Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 9

Ame Kawoe Nye Mawu Xɔlɔ̃wo?

Ame Kawoe Nye Mawu Xɔlɔ̃wo?

Yesu Kristoe nye Yehowa ƒe Vi kple exɔlɔ̃ vevitɔ kekeake, si gbɔ melɔ̃a nu le o. Hafi Yesu nava nye amegbetɔ le anyigba dzi la, enye gbɔgbɔ me nuwɔwɔ ŋusẽtɔ le dziƒo. (Yohanes 17:5) Emegbe eva anyigba dzi va fia nu amewo tso nyateƒenya siwo ku ɖe Mawu ŋu la ŋu. (Yohanes 18:37) Etsɔ eƒe agbe hã na bene yeaɖe amegbetɔ toɖolawo tso nuvɔ̃ kple ku me. (Romatɔwo 6:23) Yesu nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe, si nye dziƒodziɖuɖu si ahe Paradiso va anyigba sia dzi la ƒe Fia fifia.—Nyaɖeɖefia 19:16.

Mawudɔlawo hã nye Mawu xɔlɔ̃wo. Mawudɔlawo menye amegbetɔwo nɔ anyigba dzi kpɔ tso gɔmedzedzea o. Mawu wɔ wo le dziƒo hafi va wɔ anyigba. (Hiob 38:4-7) Mawudɔla miliɔn geɖe li. (Daniel 7:10) Mawu ƒe dziƒoxɔlɔ̃ siawo di be amegbetɔwo nasrɔ̃ Yehowa ŋuti nyateƒenyawo.—Nyaɖeɖefia 14:6, 7.

Xɔlɔ̃wo le Mawu si le anyigba dzi hã; eyɔa wo be yeƒe ɖasefowo. Amesi nye ɖasefo le ʋɔnudrɔ̃ƒe gblɔa nusi wònya tso ame aɖe alo nane ŋu. Yehowa Ðasefowo gblɔa nusi wonya tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu na amewo. (Yesaya 43:10) Abe mawudɔlaawo ene la, Ðasefowo di be yewoakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. Wodi be wò hã nànye Mawu xɔlɔ̃.