiaɣi. (Efesotɔwo 5:23) Ele be nyɔnu hã nabu nu si wòfia be wòakpe asi ɖe srɔ̃a ƒe nyametsotsowo ŋu ahawɔ nu kplii aduadu la ŋu. (Romatɔwo 7:2) Ele be wòabia eɖokui be ɖe wòanye yeƒe dzidzɔ be yeabɔbɔ ɖe ŋutsu madeblibo te hã. Ne esusu be yemate ŋui o la, ke ɖewohĩ atso nya me be anyo wu be yeanye tre fifia gbɔ.

17 Ele be srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo natsi dzi ɖe wo srɔ̃wo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu wu woawo ŋutɔwo tɔ. (Xlẽ Filipitɔwo 2:4.) Paulo ŋlɔ bena: “Srɔ̃ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene; ke srɔ̃nyɔnu hã nade bubu deto srɔ̃a ŋu.” (Efesotɔwo 5:21-33) Ele be ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa nase le wo ɖokuiwo me be wolɔ̃ yewo eye wodea bubu yewo ŋu. Gake be srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze la, ele vevie ŋutɔ be srɔ̃ŋutsua nakpɔe be ye srɔ̃ dea bubu ye ŋu, eye ele vevie be srɔ̃nyɔnua hã nakpɔe be ye srɔ̃ lɔ̃ ye.

18. Nu ka tae wòle be ame siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la naɖɔ ŋu ɖo?

18 Ele be ɣeyiɣi si ŋutsu kple nyɔnu atsɔ azɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la nanye dzidzɔɣi si me woanya wo nɔewo nyuie le. Eganye ɣeyiɣi si me wòle be woabu nuwo ŋu nyuie ahato nyateƒe na wo nɔewo ale be woate ŋu atso nya me nenye be yewoadi ŋutɔŋutɔ be yewoaɖe yewo nɔewo. Le woƒe zɔzɔa me la, ŋutsua kple nyɔnua srɔ̃a ale si woaɖo dze kple wo nɔewo, eye wodzea agbagba be yewoanya nu si ŋutɔŋutɔ le dzi me na yewo nɔewo. Ne wo dome va le kplikplikpli nɔm wu la, ele dzɔdzɔme nu be woadi be yewoanɔ tetem ɖe yewo nɔewo ŋu wu. Gake ele be woaɖu wo ɖokuiwo dzi le ale si woaɖe woƒe seselelãmewo afia wo nɔewo hafi ava ɖe srɔ̃ la gome, ale be womagava nɔ agbe gbegblẽ o. Lɔlɔ̃ akuakua akpe ɖe wo ŋu be woaɖu wo ɖokuiwo dzi eye ana hã be woaƒo asa na nu si ate ŋu agblẽ wo ame evea dome ƒomedodoa kpakple wo kple Yehowa dome ƒomedodoa me la wɔwɔ.—1 Tesalonikatɔwo 4:6.

Le zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me la, ŋutsua kple nyɔnua ate ŋu asrɔ̃ ale si woaɖo dze kple wo nɔewo

ALEKE MAWƆ ANA NYE SRƆ̃ÐEÐE NALI KE?

19, 20. Aleke Kristotɔwo bua srɔ̃ɖeɖee?

19 Le agbalẽ kple film geɖewo me la, srɔ̃kpekpe kpeɖii aɖe si me wokpɔa dzidzɔ le lae wotsɔ ƒoa ŋutinyaa tae. Gake le nyateƒe me la, gɔmedzedzea koe srɔ̃kpekpea nye. Yehowa ƒe didie wònye be srɔ̃ɖeɖe nanɔ anyi ɖaa.—1 Mose 2:24.

20 Egbea, ame geɖe bua srɔ̃ɖeɖe be ɣeyiɣi aɖe ƒe nu koe wònye. Woɖea srɔ̃ bɔbɔe eye wogagbea srɔ̃ bɔbɔe. Ame aɖewo susuna be ne kuxiwo do mo ɖa la, ke efia be ɣeyiɣia de be yewoadzo le yewo srɔ̃ gbɔ eye yewoagbe yewo nɔewo. Gake ɖo ŋku Biblia me kpɔɖeŋu si ku ɖe ka etɔ̃ si wogbi ɖekae la dzi. Ne nɔnɔmeawo sesẽ ŋutɔ gɔ̃ hã la, ka ma tɔgbi malã o. Ne míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu la, míaƒe srɔ̃ɖeɖe ate ŋu ali ke. Yesu gblɔ be: “Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke megama eme o.”—Mateo 19:6.

21. Nu kae akpe ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ŋu be woalɔ̃ wo nɔewo?

21 Nyuiƒewo kple gbagbãƒewo le mí katã ŋu. Ele bɔbɔe be míaƒe susu nava nɔ ame bubuwo ƒe gbagbãƒewo, vevietɔ mía srɔ̃wo tɔ ŋu. Gake ne míewɔa esia la, míakpɔ dzidzɔ o. Ke hã ne míaƒe susu nɔa mía srɔ̃ ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu la, dzidzɔ anɔ srɔ̃ɖeɖea me. Ðe wòsɔ be míaƒe susu nanɔ mía srɔ̃ ƒe nyuiƒewo koŋ ŋua? Ɛ̃! Yehowa nya be míede blibo o, ke hã míaƒe nɔnɔme nyuiwo ŋue wòléa ŋku ɖo. Ne ɖe mewɔa esia o la, bu ale si nuwo anɔ ŋu kpɔ. Hakpalaa gblɔ be: “Oo Yah, ne vodadawo ŋue nèléa ŋku ɖo la, Oo Yehowa, anye ne ame kae ate ŋu anɔ te?” (Psalmo 130:3) Srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu asrɔ̃ Yehowa ne woléa ŋku ɖe wo srɔ̃wo ƒe nyuiƒewo ŋu eye wolɔ̃na faa tsɔnɛ kea wo nɔewo.—Xlẽ Kolosetɔwo 3:13.

22, 23. Aleke Abraham kple Sara ɖo kpɔɖeŋu nyui na srɔ̃tɔwo?

22 Ne ƒeawo va le yiyim la, srɔ̃ɖekadodoa me gatea ŋu sẽna ɖe edzi. Abraham kple Sara ƒe srɔ̃ɖeɖea li ke eye dzidzɔ nɔ eme. Esi Yehowa gblɔ na Abraham be wòaʋu le wo de Ur la, anɔ eme be Sara xɔ ƒe 60 kple edzivɔ. Bu ale si wòasesẽ na Sara be wòaʋu le woƒe aƒe nyuia me aɖanɔ avɔgbadɔwo me la ŋu kpɔ. Ke hã, Sara nye xɔlɔ̃ kple kpeɖeŋutɔ nyui na srɔ̃a eye edea bubu deto eŋu hã. Eya ta ekpea asi ɖe Abraham ƒe nyametsotsowo ŋu eye wòwɔa etɔ sinua be nyametsotsoawo nakpɔ dzidzedze.—1 Mose 18:12; 1 Petro 3:6.

23 Gake srɔ̃ɖeɖe si kpɔ dzidzedze la mefia be atsu kple asia ƒe susu awɔ ɖeka ɣesiaɣi le nya sia nya ŋu o. Gbe ɖeka esi Abraham ƒe susu mewɔ ɖeka kple Sara tɔ le nya aɖe ŋu o la, Yehowa gblɔ na Abraham be: “Ðo toe.” Abraham wɔe nenema, eye nu nyuiwo do tso eme. (1 Mose 21:9-13) Ne wò kple srɔ̃wò ƒe susu mewɔ ɖeka le nanewo ŋu ɣeaɖewoɣi o la, dzi megaɖe le ƒowò o. Nu vevitɔe nye be, miayi edzi alɔ̃ mia nɔewo ahade bubu mia nɔewo ŋu le ɣeyiɣi siwo me miaƒe susuwo mewɔ ɖeka o gɔ̃ hã me.

Mina Mawu ƒe Nyaa nanye miaƒe srɔ̃ɖeɖea ƒe akpa vevi aɖe tso gɔmedzedzea

24. Nu kae ana míaƒe srɔ̃ɖeɖe nade bubu Yehowa ŋu?

24 Srɔ̃tɔ akpe geɖewo le Kristo hamea me siwo le dzidzɔ kpɔm. Ne èdi be yeaɖe srɔ̃ la, ɖo ŋku edzi be ame si nàɖe tiatia nye nyametsotso vevitɔ siwo nàwɔ le agbe me la dometɔ ɖeka. Wò tiatiaa akpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe katã dzi, eya ta na Yehowa nafia mɔ wò. Esia awɔe be nàtia ame si nàɖe la nyuie, ana nàdzra ɖo nyuie ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu, eye wòana nàku kutri ana kadodo sẽŋu si me lɔlɔ̃ le si ade bubu Yehowa ŋu la nanɔ wò kple srɔ̃wò dome.