Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 16

Ðe Ale Si Nèlɔ̃ Mawui Fia

Ðe Ale Si Nèlɔ̃ Mawui Fia

Be xɔlɔ̃wɔwɔ nakpɔtɔ anɔ mia kple ame dome la, ele be nàƒo nu kplii. Àɖo toe, eye eya hã aɖo to wò. Àgblɔ nya nyuiwo hã tso xɔ̃wòa ŋu na ame bubuwo. Nenemae xɔlɔ̃dzedze Mawu hã le. Bu nusi Biblia gblɔ tso nya sia ŋu kpɔ:

Ƒo nu kple Yehowa edziedzi le gbedodoɖa me. “Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi!”—Romatɔwo 12:12.

Xlẽ Mawu ƒe Nya, Biblia. “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo.”—Timoteo II, 3:16.

Fia nu ame bubuwo tso Mawu ŋu. “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi.”—Mateo 28:19, 20.

Te ɖe Mawu xɔlɔ̃wo ŋu. “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya.”—Lododowo 13:20.

Yi kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me. “[Mina] míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, . . . míaxlɔ̃ nu mía nɔewo.”—Hebritɔwo 10:24, 25.

Kpe asi ɖe Fiaɖuƒedɔa ŋu. “Amesiame [nana nu] abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.”—Korintotɔwo II, 9:7.