Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔha La Gbɔ

Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔha La Gbɔ

Hati Fiaɖuƒegbeƒãɖela Lɔlɔ̃tɔ:

TSƆE be wò hã ènɔ Brooklyn Betel ƒomea me le Fiɖa ŋdi, October 2, 1914 dzi. Ènɔ anyi ɖe nɔwòƒe le kplɔ̃ ŋu le ŋdinuɖuƒea hele Nɔviŋutsu C. T. Russell ƒe vava lalam. Kasia, Nɔviŋutsu Russell ye nye ema ʋu ʋɔa hege ɖe eme. Abe ale si wòwɔna ɣesiaɣi ene la, etɔ sẽe eye wòtsɔ dzidzɔ do gbe na Betel ƒomea be: “Ŋdi na mi katã.” Gake hafi wòayi aɖanɔ anyi ɖe enɔƒe la, esi akpe heɖe gbeƒã dzidzɔtɔe be: “Dukɔwo Ƒe Azã la wu enu; woƒe fiawo ƒe ŋkekewo vɔ.” Nya siawo na nèkpɔ dzidzɔ ale gbegbe, elabena ɣeyiɣi didi aɖee nye ema nènɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi vevi ma. Dzidzɔnya sia na mia kple Betel ƒomea me tɔ susɔeawo katã mietsɔ dzidzɔ si akpe kplokplokplo eteƒe mekɔ o.

Ƒe gbogbo aɖewoe nye esia va yi tso esime Nɔviŋutsu Russell gblɔ nya ʋãme mawo. Nu kawoe Fiaɖuƒea wɔ tso ɣemaɣi va se ɖe fifia? Wosɔ gbɔ ale gbegbe! Yehowa to Fiaɖuƒea dzi le asi trɔm le eƒe amewo ŋu hele hehe nam wo vivivi, si wɔe be wodzi ɖe edzi tso ame akpe ʋɛ siwo wonye le ƒe 1914 me dzi va ɖo miliɔn adre kple afã kple edzivɔwo fifia. Mɔ kawo nue hehe sia le vi ɖem na wò ŋutɔ le?

Egbea, míesenɛ mía nɔvi aɖewo gblɔna be, “Yehowa ƒe dziƒotasiaɖam la le zɔ ɖem!” eye esia nye nyateƒe. Gake ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, tso ƒe 1914 me la, dziƒotasiaɖam sia, si le tsitre ɖi na Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si womekpɔna kple ŋku o la, le du dzi sesĩe ŋutɔ, eye míakpɔ esia ƒe kpeɖodzi le agbalẽ sia me. Esi Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo di be yewoaɖe gbeƒã nya nyuia le xexea me godoo ta la, wozã mɔnu vovovowo le dɔ sia wɔwɔ me, siwo dometɔ aɖewoe nye nyadzɔdzɔgbalẽwo, gbɔlɔlɔwo, fotoɖeɖefiawo, ɖaseɖigbalẽviwo, agbaƒomɔ̃wo, radiowo, kple Internet hã.

Yehowa le yayram ɖe dɔa dzi eye fifia, míete ŋu le Biblia srɔ̃gbalẽ dzeaniwo tam ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 670 me hemaa wo na amewo femaxee. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla geɖewo tsɔ wo ɖokuiwo na faa hele asi kpem ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo, Takpexɔwo, kple alɔdzedɔwɔƒewo tutu ŋu le dukɔ deŋgɔwo kple dukɔ madeŋgɔwo siaa me. Eye ne afɔkuwo dzɔ la, lɔlɔ̃ ʋãa mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo wotsona kpla ɖanaa kpekpeɖeŋu le nuto siwo me afɔkua dzɔ le hetoa esia dzi ɖenɛ fiana be yewotrɔna “dzɔa ame nɔvi le hiã me” vavã.​—Lod. 17:17.

Osɔfowo kple tsitretsiɖeŋula bubuwo dina ɣeaɖewoɣi be ‘yewoazã se atsɔ awɔ fu’ mí, gake edoa ŋusẽ míaƒe xɔse ŋutɔ ne míekpɔe be enuenu la, ɖeko woƒe tsitretsiɖeŋu siawo “na be nya nyui la va ɖe zɔ yi ŋgɔ boŋ.”​—Ps. 94:20; Flp. 1:12.

Bubue wònye na mí be míele dɔ wɔm aduadu kpli mi hati “aƒemesubɔviwo.” Ka ɖe edzi be míelɔ̃ mia dometɔ ɖe sia ɖe vevie. Míele gbe dom ɖa be agbalẽ sia me nyawo nakpe ɖe ŋuwò nàgade asixɔxɔ gbɔgbɔmedomenyinu si su asiwò la ŋu ɖe edzi fifia wu tsã.​—Mat. 24:45.

Míeɖo míaƒe lɔlɔ̃gbedonamewo ɖe wò

Nɔviwòwo,

Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha