Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 4

Ale Si Nàsrɔ̃ Nu Tso Mawu Ŋui

Ale Si Nàsrɔ̃ Nu Tso Mawu Ŋui

Àte ŋu asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu to Biblia xexlẽ me. Le blema la, Mawu tia amegbetɔ aɖewo be woaŋlɔ yeƒe susuwo ada ɖi. Woyɔ nuŋlɔɖi ma be Biblia. Míate ŋu asrɔ̃ nu tso Mawu ŋu egbea to Biblia xexlẽ me. Esi Yehowa ƒe nya alo eƒe gbedasie le Biblia me ta la, wogayɔnɛ be Mawu ƒe Nya. Míate ŋu axɔ nusi Biblia gblɔ dzi ase elabena Yehowa mekaa aʋatso o. “Mawu mate ŋu aka aʋatso . . . o.” (Hebritɔwo 6:18) Nyateƒea le Mawu ƒe Nya la me.—Yohanes 17:17.

Biblia nye Mawu ƒe nunana xɔasitɔ kekeake siwo wòna mí la dometɔ ɖeka. Ele abe lɛta aɖe si fofo lɔlɔ̃tɔ aɖe ŋlɔ ɖo ɖe viawo ene. Eƒo nu tso ŋugbe si Mawu do be yeatrɔ anyigba wòazu teƒe dzeani aɖe si míanɔ la ŋu na mí—si nye paradiso. Egblɔ nusi wòwɔ le ɣeyiɣi siwo va yi me, nusi wɔm wòle fifia, kple nusi wòawɔ na via nuteƒewɔlawo le etsɔme na mí. Ekpena ɖe mía ŋu hã be míakpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ be dzi nadzɔ mí.—Timoteo II, 3:16, 17.

Yehowa Ðasefowo nye Mawu xɔlɔ̃wo; woakpe ɖe ŋuwò nàse Biblia ƒe nufiafiawo gɔme. Wò ya gblɔ na wo ko be yedi be yeasrɔ̃ Biblia. Womexɔa ga ɖe esia ta o. (Mateo 10:8) Gakpe ɖe eŋu la, àte ŋu ayi Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Wowɔa kpekpe siawo le tadeaguƒe siwo woyɔna be Fiaɖuƒe Akpata me. Ne èdea Kristotɔwo ƒe kpekpewo la, wò sidzedze Mawu atsi ɖe edzi kabakaba.

Àte ŋu asrɔ̃ nu tso Mawu ŋu to nusiwo wòwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: “Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.” (Mose I, 1:1) Esi Yehowa wɔ ‘dziƒowo’ la, ewɔ ɣe. Nukae ema fia mí tso Mawu ŋu? Efia mí be ŋusẽ geɖe le Yehowa si. Eya koe ate ŋu awɔ nane si si ŋusẽ le abe ɣe la ene. Efia mí hã be nunya le Yehowa si, elabena ebia nunya be woate ŋu awɔ ɣe si naa dzoxɔxɔ kple kekeli evɔ mebina vɔna gbeɖe o.

Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ɖee fia be elɔ̃ mí. Bu atikutsetse vovovo siwo le anyigba dzi ŋu kpɔ. Yehowa ate ŋu awɔ atikutsetse ɖeka tɔgbe ko na mí—alo mawɔ ɖeke kura na mí o hafi. Gake Yehowa wɔ atikutsetse vovovo siwo ƒe nɔnɔme, lolome, amadede, kple vivi le vovovo na mí. Esia fia be menye lɔlɔ̃ ƒe Mawu koe Yehowa nye o, ke eƒe dɔme nyo eye wòbua ame ŋu hekpɔa nublanui hã.—Psalmo 104:24.