Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 11

Le Srɔ̃kpekpea Vɔ Megbe

Le Srɔ̃kpekpea Vɔ Megbe

“Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.”—1 KORINTOTƆWO 13:8.

1, 2. Ne kuxiwo le srɔ̃ɖeɖe aɖe me la, ɖe wòfia be srɔ̃ɖeɖea medze edzi oa? Ðe eme.

SRƆ̃ÐEÐE nye nunana tso Yehowa gbɔ. Ate ŋu ana ame nakpɔ dzidzɔ wu le agbe me. Ke hã, kuxiwo nɔa srɔ̃ɖeɖe ɖe sia ɖe me. Ate ŋu adze ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã be kuxiawo nu matso gbeɖe o ene, eye etea ŋu dzɔna be srɔ̃tɔwo dome megava nɔa vivim tututu abe tsã ene o.

2 Mele be wòawɔ nuku na mí ne kuxiwo doa mo ɖa ɣeaɖewoɣi le míaƒe srɔ̃ɖeɖe me o. Gake kuxi mawo mefia be wò srɔ̃ɖeɖea mekpɔ dzidzedze o. Srɔ̃tɔ siwo nɔ kuxi sesẽwo me tom la gɔ̃ hã te ŋu dze agbagba dzra wo nɔewo dome ɖo, eye woƒe srɔ̃ɖeɖea va li ke. Aleke wowɔe?

ALE SI MIATE ÐE MAWU ŊU EYE MIA DOME NANƆ KPLIKPLIKPLI

3, 4. Nu kae tea ŋu dzɔna le srɔ̃ɖeɖe me ɣeaɖewoɣi?

3 Srɔ̃ɖeɖe tèa ame eve siwo to vovo la ƒoa ƒu, ame sia ame kple nu siwo dzɔa dzi nɛ, wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe susu le vovo, eye mɔ siwo nu wowɔa nu le hã to vovo. Azɔ hã, srɔ̃ŋutsua kple srɔ̃nyɔnua ƒe dekɔnuwo kple nɔnɔme siwo me wotsi le la tea ŋu toa vovo. Ebia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze be srɔ̃tɔwo nanya wo nɔewo nyuie ahase nu gɔme na wo nɔewo.

4 Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ate ŋu adzɔ be srɔ̃tɔawo dometɔ ɖe sia ɖe nava tsi dzi ɖe nu siwo ku ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu ale gbegbe be wo dome magava nɔ kplikplikpli o. Esia ate ŋu ana wòadze abe ɖe ame sia ame lé eƒe mɔ tsɔ le agbe me ene. Nu kae ate ŋu ana wo dome nagava nɔ kplikplikpli?

Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ le vevie be srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze

5. (a) Nu kae ate ŋu akpe ɖe Kristotɔ ŋu be eya kple srɔ̃a dome nanɔ kplikplikpli? (b) Le Hebritɔwo 13:4 ƒe nya nu la, aleke wòle be míabu srɔ̃ɖeɖee?

5 Yehowa ɖo aɖaŋu nyui aɖewo na srɔ̃tɔwo, siwo ate ŋu akpe ɖe wò kple srɔ̃wò ŋu miate ɖe eyama ŋu eye wòana mi ame evea hã dome nanɔ kplikplikpli. (Psalmo 25:4; Yesaya 48:17, 18) Le kpɔɖeŋu me, egblɔ na mí be: “Mina bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu le amewo katã dome.” (Hebritɔwo 13:4) Ne èdea bubu nane ŋu la, àde asixɔxɔ eŋu eye àbui nu vevii. Àkpɔ eta eye màbui nu tsɛe o. Nenemae Yehowa di be míabu srɔ̃ɖeɖee.

LƆLƆ̃ NA YEHOWA ATE ŊU ANA MIAƑE SRƆ̃ÐEÐEA NADZE EDZI

6. Nu kae Mateo 19:4-6 me nyawo ɖe fia mí ku ɖe ale si Yehowa bua srɔ̃ɖeɖee ŋu?

6 Yehowa ye ɖo srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ anyi. Eye Via, Yesu, gblɔ be: “Ðe miexlẽe kpɔ be ame si wɔ ame tso gɔmedzedzea me la, ŋutsu kple nyɔnue wòwɔ woe, eye wògblɔ be, ‘Esia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòaku ɖe srɔ̃a ŋu, eye wo ame evea woazu ŋutilã ɖeka’ oa? Ale be womeganye ame eve azɔ o, ke boŋ ŋutilã ɖeka. Eya ŋuti nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke megama eme o.” (Mateo 19:4-6) Tso gɔmedzedzea me ke la, Yehowa ɖoe be srɔ̃ɖeɖe nanɔ anyi ɖaa. Edi be ƒomea me tɔwo dome nanɔ kplikplikpli, woakpɔ dzidzɔ eye woase vivi na agbea ɖekae.

7. Aleke srɔ̃tɔwo ate ŋu ana woƒe srɔ̃ɖekadodoa me nasẽ?

7 Ke hã, srɔ̃tɔwo toa kuxiwo kple nɔnɔme sesẽwo me egbea wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Ɣeaɖewoɣi la, kuxiawo nu sẽna ale gbegbe be wosusuna be yewoƒe srɔ̃ɖeɖea mate ŋu adze edzi o eye wonaa ta. Gake ne míebua srɔ̃ɖeɖe abe ale si Yehowa bunɛ ene la, esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu.—1 Yohanes 5:3.

8, 9. (a) Nɔnɔme kawo gɔ̃ hã mee wòle be míawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiame siwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu dzi le? (b) Aleke míaɖee afia be míedea asixɔxɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu?

8 Míaƒe nyonyo tae Yehowa naa mɔfiamewo mí ɖo, eye wo dzi wɔwɔ ɖea vi ɣesiaɣi. Abe ale si míekpɔe va yi ene la, eɖo aɖaŋu na mí be: “Mina bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu.” (Hebritɔwo 13:4; Nyagblɔla 5:4) Ne míewɔa Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi le ɣeyiɣi sesẽwo gɔ̃ hã me la, eme anyo na mí godoo.—1 Tesalonikatɔwo 1:3; Hebritɔwo 6:10.

9 Esi míedea asixɔxɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu ta la, míedina be míaƒo asa na nuƒoƒo kple nuwɔna ɖe sia ɖe si ate ŋu agblẽ nu le srɔ̃ɖeɖea ŋu. Míedi boŋ be míana kadodo si le mía kple mía srɔ̃ dome la nanɔ kplikplikpli wu. Aleke míate ŋu awɔ esiae?

DE BUBU WÒ SRƆ̃ÐEÐE ŊU TO WÒ NUƑOƑO KPLE NUWƆNA ME

10, 11. (a) Kuxi sesẽ kae nɔa srɔ̃ɖeɖe aɖewo me? (b) Nu ka tae ale si míeƒoa nu na mía srɔ̃ le vevie?

10 Nu vovovowo li ame ate ŋu awɔ si ana srɔ̃a nase veve. Míenya be masɔ gbeɖe be Kristotɔ aɖe naƒo srɔ̃a alo awɔ nu vevii le mɔ aɖeke nu o. Gake ate ŋu adzɔ be míade abi mía nɔewo ƒe seselelãmewo ŋu to míaƒe nuƒoƒo dzi. Nyawo ate ŋu anɔ abe lãnuwo ene. Nyɔnu aɖe gblɔ be: “Srɔ̃nye dzãam kple eƒe nyawo. Ðewohĩ màkpɔ abi ŋutɔŋutɔwo le ŋunye ya o, gake eƒe nya tɔamewo, abe ‘Agbae nènye nam!’ kple ‘Wò ya mèle bo aɖeke nu o!’ ene gbɔgblɔ ɣesiaɣi de abi nye dzi ŋu vevie.” Srɔ̃ŋutsu aɖe gblɔ be enuenu la, ye srɔ̃ gblɔa nyawo tsɔ daa ye ɖe anyi eye wòyɔa gbɔɖiameŋkɔwo na ye. Srɔ̃ŋutsu sia ke gblɔ be: “Nyemate ŋu agblɔ nya siwo wògblɔna ɖe ŋunye la le ame dome gɔ̃ hã o. Ema tae nyemetea ŋu ƒoa nu nɛ o eye zã tsina nyuie hafi megbɔna tso dɔme. Esia dea dzinye sãsãsã wu be magbɔ va aƒe me.” Egbea, enye nu si bɔ be ame nagblɔ nya veamewo, alo nya tɔamewo kple dzugbewo, eye nu siawo dea abi ame ƒe seselelãme ŋu vevie.

11 Ne srɔ̃tɔwo gblɔa nya tɔamewo ɖe wo nɔewo ŋu la, wodea abi wo nɔewo ƒe seselelãmewo ŋu, eye vevesesea nu meyina kaba o. Eme kɔ ƒãa be menye aleae Yehowa di be srɔ̃tɔwo nawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋui o. Gake ate ŋu adzɔ be nàdo dzivee na srɔ̃wò le manyamanya me gɔ̃ hã. Ðewohĩ awɔ na wò be èwɔa nu ɖe srɔ̃wò ŋu nyuie, gake aleke eya sena le eɖokui me? Ne ègblɔa nya aɖe si vea srɔ̃wò la, ɖe nàlɔ̃ faa awɔ tɔtrɔa?—Galatiatɔwo 5:15; xlẽ Efesotɔwo 4:31.

12. Nu kae ate ŋu agblẽ nu le ƒomedodo si le srɔ̃tɔ aɖe kpakple Yehowa dome la ŋu?

12 Ale si nèƒoa nu na srɔ̃wò, eɖanye le ame dome alo ne mi ame evea ɖeɖee li o, la le vevie na Yehowa. (Xlẽ 1 Petro 3:7.) Yakobo 1:26 gblɔ na mí be: “Ne ame aɖe bua eɖokui mawusubɔlae, evɔ meléa eƒe aɖe o la, eya ŋutɔ ƒe dzi blem wòle, eye eƒe subɔsubɔ nye dzodzro.”

13. Go bubu ka mee ame ate ŋu awɔ nu wòate ɖe srɔ̃a dzi le?

13 Ele be srɔ̃tɔwo nabu wo nɔewo ƒe seselelãmewo ŋu le go bubu aɖewo hã me. Le kpɔɖeŋu me, aleke srɔ̃wò ase le eɖokui me ne èva le ɣeyiɣi geɖe zãm ɖe ame bubu ŋu? Ate ŋu anye be menye susu vɔ̃ aɖeke tae o, ɖewohĩ gbeadzie mienɔna alo èkpena ɖe eŋu be wòakpɔ kuxi aɖe gbɔ. Gake ɖe esia ate ɖe srɔ̃wò dzia? Srɔ̃nyɔnu Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Ne mekpɔe be srɔ̃nye zãa ɣeyiɣi geɖe ɖe nɔvinyɔnu bubu ŋu le hamea me la, etena ɖe dzinye ŋutɔ. Ewɔnɛ be mesena le ɖokuinye me be nyemele ɖeke me o.”

14. (a) Nufiame vevi kae míesrɔ̃ tso 1 Mose 2:24 me nyawo me? (b) Nya kae wòle be míabia mía ɖokuiwo?

14 Ele eme be agba le mí Kristotɔwo dzi be míatsɔ ɖe le mía dzilawo kple míaƒe haxɔsetɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me. Gake ne míeɖe srɔ̃ la, ame si koŋ ŋu wòle be míatsi dzi ɖoe nye mía srɔ̃. Yehowa gblɔ be srɔ̃ŋutsu ‘aku ɖe srɔ̃a ŋu.’ (1 Mose 2:24) Ele be mía srɔ̃ ƒe seselelãmewo nanɔ vevie na mí ŋutɔ. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe metsɔa ɣeyiɣi, beléle, kple lɔlɔ̃ si srɔ̃nye dze na la nanɛa?’

15. Nu ka tae mele be srɔ̃tɔ Kristotɔwo nana wo kple ame bubu si menye wo srɔ̃ o la dome nava nɔ kplikplikpli o?

15 Ne mía kple ame bubu si menye mía srɔ̃ o dome va le kplikplikpli akpa la, esia ahe kuxiwo ava míaƒe srɔ̃ɖeɖea me. Ate ŋu adzɔ be ame kemɛa ƒe nu nava nyo mía ŋu eye eƒe nu nalé dzi na mí. (Mateo 5:28) Seselelãme mawo nu ate ŋu ava sẽ, si awɔe be nàwɔ nane si made bubu wò srɔ̃ɖeɖea ŋu o.

“WOAGAƑO ÐI SRƆ̃ÐEBA LA O”

16. Se kae Biblia de ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu?

16 Esi Biblia gblɔ be: “Mina bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu” vɔ la, egblɔ kpee be: “Woagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o, elabena Mawu adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me kple ahasiwɔlawo.” (Hebritɔwo 13:4) Le afi sia la, nya “srɔ̃ɖeba” le tsitre ɖi na srɔ̃tɔwo dome gbɔdɔdɔ. (Lododowo 5:18) Aleke míaɖee afia be míedea bubu srɔ̃ɖebaa ŋu, eye aleke míaƒo asa na ɖiƒoƒoe?

17. (a) Aleke ame geɖe bua ahasiwɔwɔ egbeae? (b) Aleke wòle be Kristotɔwo nabu ahasiwɔwɔe?

17 Egbea, ame aɖewo susui be ne ame aɖe mewɔ nuteƒe na srɔ̃a o la, naneke megblẽ le eŋu o. Gake mele be míaɖe mɔ nuŋububu ma nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. Yehowa na eme kɔ na mí nyuie be yelé fu gbɔdɔdɔ manɔsenu kple ahasiwɔwɔ. (Xlẽ Romatɔwo 12:9; Hebritɔwo 10:31; 12:29) Ne míedɔ kple ame si menye mía srɔ̃ o la, ke afia be míeƒo ɖi míaƒe srɔ̃ɖeɖea. Míaɖee afia hã be míedea bubu Yehowa ƒe dzidzenuwo ŋu o, eye esia agblẽ ƒomedodo si le mía kplii dome la me. Eya ta ele be míaƒo asa na afɔɖeɖe gbãtɔ si ate ŋu akplɔ ame ade ahasiwɔwɔ me la ŋutɔ gɔ̃ hã. Eyae nye be míaganɔ susu makɔmakɔwo ŋu bum tso ame bubu ŋu o.—Hiob 31:1.

18. (a) Gɔmesese ka nue ahasiwɔwɔ le abe alakpamawuwo subɔsubɔ ene le? (b) Aleke Yehowa bua ahasiwɔwɔe?

18 Esime blema Israel-viwo nɔ Mose ƒe Sea te la, ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃ gã ŋutɔ si sɔ kple alakpamawuwo subɔsubɔ. Ahasiwɔwɔ kple trɔ̃subɔsubɔ siaa ŋuti tohehee nye ku. (3 Mose 20:2, 10) Gɔmesese ka nue ahasiwɔwɔ le abe alakpamawuwo subɔsubɔ ene le? Ne Israel-vi aɖe subɔ alakpamawu la, ke efia be mewɔ ɖe ŋugbe si wòdo na Mawu be yeawɔ nuteƒe nɛ la dzi o. Ne ewɔ ahasi la, ke mewɔ ɖe ŋugbe si wòdo na srɔ̃a be yeawɔ nuteƒe nɛ la dzi o. (2 Mose 19:5, 6; 5 Mose 5:9; xlẽ Malaki 2:14.) Eme kɔ ƒãa be le blema la, Yehowa bua ahasiwɔwɔ be enye nu vɔ̃ gã.

19. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖoe kplikpaa be míaƒo asa na ahasiwɔwɔ?

19 Ke egbea ya ɖe? Togbɔ be míegale Mose ƒe Sea te o hã la, ale si Yehowa bua ahasiwɔwɔe la metrɔ o. Abe ale si ko míasubɔ alakpamawuwo gbeɖe o ene la, nenema kee mele be wòadzɔ gbeɖe be míawɔ ahasi o. (Psalmo 51:1, 4; Kolosetɔwo 3:5) Ne míewɔ ahasi la, esia anye bubumademade míaƒe srɔ̃ɖeɖea kple mía Mawu, Yehowa siaa ŋu.—Kpɔ Dzesidenya 26 lia.

ALE SI NÀNA WÒ SRƆ̃ÐEKADODOA ME NASẼ ÐE EDZI

20. Aleke nunya ate ŋu aɖe vi le srɔ̃ɖeɖe me?

20 Aleke nàna wò srɔ̃ɖekadodoa me nasẽ ɖe edzi? Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Nunyae wotsɔna tua xɔe, eye nugɔmesesee wotsɔna lia kee.” (Lododowo 24:3) Aƒe aɖe ate ŋu anye esi me vuvɔ le si ɖi gbɔlo, alo anye esi me fa nyuie si me nɔnɔ dzea edzi na ame eye wòle dedie. Alea kee wòle le srɔ̃ɖeɖe hã gome. Nunyala akpɔ egbɔ be yeƒe srɔ̃ɖeɖe le dedie, eye dzidzeme kple dzidzɔ le eme.

21. Aleke sidzedze ate ŋu ana srɔ̃ɖekadodo me nàsẽ ɖe edzi?

21 Biblia gagblɔ tso aƒe ma ŋu be: “Sidzedzee wotsɔna dea kesinɔnu veviwo kple nu nyoameŋu vovovowo xɔwo me taŋtaŋ.” (Lododowo 24:4) Nu siwo nèsrɔ̃na tso Mawu ƒe Nyaa me la ate ŋu ana nuwo nanyo ɖe edzi wu le wò srɔ̃ɖeɖea me. (Romatɔwo 12:2; Filipitɔwo 1:9) Ne wò kple srɔ̃wò miele Biblia kple míaƒe agbalẽwo xlẽm ɖekae la, midzro ale si miate ŋu awɔ nu siwo srɔ̃m miele dzi la me. Mide ŋugble le mɔ siwo nu mialɔ̃ mia nɔewo ahade bubu mia nɔewo ŋu geɖe wu le la ŋu, eye mibu ale si mianyo dɔme na mia nɔewo ahabu mia nɔewo ŋu hã ŋu. Bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàtu nɔnɔme nyui siwo ana wò srɔ̃ɖekadodoa me nasẽ eye wò nu nanyo srɔ̃wò ŋu geɖe wu la ɖo.—Lododowo 15:16, 17; 1 Petro 1:7.

Le ƒometadeaguɣiwo la, miɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòafia mɔ mi

22. Nu ka tae wòle be míaɖee afia mía srɔ̃ be míelɔ̃e, míedea bubu eŋu eye míebunɛ?

22 Ele be míawɔ nu sia nu si míate ŋui aɖee afia mía srɔ̃ be míelɔ̃e, míedea bubu eŋu eye míebunɛ. Esia ana dzidzɔ nanɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖea me eye srɔ̃ɖekadodoa me nasẽ. Ke vevietɔ wu la, míana dzi nadzɔ Yehowa.—Psalmo 147:11; Romatɔwo 12:10.