Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 16

Tsi Tsitre Ðe Abosam Ŋu

Tsi Tsitre Ðe Abosam Ŋu

“Mitsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye asi le mia gbɔ.”—YAKOBO 4:7.

1, 2. Nu kae wòle be míanya tso Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu?

MÍASE vivi na agbea le Yehowa ƒe xexe yeyea me ŋutɔ. Míava nɔ agbe abe ale si Mawu ɖoe ene la mlɔeba. Gake fifia ya, míele xexe si dzi Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo kpɔ ŋusẽ ɖo la me. (2 Korintotɔwo 4:4) Togbɔ be míate ŋu akpɔ wo o hã la, woli eye ŋusẽ le wo ŋu ŋutɔ.

2 Le ta sia me la, míadzro ale si míate ŋu anɔ Yehowa ŋu kplikplikpli kple ale si míate ŋu akpɔ mía ɖokuiwo ta tso Satana si me la me. Yehowa do ŋugbe be yeakpe ɖe mía ŋu. Ke hã, ele be mɔnu siwo ŋu dɔ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo wɔna be yewoable mí ahadze mía dzi la nanɔ nyanya na mí.

ABE “DZATA SI LE GBE ÐEM” ENE

3. Nu kae Abosam di be yeawɔ mí?

3 Satana gblɔ be amegbetɔwo subɔa Yehowa le ɖokuitɔdidi ta, eye be míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ ne nɔnɔmeawo va sesẽ na mí akpa. (Xlẽ Hiob 2:4, 5.) Ne ame aɖe ɖee fia be yedi be yeasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu la, Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo dea dzesii, eye wodzea agbagba be yewoaxe mɔ nɛ. Dzi kua wo nenye be ame aɖe tsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ. Biblia tsɔ Abosam sɔ kple “dzata si le gbe ɖem eye wòle ame dim be yeavuvu ami.” (1 Petro 5:8) Satana di be yeagblẽ ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la me.—Psalmo 7:1, 2; 2 Timoteo 3:12.

Dzi kua Satana ne míetsɔ mía ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa

4, 5. (a) Nu kae Satana mate ŋu awɔ o? (b) Nu kae wòfia be ‘míatsi tre ɖe Abosam ŋu’?

4 Gake mele be míavɔ̃ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo o. Yehowa ɖo seɖoƒe na nu siwo woate ŋu awɔ mí. Yehowa do ŋugbe be Kristotɔ vavãwo ƒe “ameha gã aɖe” atsi agbe le “xaxa gã” la me. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Naneke meli si Abosam ate ŋu awɔ atsɔ axe mɔ ɖe esia nu o, elabena Yehowa le Eƒe amewo ta kpɔm.

5 Zi ale si míele Yehowa ŋu kplikplikpli la, Satana mate ŋu agblẽ mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me o. Mawu ƒe Nyaa ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa anɔ kpli mi zi ale si mieli kplii.” (2 Kronika 15:2; xlẽ 1 Korintotɔwo 10:13.) Ŋutsu kple nyɔnu wɔnuteƒe geɖe siwo nɔ anyi le blema, abe Abel, Enok, Noa, Sara, kple Mose ene, nɔ Yehowa ŋu kplikplikpli heto esia dzi tsi tre ɖe Abosam ŋu. (Hebritɔwo 11:4-40) Míawo hã míate ŋu awɔ nenema ke. Mawu ƒe Nyaa gblɔ be: “Mitsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye asi le mia gbɔ.”—Yakobo 4:7.

“MÍELE KAME TEM”

6. Nu kae Satana dzea agbagba be yeawɔ mí?

6 Togbɔ be Satana nyae be Yehowa ɖo seɖoƒe na nu siwo yeate ŋu awɔ mí hã la, adze agbagba kokoko be yeawɔ nu sia nu si yeate ŋui be yeagblẽ mía kple Mawu dome ƒomedodoa me. Egbea, Abosam dzea mía dzi le mɔ vovovowo nu, eye egazãa mɔnu siwo wòle zazãm ƒe akpe geɖewoe nye esia. Mɔnu siawo dometɔ aɖewo ɖe?

7. Nu ka tae Satana le Yehowa ƒe amewo dzi dzem ɖo?

7 Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (1 Yohanes 5:19) Satana kpɔ ŋusẽ ɖe xexe vɔ̃ɖi sia dzi, eye adi be yeakpɔ ŋusẽ ɖe Yehowa ƒe amewo hã dzi. (Mika 4:1; Yohanes 15:19; Nyaɖeɖefia 12:12, 17) Abosam nyae be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na ye, eya ta ele eƒom ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe nu vevie be míagawɔ nuteƒe na Mawu o. Ɣeaɖewoɣi la, Abosam dzea mía dzi tẽe, gake ɣebubuɣiwo la, etoa ayemɔwo dzi.

8. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na Kristotɔ ɖe sia ɖe?

8 Efesotɔwo 6:12 gblɔ na mí be: “Míele kame tem . . . kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.” Kristotɔ ɖe sia ɖe le avu wɔm kple Abosam kpakple gbɔgbɔ vɔ̃wo. Ele be míaɖo ŋku edzi be ame siwo katã ɖe adzɔgbe na Yehowa la le aʋa sia wɔm. Le agbalẽ si apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Efesotɔwo me la, exlɔ̃ nu Kristotɔwo zi etɔ̃ sɔŋ be ‘woanɔ tsitre sesĩe.’—Efesotɔwo 6:11, 13, 14.

9. Nu kae Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo dzea agbagba be yewoawɔ mí?

9 Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo dzea agbagba be yewoato mɔ vovovowo dzi able mí. Ne míete ŋu tsi tre ɖe Satana ŋu le go aɖe me la, esia mefia be eƒe tetekpɔ bubu mate ŋu aɖu mía dzi o. Abosam dzea agbagba be yeanya míaƒe gbagbãƒewo ale be yeate ŋu atia nu siwo yeatsɔ atre mɔ̃ na mí. Gake mele be Abosam ƒe mɔ̃wo naɖe mí o, elabena Biblia fiaa nu mí tso eƒe mɔ̃tetrewo ŋu. (2 Korintotɔwo 2:11; kpɔ Dzesidenya 31 lia.) Mɔ̃ siawo dometɔ ɖekae nye gbɔgbɔyɔyɔ.

TE ÐOKUIWÒ ÐA XAA TSO GBƆGBƆ VƆ̃WO GBƆ

10. (a) Nu kae nye gbɔgbɔyɔyɔ? (b) Aleke Yehowa bua gbɔgbɔyɔyɔe?

10 Gbɔgbɔyɔyɔ lɔ nu siwo ku ɖe vivimeŋusẽwo ŋu la ɖe eme, eye ewɔnɛ be ame doa ka kple gbɔgbɔ vɔ̃wo to mɔnuwo abe afakaka, adzewɔwɔ, gbesasa, alo agbagbadzedze be woaƒo nu kple kukuawo ene dzi. Biblia na míenya be gbɔgbɔyɔyɔ nye “ŋunyɔnu,” eye be manya wɔ be míaƒo mía ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me eye le ɣeyiɣi ma ke me la, aganye Yehowa subɔlawo o. (5 Mose 18:10-12; Nyaɖeɖefia 21:8) Ele be Kristotɔwo natsri gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi ɖe sia ɖe.—Romatɔwo 12:9.

11. Nu ka mee ŋkukeke ɖe nu siwo ku ɖe vivimeŋusẽwo ŋu me ate ŋu akplɔ mí ade?

11 Satana nyae be ne míedina be míake ŋku ɖe nu siwo ku ɖe vivimeŋusẽwo ŋu me la, anɔ bɔbɔe be yeahe mí ade gbɔgbɔyɔyɔ me. Gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi ɖe sia ɖe agblẽ mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me.

SATANA DZEA AGBAGBA BE YEAFLU MÍ

12. Aleke Satana adi be yeakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi?

12 Satana dzea agbagba be yeatɔtɔ amewo ƒe susu. Eƒãa ɖikeke ɖe amewo me vivivi, ale be mlɔeba wova susuna be ‘nyui nye vɔ̃ eye vɔ̃ nye nyui.’ (Yesaya 5:20) Abosam wɔa nu siwo ana be amewo nasusu be Biblia ƒe mɔfiamewo mewɔa dɔ o, eye be dzi adzɔ mí wu ne míeŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe nudidiwo dzi.

13. Agbagba siwo Satana dze be yeaƒã ɖikeke ɖe amewo me ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖe?

13 Mɔnu siwo ŋu dɔ Satana wɔna wòdzea edzi nɛ wu la dometɔ ɖekae nye be eƒãa ɖikeke ɖe amewo me. Ele mɔnu sia zãm tso gbe aɖe gbe ke. Le Eden-bɔa me la, edze agbagba be yeaƒã ɖikeke ɖe Xawa me esi wòbiae be: “Vavãe Mawu gblɔ be migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse aɖeke oa?” (1 Mose 3:1) Emegbe le Hiob ŋɔli la, Satana bia Yehowa le mawudɔlawo ŋkume be: “Dzodzroe Hiob vɔ̃a Mawua?” (Hiob 1:9) Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, Satana tɔ gbee esi wògblɔ nɛ be: “Ne Mawu ƒe vie nènye la, ekema gblɔ na kpe siawo be woatrɔ azu abolo.”—Mateo 4:3.

14. Aleke Satana ate ŋu ana amewo nasusu be afɔku mele gbɔgbɔyɔyɔ me o?

14 Abosam yi edzi le ɖikeke ƒãm ɖe amewo me egbea hã. Edzea agbagba be yeana amewo nasusu be gbɔgbɔyɔyɔ menye nu gbegblẽ nenema gbegbe o. Ale si wòwɔnɛ ye nye be enana gbɔgbɔyɔyɔ ƒe akpa aɖewo dzena abe ɖe naneke megblẽ le eŋu o ene. Kristotɔ aɖewo gɔ̃ hã mete ŋu de dzesi afɔku siwo le gbɔgbɔyɔyɔ me o. (2 Korintotɔwo 11:3) Eya ta aleke míate ŋu akpɔ mía ɖokuiwo tae? Aleke míawɔ akpɔ egbɔ be Satana ƒe mɔ̃wo nagaɖe mí o? Na míadzro go eve siwo me wòate ŋu adzɔ le be eƒe mɔ̃wo naɖe mí la me. Woawoe nye modzakaɖeɖewo kple dɔdamɔnuwo.

SATANA WƆA MÍAƑE DZƆDZƆMEDIDIWO ŊU DƆ TSƆ TEA MÍ KPƆNA

15. Aleke wòate ŋu adzɔe be ame nado ka kple gbɔgbɔ vɔ̃wo to modzakaɖeɖe dzi?

15 Egbea, nu siwo ku ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo, akunya alo madziki, kple vivimeŋusẽwo ŋu la bɔ ɖe filmwo, videowo, television dzi wɔnawo, kɔmpiuta dzi fefewo kple Internet nyatakakadzraɖoƒe geɖe me. Ame geɖe susuna be nu mawo nye dzidzɔdonamenu dzro aɖe ko, eye womenya be afɔkue wòanye na yewo be yewoaɖe mɔ ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu le yewoƒe agbe me o. Ame ate ŋu ava ƒo eɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me to ɣletivimefakaka, asiƒomefakaka, afakagbalẽviwo zazã kple afakahuhɔ̃ewo zazã me. Abosam ɣlaa afɔku siwo le gbɔgbɔyɔyɔ me eye wòdzea agbagba be yeana nu mawo nadze abe nu wɔmoyawo kple dzidzɔdonamenuwo ene. Ame aɖe ate ŋu asusu gɔ̃ hã be zi ale si yemewɔ gbɔgbɔyɔyɔnuwɔna aɖeke o ko la, naneke megblẽ le eŋu be yeakpɔ nu siwo ku ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo alo vivimeŋusẽwo ŋu la o. Nu ka tae afɔku le nuŋububu sia me?—1 Korintotɔwo 10:12.

16. Nu ka tae wòle be míaƒo asa na modzakaɖeɖe siwo ku ɖe vivimeŋusẽwo ŋu?

16 Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo mate ŋu anya nu siwo le susu me na mí o. Gake woate ŋu anya nu siwo dzroa mí kple nu siwo ŋu míebuna ne wolé ŋku ɖe tiatia siwo míewɔna na mía ɖokuiwo kple míaƒe ƒomewo le modzakaɖeɖewo kple nu bubuwo me la ŋu. Ne míetiaa filmwo, hadzidziwo, alo agbalẽ siwo ku ɖe gbɔgbɔyɔyɔ, gbesasa, gbɔgbɔwo ƒe gege ɖe ame me, adzetɔwo, nukpekpe siwo wobe wonoa ʋu le lãme na amewo (vampire), alo nu siawo tɔgbi ŋu la, Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo anya be míedi be míanya nu tso yewo ŋu. Ekema woate ŋu adze agbagba be yewoana míaƒo mía ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me geɖe wu.—Xlẽ Galatiatɔwo 6:7.

17. Aleke Satana ate ŋu awɔ didi si le mía me be míanɔ lãmesẽ me la ŋu dɔ atsɔ ate mí akpɔ?

17 Satana ate ŋu awɔ didi si le mía me be míanɔ lãmesẽ me la ŋu dɔ atsɔ ate mí akpɔ. Ame geɖe le lãmesẽkuxi sesẽwo me tom egbea. Dɔnɔ aɖe ate ŋu ate dɔdamɔnu vovovowo akpɔ, gake gbeɖegbeɖea koe. (Marko 5:25, 26) Nu ate ŋu ava gloe ale gbegbe be wòalɔ̃ be yeate nu sia nu ko akpɔ. Gake ele be mí Kristotɔwo míakpɔ nyuie be míagatia dɔdamɔnu siwo lɔ “akunyawɔwɔ,” alo vivimeŋusẽwo ɖe eme la o.—Yesaya 1:13.

Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu ne èle dɔ lém

18. Dɔdamɔnu kawoe wòle be Kristotɔ naƒo asa na?

18 Le blema Israel la, ame aɖewo ƒo wo ɖokuiwo ɖe “akunyawɔwɔ” me. Yehowa gblɔ na wo be: “Ne mieke miaƒe abɔwo me la, maɣla ŋkume ɖe mi. Ne mieli kɔ gbedodoɖawo gleglegle hã la, nyemele wo se ge o.” (Yesaya 1:15) Bu eŋu kpɔ ko—Yehowa mase woƒe gbedodoɖawo gɔ̃ hã o! Míadi gbeɖe be míawɔ nane si ate ŋu agblẽ ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la me si awɔe be makpe ɖe mía ŋu o, vevietɔ ne míele dɔ lém. (Psalmo 41:3) Eya ta ele be míaku nu me tso dɔdamɔnu si míedi be míazã ŋu ale be míanya nenye be edo ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ alo vivimeŋusẽ. (Mateo 6:13) Ne edze abe edo ƒome kplii le mɔ aɖe nu la, ke ele be míaƒo asa nɛ keŋkeŋ!—Kpɔ Dzesidenya 32 lia.

GBƆGBƆ VƆ̃WO ŊUTI NYAWO

19. Nu kae Abosam wɔ tsɔ de vɔvɔ̃ amewo me?

19 Togbɔ be ame aɖewo buna be Abosam kple gbɔgbɔ vɔ̃wo meli ŋutɔŋutɔ o hã la, nu siwo teƒe ame aɖewo kpɔ la wɔe be wonya be woli vavã. Ame geɖe vɔ̃na na gbɔgbɔ vɔ̃wo, eye wonye kluviwo na kɔnu siwo wotu ɖe alakpadzixɔsewo dzi. Ame bubuwo hã kakaa ŋutinya siwo ku ɖe nu vɔ̃ɖi siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo wɔna ɖe amewo ŋu la ŋu, si wɔnɛ be ame geɖe va vɔ̃a wo. Zi geɖe la, ŋutinya siawo doa dzidzɔ na amewo, eye edzɔa dzi na wo be yewoagblɔ wo ame bubuwo nase. Ŋutinya siawo wɔnɛ be amewo va nɔa Abosam vɔ̃m.

20. Aleke wòate ŋu adzɔe be míakaka Satana ƒe alakpanyawo?

20 Bu nya sia ŋu kpɔ—Satana di be amewo navɔ̃ ye. (2 Tesalonikatɔwo 2:9, 10) Enye alakpatɔ si nya ale si wòaflu ame siwo dina be yewoake ŋku ɖe nu siwo ku ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu me ahana woaxɔ nu siwo menye nyateƒe o la dzi ase. Ame mawo tea ŋu gblɔa nu siwo wosusu be yewose alo kpɔ la ŋuti nyawo na amewo. Zi ale si amewo le nya mawo kakam la, zi nenemae wogaɖea ami ɖe woe. Mímedi be míakaka ŋutinya mawo atsɔ akpe ɖe Satana ŋu wòade vɔvɔ̃ amewo me o.—Yohanes 8:44; 2 Timoteo 2:16.

21. Le esi míanɔ ŋutinya siwo ku ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu gblɔm na amewo teƒe la, nu kawo ŋue míate ŋu aƒo nu tsoe?

21 Ne Yehowa subɔla aɖe kpɔ nane teƒe ku ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nuwɔnawo ŋu la, matsɔ eŋuti nya anɔ dze ɖom na amewo o. Mele be Yehowa ƒe amewo navɔ̃ naneke si Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ate ŋu awɔ o. Ke boŋ, ele be míaƒe susu nanɔ Yesu kple ŋusẽ si Yehowa nɛ la ŋu. (Hebritɔwo 12:2) Yesu metsɔa ŋutinya siwo ku ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu la nɔa dze ɖom na eƒe nusrɔ̃lawo o. Fiaɖuƒegbedeasia kple “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo” koŋ ŋue wòƒo nu tsoe.—Dɔwɔwɔwo 2:11; Luka 8:1; Romatɔwo 1:11, 12.

22. Nu kae nèɖoe kplikpaa be yeawɔ?

22 Mígaŋlɔ be gbeɖe o be Satana ƒe taɖodzinue nye be yeagblẽ ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la me. Adze agbagba awɔ nu sia nu si wòate ŋui be yeagblẽ ƒomedodo ma me. Gake míenya Abosam ƒe mɔwo, eye míeɖoe kplikpaa be míaƒo asa na gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi ɖe sia ɖe. Míele ‘mɔ na ge’ Abosam be wòana tameɖoɖo ma me nagbɔdzɔ o. (Xlẽ Efesotɔwo 4:27.) Ɛ̃, ne míetsi tre ɖe Abosam ŋu la, eƒe mɔ̃wo maɖe mí o, eye Yehowa akpɔ mía ta míanɔ dedie.—Efesotɔwo 6:11.