Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 3

Tia Xɔlɔ̃ Siwo Lɔ̃ Mawu

Tia Xɔlɔ̃ Siwo Lɔ̃ Mawu

“Ame si zɔna kple nunyalawo la, adze nunya.”—LODODOWO 13:20.

1-3. (a) Nu kae míesrɔ̃ tso Lododowo 13:20 me? (b) Nu ka tae wòle be míatia mía xɔlɔ̃wo le nunya me?

ÈDE dzesi ale si ɖevi léa ŋku ɖe edzilawo ŋuia? Hafi wòate nuƒoƒo gɔ̃ hã la, esrɔ̃a nu geɖe tso nu siwo wòkpɔna hesena la me. Ne ele tsitsim la, eva nɔa edzilawo srɔ̃m, togbɔ be eya ŋutɔ made dzesii o gɔ̃ hã. Mewɔ nuku o be ame tsitsiwo hã va nɔa tame bum henɔa nu wɔm abe ame siwo wodea ha kplii zi geɖe la ene.

2 Lododowo 13:20 gblɔ na mí be: “Ame si zɔna kple nunyalawo la, adze nunya.” Le afi sia la, be ‘woazɔ kple’ ame aɖe fia ale si ame natiae be yeade ha kple ame aɖe. Esia yi ŋgɔ wu ame aɖe gbɔ nɔnɔ ko. Biblia ŋuti nunyala aɖe gblɔ be, be woazɔ kple ame aɖe bia be woalɔ̃ amea, eye ƒomedodo kplikplikpli nanɔ wo ame evea dome. Ame siwo míedea ha kplii lae kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi wu, vevietɔ ne ƒomedodo kplikplikpli le mía kpli wo dome.

3 Mía xɔlɔ̃wo ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui alo ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi. Lododowo 13:20 gblɔ yi edzi be: “Ame si dea ha kple bometsilawo la, eme manyo nɛ o.” Le Hebrigbe me la, be ‘woade ha kple’ ame aɖe ate ŋu afia be amea nanye mía xɔlɔ̃. (Lododowo 22:24; Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:20) Xɔlɔ̃ siwo lɔ̃ Mawu la ade dzi ƒo na mí be míayi edzi awɔ nuteƒe nɛ. Be míatia mía xɔlɔ̃wo le nunya me la, na míadzro ame siwo tɔgbi Yehowa tiana be woanye ye xɔlɔ̃wo la me.

AME KAWOE NYE MAWU XƆLƆ̃WO?

4. Nu ka tae wònye bubu gã aɖe be míanye Mawu xɔlɔ̃wo? Nu ka tae Yehowa yɔ Abraham be “xɔ̃nye”?

4 Yehowa, Xexea Me Katã Ƒe Dziɖulagã la, naa mɔnukpɔkpɔ mí be míanye ye xɔlɔ̃wo. Bubu gã aɖee wònye na mí. Yehowa tiaa exɔlɔ̃wo nyuie. Etiaa ame siwo lɔ̃e eye woxɔ edzi se la wonyea exɔlɔ̃wo. Bu Abraham ŋu kpɔ. Enɔ klalo be yeawɔ nu sia nu si Mawu bia tso esi. Enuenu la, Abraham ɖee fia Yehowa be yenye nuteƒewɔla kple toɖola. Elɔ̃ faa gɔ̃ hã be yeatsɔ ye vi Isak asa vɔe. Abraham xɔe se be “Mawu ate ŋu afɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.” (Hebritɔwo 11:17-19; 1 Mose 22:1, 2, 9-13) Abraham wɔ nuteƒe na Yehowa heɖo toe, eye Yehowa yɔe be “xɔ̃nye.”—Yesaya 41:8; Yakobo 2:21-23.

5. Aleke Yehowa bua ame siwo wɔa nuteƒe nɛ lae?

5 Yehowa dea asixɔxɔ exɔlɔ̃wo ŋu. Exɔlɔ̃wo bua nuteƒewɔwɔ nɛ nu vevii wu nu bubu ɖe sia ɖe. (Xlẽ 2 Samuel 22:26.) Wowɔa nuteƒe nɛ heɖoa toe elabe wolɔ̃e. Biblia gblɔ tso Mawu ŋu be, “tsi metoa Eya kple nu dzɔdzɔe wɔlawo [si fia ame siwo ɖoa toe] dome o.” (Lododowo 3:32) Yehowa kpe exɔlɔ̃wo be woanye amekpekpe tɔxɛwo le yeƒe “agbadɔ” me. Ekpe wo be woasubɔ ye eye woado gbe ɖa na ye ɣesiaɣi.—Psalmo 15:1-5.

6. Aleke míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ Yesu?

6 Yesu gblɔ be: “Ne ame aɖe lɔ̃m la, alé nye nya la me ɖe asi, eye Fofonye alɔ̃e.” (Yohanes 14:23) Eya ta be míanye Yehowa xɔlɔ̃wo la, ele be míalɔ̃ Yesu hã, eye míawɔ nu siwo wòfia mí be míawɔ la. Le kpɔɖeŋu me, míewɔna ɖe se siwo Yesu de be míaɖe gbeƒã nya nyuia eye míawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo la dzi. (Mateo 28:19, 20; Yohanes 14:15, 21) Esi míelɔ̃ Yesu ta la, ‘míedzea eƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.’ (1 Petro 2:21) Yehowa kpɔa dzidzɔ ne ekpɔ be míele míaƒe ŋutetewo katã wɔm be míasrɔ̃ ye Via le míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna ɖe sia ɖe me.

7. Nu ka tae wòle be míadze xɔlɔ̃ ame siwo nye Yehowa xɔlɔ̃wo?

7 Yehowa xɔlɔ̃wo nye nuteƒewɔlawo kple toɖolawo, eye wolɔ̃ Via hã. Ðe míawo hã míedzea xɔlɔ̃ ame siwo tɔgbi Yehowa tiana be woanye ye xɔlɔ̃woa? Ne xɔ̃wòwo srɔ̃a Yesu eye wodoa vevie nufiafia amewo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu la, woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànye ame nyui eye nàyi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa.

NU SI MÍESRƆ̃ TSO BIBLIA ME KPƆÐEŊUWO ME TSO XƆLƆ̃WƆWƆ ŊU

8. Nu kae do dzidzɔ na wò le Rut kple Naomi ƒe xɔlɔ̃wɔwɔa ŋu?

8 Le Biblia me la, míate ŋu axlẽ nu tso xɔlɔ̃wɔwɔ geɖewo, abe esi nɔ Rut kple lɔ̃xoa Naomi dome ene la ŋu. Nyɔnu siawo tso dukɔ vovovo me, woƒe dekɔnuwo hã to vovo eye Naomi tsi wu Rut sãsãsã. Gake wova zu xɔlɔ̃ veviwo, elabe wo ame evea siaa lɔ̃ Yehowa. Esi Naomi ʋu tso Moab-nyigba dzi yina Israel la, ‘Rut ku ɖe eŋu.’ Egblɔ na Naomi be: “Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu.” (Rut 1:14, 16) Rut nyo dɔme na Naomi ale gbegbe. Esi wova ɖo Israel-nyigba dzi la, Rut wɔ dɔ sesĩe tsɔ kpe ɖe exɔlɔ̃a ŋu. Naomi lɔ̃ Rut vevie eye wòɖo aɖaŋu nyuiwo nɛ. Rut ɖo toe, eye esia wɔe be wo ame evea siaa wokpɔ yayra geɖe.—Rut 3:6.

9. Nu kae wɔ dɔ ɖe dziwò le David kple Yonatan ƒe xɔlɔ̃wɔwɔa ŋu?

9 David kple Yonatan hã nye xɔlɔ̃ nyuiwo ƒe kpɔɖeŋu bubu. Wo ame evea siaa wɔa nuteƒe na Yehowa. Yonatan tsi wu David abe ƒe 30 sɔŋ ene, eye eyae anyi fofoa dome azu Israel-fia hafi. (1 Samuel 17:33; 31:2; 2 Samuel 5:4) Ke hã, esi wòva nya be Yehowa tia David be wòazu fia la, meʋã ŋui alo ʋli ho kplii o. Ke boŋ Yonatan wɔ nu sia nu si wòate ŋui tsɔ kpe ɖe David ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi David ɖo afɔku me la, Yonatan kpe ɖe eŋu eye ‘wòdo ŋusẽe be wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.’ Etsɔ eƒe agbe de afɔku me gɔ̃ hã ɖe David ta. (1 Samuel 23:16, 17) David hã wɔ nuteƒe na exɔlɔ̃a. Edo ŋugbe be yealé be na Yonatan ƒe ƒomea me tɔwo, eye ewɔ ɖe ŋugbedodo ma dzi le Yonatan ƒe ku megbe gɔ̃ hã.—1 Samuel 18:1; 20:15-17, 30-34; 2 Samuel 9:1-7.

10. Nu kae Hebrivi etɔ̃awo ƒe kpɔɖeŋua fia wò tso xɔlɔ̃wɔwɔ ŋu?

10 Sadrak, Mesak kple Abednego nye Hebrivi ɖekakpui etɔ̃ siwo nye xɔlɔ̃wo. Wokplɔ wo dzoe le wo de esime wonye ɖeviwo. Wonɔ teƒe didi aɖe tso woƒe ƒometɔwo gbɔ, ke hã wokpe ɖe wo nɔewo ŋu woyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa. Emegbe esi wova tsi la, wodo woƒe xɔse kpɔ esime Fia Nebukadnezar de se be woade ta agu na sikalegba. Sadrak, Mesak kple Abednego gbe be yewomade ta agu na legba la o, eye wogblɔ na fia la be: “Míele wò mawuwo subɔ ge o, eye sikalegba si nèli la, míele ta de ge agu nɛ o.” Esi wodo xɔlɔ̃ etɔ̃ siawo ƒe xɔse kpɔ la, woyi edzi wɔ nuteƒe na woƒe Mawu la.—Daniel 1:1-17; 3:12, 16-28.

11. Aleke míewɔ nya be Paulo kple Timoteo va zu xɔlɔ̃ veviwo?

11 Esi apostolo Paulo do go ɖekakpui si nye Timoteo la, ekpɔe be elɔ̃ Yehowa eye wòtsɔ ɖe le eme na hamea vevie. Eya ta Paulo na hehe Timoteo be wòakpe ɖe nɔvi siwo le hamewo me la ŋu le teƒe vovovowo. (Dɔwɔwɔwo 16:1-8; 17:10-14) Timoteo do vevie nu ale gbegbe be Paulo gblɔ tso eŋu be: ‘Esubɔ kplim abe kluvi ene le nya nyui la dodo ɖe ŋgɔ me.’ Paulo nya be Timoteo ‘akpɔ nɔviawo ƒe nyawo gbɔ ale si dze.’ Esi Paulo kple Timoteo ku kutri wɔ dɔ ɖekae le Yehowa subɔsubɔ me la, wova zu xɔlɔ̃ veviwo.—Filipitɔwo 2:20-22; 1 Korintotɔwo 4:17.

ALE SI MÍAWƆ ATIA XƆLƆ̃ NYUIWO

12, 13. (a) Nu ka tae wòle be míatia mía xɔlɔ̃wo le ŋuɖɔɖo me le hamea me gɔ̃ hã? (b) Nu ka tae apostolo Paulo na nuxlɔ̃amenya siwo le 1 Korintotɔwo 15:33?

12 Le hamea me la, míate ŋu asrɔ̃ nu tso mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo gbɔ ahakpe ɖe mía nɔewo ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe. (Xlẽ Romatɔwo 1:11, 12.) Gake le hamea me gɔ̃ hã la, ele be míaɖɔ ŋu ɖo le ame siwo míatia woanye mía xɔlɔ̃ kplikplikpliwo la ŋu. Ame ƒomevi vovovowoe le hamea me, wotso teƒe vovovowo eye woƒe dekɔnuwo to vovo. Ame aɖewo va hamea me medidi o, eye ame aɖewo hã le Yehowa subɔm ƒe geɖe. Exɔa ɣeyiɣi be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ ame kple Yehowa dome, abe ale si ko wòxɔa ɣeyiɣi hafi atikutsetse ɖina ene. Eya ta ehiã be míagbɔ dzi ɖi na mía nɔewo ahalɔ̃ mía nɔewo eye míatia mía xɔlɔ̃wo le nunya me.—Romatɔwo 14:1; 15:1; Hebritɔwo 5:12–6:3.

13 Ɣeaɖewoɣi la, kuxi sesẽwo ate ŋu ado mo ɖa le hamea me, eye wòahiã be míaɖɔ ŋu ɖo. Ate ŋu adzɔ be nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe le nane si dzi Biblia meda asi ɖo o la wɔm. Alo be ɖewohĩ nyatoƒoetoto ƒe nɔnɔme va le nɔvi aɖe si, si ate ŋu agblẽ nu le hamea ŋu. Esia mewɔa nuku na mí o, elabena le ƒe alafa gbãtɔ me gɔ̃ hã la, kuxiwo nɔ anyi le hamea me. Le nyateƒe me la, apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi la be: “Migana woaflu mi o. Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.” (1 Korintotɔwo 15:12, 33) Paulo xlɔ̃ nu Timoteo hã be wòaɖɔ ŋu ɖo le ame siwo wòatia be woanye exɔlɔ̃ kplikplikpliwo la ŋu. Ele be míawo hã míaɖɔ ŋu ɖo nenema ke.—Xlẽ 2 Timoteo 2:20-22.

14. Ŋusẽ kae ame siwo míedzea xɔlɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖe mía kple Yehowa dome ƒomedodoa dzi?

14 Ele be míakpɔ ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la ta. Eyae nye nu xɔasitɔ kekeake si le mía si. Eya ta míeƒoa asa na hadede kplikplikpli kple ame siwo ate ŋu ana míaƒe xɔse nagbɔdzɔ alo agblẽ ƒomedodo ma me. Abe ale si ko mímate ŋu ade papahũ tsi ƒoɖi me ahanɔ mɔ kpɔm be wòalɔ tsi dzadzɛ o ene la, nenema kee mímate ŋu ade ha kple ame siwo wɔa nu gbegblẽ, evɔ míanɔ mɔ kpɔm be anɔ bɔbɔe na mí be míawɔ nu si sɔ o. Ehiã be míatia mía xɔlɔ̃wo le ŋuɖɔɖo me.—1 Korintotɔwo 5:6; 2 Tesalonikatɔwo 3:6, 7, 14.

Àte ŋu akpɔ xɔlɔ̃ nyui siwo lɔ̃ Yehowa

15. Nu kae nàwɔ be nàdze xɔlɔ̃ nyuiwo le hamea me?

15 Le hamea me la, míate ŋu akpɔ ame siwo lɔ̃ Yehowa vevie. Woate ŋu ava nye mía xɔlɔ̃ kplikplikpliwo. (Psalmo 133:1) Mègadze xɔlɔ̃ ame siwo nye hawòtiwo alo ame siwo wò kpli wo mietso teƒe ɖeka la ko o. Ðo ŋku edzi be Yonatan tsi wu David sãsãsã, eye Rut hã metsi de Naomi nu kura o. Míedi be míawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Miʋu miaƒe dziwo me gbadzaa.” (2 Korintotɔwo 6:13; xlẽ 1 Petro 2:17.) Eye zi ale si nèyia edzi srɔ̃a Yehowa la, zi nenemae amewo adi be yewoadze xɔlɔ̃ wò.

NE KUXIWO DO MO ÐA

16, 17. Ne hamea me tɔ aɖe wɔ nu wòve mí la, nu kae mele be míawɔ o?

16 Le ƒome ɖe sia ɖe me la, ame sia ame ƒe amenyenye, eƒe susu le nuwo ŋu kple ale si wòwɔa nui la toa vovo. Nenema kee wòle le hamea me hã. Vovototo siawo nana míesea vivi na agbea, eye míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso mía nɔewo gbɔ. Gake ɣeaɖewoɣi la, vovototo siawo wɔnɛ be míesea mía nɔviwo gɔme bubui, eye esia hea masɔmasɔwo vanɛ. Ɣeaɖewoɣi la, woate ŋu ada vo le mía dzi alo awɔ nu wòave mí. (Lododowo 12:18) Ðe wòle be míana kuxi siawo naɖe dzi le mía ƒo alo ana míadzudzɔ hadede kple hamea?

17 Kura o. Ne ame aɖe wɔ nu wòve mí gɔ̃ hã la, mímadzudzɔ hadede kple hamea o. Menye Yehowa ye dze agɔa le mía dzi o. Eyae na agbe kple nu bubu ɖe sia ɖe mí. Eya ta edze na míaƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ. (Nyaɖeɖefia 4:11) Hamea nye nunana tso Yehowa gbɔ na mí eye wòkpena ɖe mía ŋu míetua xɔse sẽŋu ɖo. (Hebritɔwo 13:17) Miagbe nu le nunana ma gbɔ le esi ame aɖe wɔ nu wòve mí ta ko o.—Xlẽ Psalmo 119:165.

18. (a) Nu kae akpe ɖe mía ŋu be mía kple mía nɔviwo dome nanɔ nyuie? (b) Nu ka tae wòle be míatsɔ ake amewo?

18 Míelɔ̃ mía nɔviwo eye míedi be mía kpli wo dome nanɔ nyuie. Yehowa mekpɔa mɔ be amegbetɔ madeblibowo nawɔ nu wòade blibo o, eye mele be míawo hã míakpɔ mɔ nenema o. (Lododowo 17:9; 1 Petro 4:8) Mí katã míedaa vo, gake lɔlɔ̃ akpe ɖe mía ŋu míayi edzi ‘atsɔ anɔ mia nɔewo kem faa.’ (Kolosetɔwo 3:13) Lɔlɔ̃ aʋã mí be mímatrɔ masɔmasɔ sue aɖe wòazu kuxi gã o. Nyateƒee, ne ame aɖe wɔ nu wòve mí la, esesẽna be míadzudzɔ eŋu bubu. Ele bɔbɔe be míado dziku ahalé amea ɖe dɔme. Gake ɖeko esia ana míase veve eye míanɔ dzidzɔ kpɔm o. Gake ne míetsɔe ke ame si dze agɔ le mía dzi la, míaƒe susu adze akɔ anyi, ɖekawɔwɔ anɔ hamea me, eye vevietɔ wu la, ƒomedodo nyui anɔ mía kple Yehowa dome.—Mateo 6:14, 15; Luka 17:3, 4; Romatɔwo 14:19.

NE WOÐE AME AÐE LE HAA ME

19. Ɣekaɣie wòahiã be míadzudzɔ hadede kple ame aɖe le hamea me?

19 Le ƒome si me lɔlɔ̃ le me la, ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe wɔa etɔ sinu be yeana ƒomea me tɔ bubuwo nakpɔ dzidzɔ. Gake tsɔe be ame ɖeka dze aglã. Ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe dze agbagba be yeakpe ɖe eŋu gake egbe woƒe kpekpeɖeŋua. Ate ŋu atso nya me be yeadzo le aƒea me, alo ɖewohĩ ahiã be ƒomea ƒe ta nanyae le aƒea me. Nu sia tɔgbi ate ŋu adzɔ le hamea me. Ame aɖe ate ŋu atiae be yeanɔ nu siwo medze Yehowa ŋu o la wɔm eye wòagblẽ nu le hamea ŋu. Egbe kpekpeɖeŋuxɔxɔ eye wòto eƒe nuwɔna dzi ɖee fia be yemedi be yeaganɔ hamea me o. Ate ŋu atiae be yeadzo le hamea me alo woaɖee le haa me. Ne edzɔ alea la, Biblia gblɔe eme kɔ ƒãa be, ‘míadzudzɔ hadede’ kple ame ma. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 5:11-13; 2 Yohanes 9-11) Esia wɔwɔ ate ŋu asesẽ ŋutɔ ne ame si woɖe le haa me la nye mía xɔlɔ̃ alo ƒometɔ. Gake le nɔnɔme sia tɔgbi me la, ele be míaƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa me nasẽ wu míaƒe nuteƒewɔwɔ na ame bubu ɖe sia ɖe.—Kpɔ Dzesidenya 8 lia.

20, 21. (a) Aleke ameɖeɖelehame nye ɖoɖo si me lɔlɔ̃ le? (b) Nu ka tae wòle vevie be míatia mía xɔlɔ̃wo le nunya me?

20 Ameɖeɖelehame nye ɖoɖo si me lɔlɔ̃ le. Ekpɔa hamea ta tso ame siwo metsɔ ɖeke le Yehowa ƒe nudidiwo dzi wɔwɔ me o la si me. (1 Korintotɔwo 5:7; Hebritɔwo 12:15, 16) Ekpena ɖe mía ŋu hã be míaɖee afia be míelɔ̃ Yehowa, eƒe ŋkɔ kple eƒe dzidzenu kɔkɔwo. (1 Petro 1:15, 16) Eye ameɖeɖelehame ƒe ɖoɖoa hã kpena ɖe mía ŋu míeɖea lɔlɔ̃ fiaa ame si woɖe le haa me. Tohehe sẽŋu sia ate ŋu akpe ɖe eŋu wòade dzesii be nu si wɔm yele la menyo o eye wòaʋãe be wòawɔ tɔtrɔ. Ame siwo woɖe le haa me la dometɔ geɖe trɔ gbɔ va Yehowa gbɔ emegbe, eye woxɔ wo dzidzɔtɔe va hamea me.—Hebritɔwo 12:11.

21 Mía xɔlɔ̃wo kpɔa ŋusẽ nyui alo ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi. Eya ta ele vevie be míatia wo le nunya me. Ne míelɔ̃a ame siwo Yehowa lɔ̃na la, míanɔ ame siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa ɖaa la dome.