Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 3

Lɔ̃ Ame Siwo Mawu Lɔ̃na

Lɔ̃ Ame Siwo Mawu Lɔ̃na

“Ame si zɔna kple nunyalawo la, adze nunya.”—LODODOWO 13:20.

1-3. (a) Nyateƒenya kae Biblia ɖe gblɔ? (b) Aleke míawɔ atia xɔlɔ̃ siwo akpɔ ŋusẽ nyui ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi?

LE MƆ aɖe nu la, mí amegbetɔwo míele abe tsiletse alo papahũ ene. Abe ale si ko ne wode papahũ tsi me wòlɔa tsiae ene la, míawo hã míete ŋu xɔa ame siwo dome míele la ƒe nuwɔnawo dea eme. Ele bɔbɔe be míasrɔ̃ ame siwo míedea ha kplii la ƒe nɔnɔmewo, didiwo, kple agbenɔnɔ, ɖewohĩ le míawo ŋutɔwo ƒe manyamanya me gɔ̃ hã.

2 Biblia ƒe nya siawo nye nyateƒe matrɔmatrɔ be: “Ame si zɔna kple nunyalawo la, adze nunya, ke ame si dea ha kple bometsilawo la, eme manyo nɛ o.” (Lododowo 13:20) Menye ame siwo míedoa goe hedoa gbe na dzro ko ƒe nya gblɔm lododo sia le o. Nyagbɔgblɔ “zɔna kple” fia hadede si yia edzi. Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ tso kpukpui sia ŋu be: “Be woazɔ kple ame aɖe bia be woalɔ̃ amea ahaku ɖe eŋu.” Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be míesrɔ̃a ame siwo míelɔ̃ la ƒe nuwɔnawo oa? Nyateƒee, esi wònye be míekuna ɖe ame siwo míelɔ̃ ŋu vevie ta la, woate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi—ate ŋu anye ŋusẽ nyui alo ŋusẽ gbegblẽ.

3 Hafi míate ŋu ayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me la, ele vevie be míadi xɔlɔ̃ siwo ƒe agbenɔnɔ akpɔ ŋusẽ nyui ɖe mía dzi. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Kpuie ko la, míate ŋu awɔ esia ne míelɔ̃ ame siwo Mawu lɔ̃na, eye míedze xɔlɔ̃ ame siwo nye exɔlɔ̃wo. Wò ya bu eŋu kpɔ ko. Ðe menye ame siwo ɖea nɔnɔme nyui siwo Yehowa dina be woanɔ ye xɔlɔ̃wo si fiana lae anye xɔlɔ̃ nyuitɔwo kekeake na mí oa? Ekema na míakpɔe ɖa be ame kawo ƒomevie Mawu lɔ̃na hã. Ne nu siwo Yehowa di tso exɔlɔ̃wo si le susu me na mí nyuie la, akpe ɖe mía ŋu míatia xɔlɔ̃ nyuiwo.

AME SIWO MAWU LƆ̃NA

4. Nu ka tae Yehowa tɔ dzɔ be wòatia ame siwo wòdi be woanye ye xɔlɔ̃wo, eye nu ka tae Yehowa yɔ Abraham be “xɔ̃nye”?

4 Yehowa metiaa ame sia ame ko be wòanye ye xɔlɔ̃ o. Ðe etɔ medzɔ be wòawɔ tiatia le go sia me oa? Etɔ dzɔ, elabena eyae nye xexea me katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagã la, eye be ame nanye exɔlɔ̃ ye nye mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake si ate ŋu asu ame si. Ke ame kawo ƒomevie wòtiana be woanye ye xɔlɔ̃wo? Yehowa tena ɖe ame siwo ka ɖe eyama dzi eye woxɔ edzi se bliboe la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, bu blemafofo Abraham, ame si ɖe xɔse sẽŋu fia la ŋu kpɔ. Xɔse ƒe dodokpɔ kae asesẽ na vifofo wu esia be woabia tso esi be wòatsɔ via asa vɔe? * Gake Abraham lɔ̃ faa ‘be yeatsɔ Isak ana,’ elabena exɔe se bliboe be “Mawu ate ŋu afɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.” (Hebritɔwo 11:17-19) Esi Abraham xɔ Mawu dzi se alea eye wòɖo toe ta la, Yehowa yɔe lɔlɔ̃tɔe be “xɔ̃nye.”—Yesaya 41:8; Yakobo 2:21-23.

5. Aleke Yehowa bua ame siwo ɖoa toe nuteƒewɔwɔtɔe?

5 Yehowa dea asixɔxɔ míaƒe toɖoɖo nuteƒewɔwɔtɔe ŋu. Elɔ̃a ame siwo bua nuteƒewɔwɔ na eyama nu vevitɔe le agbe me. (Xlẽ 2 Samuel 22:26.) Míekpɔe le agbalẽ sia ƒe Ta 1 me be Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe ame siwo ɖoa toe le esi wolɔ̃e ta la ŋu. Lododowo 3:32 gblɔ be: “Tsi metoa Eya kple nu dzɔdzɔe wɔlawo dome o.” Yehowa kpea ame siwo wɔa eƒe nudidiwo dzi nuteƒewɔwɔtɔe la dɔmenyotɔe be woava dze yeƒe “agbadɔ” me—be woava subɔ ye ahado gbe ɖa na ye faa.—Psalmo 15:1-5.

6. Aleke míaɖee afia be míelɔ̃ Yesu, eye aleke Yehowa sena le eɖokui me ɖe ame siwo lɔ̃ Via ŋu?

6 Yehowa lɔ̃a ame siwo lɔ̃ Yesu, si nye eƒe Tenuvi la hã. Yesu gblɔ be: “Ne ame aɖe lɔ̃m la, alé nye nya la me ɖe asi, eye Fofonye alɔ̃e, eye míava nɔ egbɔ.” (Yohanes 14:23) Aleke míaɖee afia be míelɔ̃ Yesu? Eyae nye be míawɔ eƒe sewo dzi, siwo dometɔ aɖee nye be míaɖe gbeƒã nya nyuia ahawɔ amewo nusrɔ̃lawoe. (Mateo 28:19, 20; Yohanes 14:15, 21) Míeɖenɛ fiana hã be míelɔ̃ Yesu ne ‘míedzea eƒe afɔɖoƒewo yome,’ si fia be míasrɔ̃e le nuƒoƒo kple nuwɔna me ale si mí amegbetɔ madeblibowo míate ŋui. (1 Petro 2:21) Edzɔa dzi na Yehowa ne ekpɔe be lɔlɔ̃ si le amewo si na ye Vi la ʋã wo wodze Kristo ƒe afɔɖoƒewo yome.

7. Nu ka tae nunya le eme be míadze xɔlɔ̃ ame siwo nye Yehowa xɔlɔ̃wo?

7 Nɔnɔme siwo dim Yehowa le be wòanɔ ye xɔlɔ̃wo si la dometɔ aɖewoe nye xɔse, nuteƒewɔwɔ, toɖoɖo, lɔlɔ̃ na Yesu, kple Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome dzedze. Anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe ame siwo medea ha kplii la ɖea nɔnɔme siawo fiana? Ame siwo nye Yehowa xɔlɔ̃woe nye xɔ̃nyewoa?’ Nunya le eme be míawɔe nenema. Hadede kple ame siwo tu nɔnɔme siwo dzea Mawu ŋu ɖo eye woɖea gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia dzonɔamemetɔe ate ŋu ado ŋusẽ mí míawɔ nu wòadze Mawu ŋu abe ale si míeɖoe kplikpaa be míawɔ ene.—Kpɔ aɖaka si nye “ Ame Kae Nye Xɔlɔ̃ Nyui?” le axa 29.

NUSƆSRƆ̃ TSO BIBLIA ME KPƆÐEŊU AÐE ME

8. Nu kae wɔ dɔ ɖe dziwò le ame siawo ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ me: (a) Naomi kple Rut? (b) Hebrivi ɖekakpui etɔ̃awo? (d) Paulo kple Timoteo?

8 Ame siwo tia xɔlɔ̃ nyuiwo wòɖe vi na wo la ƒe kpɔɖeŋu geɖe le Ŋɔŋlɔawo me. Xɔlɔ̃wɔwɔ siawo siwo ŋu nàte ŋu axlẽ nu tsoe la dometɔ aɖewoe nye esi nɔ Naomi kple lɔ̃xoayɔvi Rut dome, esi nɔ Hebrivi ɖekakpui etɔ̃ siwo nɔ wo nɔewo ŋu kplikplikpli le Babilon la dome, kpakple esi nɔ Paulo kple Timoteo dome. (Rut 1:16; Daniel 3:17, 18; 1 Korintotɔwo 4:17; Filipitɔwo 2:20-22) Gake na míatrɔ ɖe kpɔɖeŋu ɖedzesi bubu aɖe ŋu, si nye xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔ David kple Yonatan dome.

9, 10. Nu kae na xɔlɔ̃wɔwɔ nɔ David kple Yonatan dome?

9 Biblia gblɔ be esi David wu Goliat megbe la, “David ƒe nu lé dzi na Yonatan, eye Yonatan lɔ̃e abe eɖokui ene.” (1 Samuel 18:1) Alea wòdzɔe be togbɔ be ame ɖeka tsi boo wu nɔvia hã la, xɔlɔ̃wɔwɔ sẽŋu aɖe ɖo wo dome eye wolé eme ɖe asi va se ɖe esime Yonatan ku le aʋagbedzi. * (2 Samuel 1:26) Nu kae na xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli nɔ ame eve siawo dome?

10 Nu si na David kple Yonatan ƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me sẽe nye be, wolɔ̃ Mawu eye wodi vevie be yewoayi edzi awɔ nuteƒe nɛ. Wo ame avea siaa ƒe didie nye be yewoadze Mawu ŋu. Wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe nɔnɔme nyui siwo dze nɔvia ŋu fia. Ðikeke mele eme o be ale si dzi nɔ ɖekakpui sia ƒo, ale si wòdo vevie nu, kple ale si wòʋli Yehowa ƒe ŋkɔ ta vɔvɔ̃manɔmee la nyo Yonatan ŋu vevie. Anɔ eme be nu si na David hã de bubu exɔlɔ̃ sia si tsi wui ŋue nye ale si wòkpe asi ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe hetsɔ David ƒe nyonyo ɖo ŋgɔ na eya ŋutɔ tɔ. Le kpɔɖeŋu me, bu ɣeyiɣi si me dzi ɖe le David ƒo esi wònɔ tsatsam le gbedadaƒo be yeasi le Fia vɔ̃ɖi Saul, si nye Yonatan fofo, ƒe dziku nu la ŋu kpɔ. Yonatan ɖe nuteƒewɔwɔ ɖedzesi aɖe fia exɔlɔ̃a esime wòtso le eɖokui si “yi David gbɔ . . . , be yeado ŋusẽe be wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.” (1 Samuel 23:16) Bu ale si David anya se le eɖokui me esi exɔlɔ̃ vevi sia va do goe eye wòkpe ɖe eŋu hede dzi ƒo nɛ la ŋu kpɔ! *

11. Nu kae nèsrɔ̃ le xɔlɔ̃dzedze ŋu tso Yonatan kple David gbɔ?

11 Nu kae míesrɔ̃ tso Yonatan kple David ƒe kpɔɖeŋua me? Nu vevitɔae nye be, hafi xɔlɔ̃wɔwɔ nanye nyuitɔ la, ele be ƒomedodo nyui nanɔ ameawo kple Yehowa dome. Ne míede ha kple ame siwo ƒe dzixɔse sɔ kple mía tɔ, wonɔa agbe ɖe dzidzenu siwo nu míenɔa agbe ɖo la nu, eye wodi vevie be yewoayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu abe míawo ke ene la, ekema míate ŋu aɖo dze tuameɖowo, agblɔ míaƒe seselelãme kple nuteƒekpɔkpɔwo atsɔ ado ŋusẽ mía nɔewo. (Xlẽ Romatɔwo 1:11, 12.) Hati tadeagulawo domee míakpɔ xɔlɔ̃ siawo tɔgbi le. Ðe esia fia be ame sia ame si vaa kpekpeawo le Fiaɖuƒe Akpataa me anye zɔhɛ nyuia? Ao, mefia nenema kokoko o.

ALE SI MÍATIA MÍAƑE ZƆHƐWOE

12, 13. (a) Nu ka tae wòle be míakpɔ nyuie ne míele zɔhɛwo tiam le mía nɔvi Kristotɔwo gɔ̃ hã dome? (b) Kuxi kae nɔ hameawo me le ƒe alafa gbãtɔ me, eye nuxlɔ̃ame sesẽ kawoe esia ʋã Paulo wòna?

12 Le Kristo hamea gɔ̃ hã me la, ele be míakpɔ nyuie hafi ate ŋu atia zɔhɛ siwo ana míatsi le gbɔgbɔ me. Ðe wòle be esia nawɔ nuku na mía? Kura o. Ale si ko atikutsetse siwo le ati ɖeka dzi la dometɔ aɖewo ɖina doa ŋgɔ na bubuwo la, nenema kee wòxɔa ɣeyiɣi hafi Kristotɔ aɖewo siwo le hamea me va tsina le gbɔgbɔ me. Eya ta Kristotɔwo ƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi le vovovo le hame ɖe sia ɖe me. (Hebritɔwo 5:12–6:3) Ke hã, míegbɔa dzi ɖi na ame yeyewo alo ame siwo gbɔdzɔ, eye míelɔ̃a wo, elabena míedi be míakpe ɖe wo ŋu woatsi le gbɔgbɔ me.—Romatɔwo 14:1; 15:1.

13 Ɣeaɖewoɣi la, nɔnɔme aɖewo te ŋu va nana wòhiãna be míakpɔ nyuie le hadede kple ame aɖewo ŋu le hamea me. Ame aɖewo ate ŋu anɔ agbe aɖe si mesɔ o nɔm. Ame aɖewo hã ate ŋu ava zu ame siwo léa dziku ɖe dɔme hetoa nyatoƒoe. Nɔnɔme siawo tɔgbi do mo ɖa le Kristo hameawo me le ƒe alafa gbãtɔ me. Hamea me tɔ akpa gãtɔ wɔ nuteƒe, gake wo dometɔ aɖewo hã wɔ nu si mesɔ o. Esi Korinto hamea me tɔ aɖewo melé Kristotɔwo ƒe nufiafia aɖewo me ɖe asi o ta la, apostolo Paulo xlɔ̃ nu hamea be: “Migana woaflu mi o. Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.” (1 Korintotɔwo 15:12, 33) Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be ame aɖewo ate ŋu anɔ Kristo hamea me, siwo ƒe agbenɔnɔ masɔ o. Egblɔ na Timoteo be wòate eɖokui ɖa tso nenem me mawo gbɔ, wòagade ha kpli wo kplikplikpli o.—Xlẽ 2 Timoteo 2:20-22.

14. Aleke míate ŋu awɔ ɖe gɔmeɖose si le nuxlɔ̃ame si Paulo na ku ɖe hadede ŋu me la dzi?

14 Aleke míate ŋu awɔ ɖe gɔmeɖose si le Paulo ƒe nuxlɔ̃amea me dzii? Eyae nye be míaƒo asa na hadede kplikplikpli kple ame sia ame si ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi, eɖanye le hamea me alo le egodo o. (2 Tesalonikatɔwo 3:6, 7, 14) Ele be míakpɔ ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la ta. Ðo ŋku edzi be ele bɔbɔe be míaxɔ ame siwo míedea ha kplii la ƒe nɔnɔmewo kple nuwɔnawo ade eme abe ale si ko papahũ lɔa tsii ene. Abe ale si ko míate ŋu ade papahũ tsi ƒoɖi me ahanɔ mɔ kpɔm be wòalɔ tsi dzadzɛ o ene la, nenema kee míate ŋu ade ha kple ame siwo ƒe nɔnɔme menyo o, evɔ anɔ mɔ kpɔm be woakpɔ ŋusẽ nyui ɖe mía dzi o.—1 Korintotɔwo 5:6.

Àte ŋu akpɔ xɔlɔ̃ nyuiwo le haxɔsetɔwo dome

15. Aleke nàwɔ akpɔ xɔlɔ̃ siwo dea asixɔxɔ woa kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu le hamea me?

15 Dzidzɔtɔe la, hati tadeagula geɖewo nye ame nyui siwo míate ŋu ade ha kplii. (Psalmo 133:1) Aleke nàwɔ akpɔ xɔlɔ̃ siwo dea asixɔxɔ woa kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu le hamea me? Ne ètua nɔnɔme kple numame nyui siwo dzea Mawu ŋu ɖo la, ame siwo hã wɔnɛ nenema ate ɖe ŋuwò ahazu xɔ̃wòwo. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be wò ŋutɔ nàdze agbagba ate ɖe amewo ŋu be nàgadze xɔlɔ̃ yeyewo. (Kpɔ aɖaka si nye “ Ale Si Míewɔ Va Dze Xɔlɔ̃ Nyuiwo” le axa 30.) Te ɖe ame siwo ɖea nɔnɔme nyui siwo wò ŋutɔ nèdi be woasu ye si fiana la ŋu. Wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si gblɔ be ‘míaʋu míaƒe dziwo me gbadzaa’ la dzi, eye nàdi xɔlɔ̃wo le hati tadeagulawo dome, metsɔ le woƒe ŋutigbalẽ, dukɔ si me wotso, alo woƒe dekɔnu me o. (2 Korintotɔwo 6:13; xlẽ 1 Petro 2:17.) Mègatia xɔwòwo tso hawòtiwo ko dome o. Ðo ŋku edzi be Yonatan tsi boo wu David. Nunya kple nuteƒekpɔkpɔ si su ame siwo tsi wu wò si la awɔe be xɔlɔ̃dzedze wo naɖe vi geɖe na wò.

NE MASƆMASƆWO DO MO ÐA

16, 17. Ne hati tadeagula aɖe wɔ nane si ɖe fu na mí vevie la, nu ka tae mele be míadzudzɔ hadede kple hamea le ema ta o?

16 Esi hamea me tɔwo ƒe amenyenye kple nɔnɔme siwo me woto le agbe me le vovovo ta la, masɔmasɔwo ate ŋu ado mo ɖa ɣeaɖewoɣi. Haxɔsetɔ aɖe ate ŋu agblɔ nya aɖe alo awɔ nane si aɖe fu na mí vevie. (Lododowo 12:18) Ɣeaɖewoɣi la, míaƒe amenyenye ƒe vovototo, nugɔmemasemase na ame nɔewo, kple ale si míaƒe nuŋububu le vovovoe gava gblẽa nyaa ɖe edzi. Ðe wòle be masɔmasɔ siawo naɖia mía nu míadzudzɔ hadede kple hamea? Ne míelɔ̃ Yehowa kple ame siwo wòlɔ̃na la vavã la, míawɔe nenema o.

17 Esi wònye Yehowae nye mía Wɔla kple míaƒe Agbetakpɔla ta la, edze be míalɔ̃e ahatsɔ mía ɖokui nɛ bliboe. (Nyaɖeɖefia 4:11) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be míakpe asi ɖe Kristo hame si ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖo hele zazãm la ŋu nuteƒewɔwɔtɔe. (Hebritɔwo 13:17) Eya ta ne hati tadeagula aɖe wɔ nane si ɖe fu na mí alo ɖe dzi le mía ƒo la, mele be míadzudzɔ hadede kple hamea be míatsɔ aɖe ale si gbegbe wòte ɖe mía dzii la afia o. Alo ɖe mía tɔ adzɔ be míawɔe nenema? Menye Yehowae dze agɔ le mía dzi o ɖe! Ne míelɔ̃ Yehowa vavã la, míatrɔ megbe ade eya kple eƒe amewo gbeɖe o!—Xlẽ Psalmo 119:165.

18. (a) Nu kae míate ŋu awɔ be ŋutifafa nanɔ hamea me? (b) Ne susu nyui aɖe li si ta míate ŋu atsɔ ake eye míewɔe nenema la, viɖe kawoe dona tso eme?

18 Ne míelɔ̃ hati tadeagulawo la, míadi vevie be míawɔ nu siwo ana ŋutifafa nanɔ hamea me. Yehowa mekpɔa mɔ be ame siwo yelɔ̃na la nawɔ nu abe ame deblibowo ene o, eya ta mele be míawo hã míakpɔ mɔ nenema o. Lɔlɔ̃ aʋã mí míaŋe aɖaba aƒu vodada suesuewo dzi ahaɖo ŋku edzi be mí katã míenye ame madeblibo siwo daa vo. (Lododowo 17:9; 1 Petro 4:8) Lɔlɔ̃ kpena ɖe mía ŋu be ‘míatsɔ anɔ mía nɔewo kem faa.’ (Kolosetɔwo 3:13) Aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Ne míete ŋu ɖua míaƒe dziku dzi o la, míava zu ame siwo léa dziku ɖe dɔme ahasusui be esia nye mɔ si dzi míato ahe to na ame si dze agɔ le mía dzi. Gake mía ŋutɔwo boŋ ŋue esia agblẽ nu le. Ne susu nyui aɖe li si ta míate ŋu atsɔ ake, eye míewɔe nenema la, eɖea vi geɖe. (Luka 17:3, 4) Enana míaƒe susu dzea akɔ anyi, míaƒe dzi dzea eme, ŋutifafa nɔa hamea me, eye vevietɔ wu la, mía kple Yehowa dome nɔna nyuie.—Mateo 6:14, 15; Romatɔwo 14:19.

ƔEYIƔI SI ME MELE BE MÍADE HA KPLE AME AÐE O

19. Nɔnɔme kawoe ate ŋu abia be míadzudzɔ hadede kple ame aɖe?

19 Ɣeaɖewoɣi la, wobiana tso mía si be míadzudzɔ hadede kple hamea me tɔ aɖe. Esia dzɔna ne woɖe ame aɖe si wɔ nu vɔ̃ hegbe dzimetɔtrɔ la le hamea me, alo ne ame aɖe gbe xɔse hele alakpanufiafiawo dom ɖe ŋgɔ, alo ne ame aɖe ɖe eɖokui le haa me. Mawu ƒe Nya la gblɔ na mí kɔtɛ be ‘míadzudzɔ hadede’ kple ame siawo ƒomevi. * (Xlẽ 1 Korintotɔwo 5:11-13; 2 Yohanes 9-11) Ate ŋu asesẽ ŋutɔ be míadzudzɔ hadede kple ame aɖe si ɖewohĩ enye mía xɔlɔ̃ tsã alo enye míaƒe ƒometɔ. Ðe míaɖoe kplikpaa awɔ ɖe se sia dzi ahaɖee afia be nuteƒewɔwɔ na Yehowa kpakple eƒe se dzɔdzɔeawo dzi wɔwɔ le vevie na mí wu nu sia nua? Ðo ŋku edzi be Yehowa dea asixɔxɔ gã aɖe míaƒe nuteƒewɔwɔ kple toɖoɖo ŋu.

20, 21. (a) Nu ka tae ameɖeɖelehame nye ɖoɖo si me lɔlɔ̃ le? (b) Nu ka tae wòle vevie be míatia míaƒe zɔhɛwo le nunya me?

20 Ameɖeɖelehame nye ɖoɖo si tso Yehowa ŋutɔ gbɔ, si me lɔlɔ̃ le. Nu ka tae míegblɔe nenema? Ame si wɔ nu vɔ̃ hegbe dzimetɔtrɔ la ɖeɖe le haa me ɖenɛ fiana be hamea lɔ̃ Yehowa, eƒe ŋkɔ kɔkɔe la, kple eƒe dzidzenuwo. (1 Petro 1:15, 16) Ameɖeɖelehame nana hamea nɔa dedie. Ekpɔa hamea me tɔ nuteƒewɔlawo ta ale be ame si ɖoe koŋ le nu vɔ̃ wɔm la nagakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe wo dzi o, eye wònana wokpɔnɛ be hamea nye dedienɔƒe le xexe vɔ̃ɖi sia me, afi si yewoate ŋu ayi edzi asubɔ le. (1 Korintotɔwo 5:7; Hebritɔwo 12:15, 16) Tohehe sesẽ sia nye lɔlɔ̃ ɖeɖe fia nu gbegblẽ wɔlaa hã. Ðewohĩ tohehe sia tututue wòhiã bene wòanyɔ le eɖokui me, aɖe afɔ siwo hiã ahatrɔ ava Yehowa gbɔ.—Hebritɔwo 12:11.

21 Nyateƒe matrɔmatrɔe wònye be ame siwo míedea kplii la kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi. Eya ta ele vevie ŋutɔ be míatia míaƒe zɔhɛwo le nunya me. Ne míelɔ̃a ame siwo Yehowa lɔ̃na hedzea xɔ̃ exɔlɔ̃wo la, ekema zɔhɛ nyuitɔwo kekeake asu mía si. Woakpɔ ŋusẽ nyui ɖe mía dzi be míayi edzi anɔ agbe wòadze Yehowa ŋu abe ale si míeɖoe kplikpaa be míawɔ ene.

^ mm. 4 Nu sia si Yehowa bia tso Abraham si la nye ale si eya ŋutɔ ava tsɔ eƒe Tenuvi asa vɔe emegbe ƒe kpɔɖeŋu. (Yohanes 3:16) Le Abraham gome la, Yehowa de nu nyaa me hena wòtsɔ agbo sa vɔe ɖe Isak teƒe.—1 Mose 22:1, 2, 9-13.

^ mm. 9 Wogblɔ tso David ŋu be “ɖevi ko” wònye esime wòwu Goliat, si fia be metsi o. Esime Yonatan ku la, David xɔ abe ƒe 30 ene. (1 Samuel 17:33; 31:2; 2 Samuel 5:4) Yonatan xɔ abe ƒe 60 ene hafi ku, si fia be etsi wu David ƒe 30 sɔŋ.

^ mm. 10 Nu atɔ̃ dze le nya siwo Yonatan tsɔ de dzi ƒo na David me, abe ale si wòdze le 1 Samuel 23:17 ene: (1) Ede dzi ƒo na David be wòagavɔ̃ o. (2) Eka ɖe edzi na David be Saul ƒe asi matui o. (3) Eɖo ŋku edzi na David be eyae axɔ fiaɖuƒe la abe ale si Mawu do ŋugbee ene. (4) Edo ŋugbe na David be yeayi edzi awɔ nuteƒe nɛ. (5) Egblɔ na David be Saul ŋutɔ hã nyae be ye, Yonatan, yele megbe na David.

^ mm. 19 Kpɔ Megbenya si nye Ale Si Wòle Be Míawɔ Nu Ðe Ame Si Woɖe Le Haa Me Ŋu hena numekɔkɔ bubu siwo ku ɖe ale si míawɔ nu ɖe ame siwo woɖe le haa me kple ame siwo ɖe wo ɖokui le haa me ŋu.