Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 10

Ale Si Nàwɔ Akpɔ Subɔsubɔha Vavãtɔ Adze Sii

Ale Si Nàwɔ Akpɔ Subɔsubɔha Vavãtɔ Adze Sii

Ne èdi be yeanye Mawu xɔlɔ̃ la, ke ele be nanɔ subɔsubɔha si dzi Mawu da asi ɖo me. Yesu gblɔ be ‘nyateƒe subɔlawo’ asubɔ Mawu le “nyateƒe” me. (Yohanes 4:23, 24) Mɔ nyui ɖeka koe li si dzi woato asubɔ Mawu. (Efesotɔwo 4:4-6) Subɔsubɔha vavãtɔ kplɔa ame yia agbe mavɔ mee, eye alakpasubɔsubɔ kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me.—Mateo 7:13, 14.

Àte ŋu akpɔ subɔsubɔha vavãtɔ adze sii ne èlé ŋku ɖe amesiwo le eme ƒe agbenɔnɔ ŋu. Esi Yehowa nye ame nyui ta la, ele be amesiwo nye esubɔla vavãwo nanye ame nyuiwo. Abe alesi aŋutiti nyui tsea aŋuti nyuiwo ene la, nenemae subɔsubɔha vavãtɔa wɔa emenɔlawo ame nyuiwoe.—Mateo 7:15-20.

Yehowa xɔlɔ̃wo dea bubu deto Biblia ŋu. Wonya be Mawu gbɔe Biblia tso. Woɖea mɔ be nusi wògblɔ nafia mɔ yewo le agbe me, wòakpe ɖe yewo ŋu yewoakpɔ yewoƒe kuxiwo gbɔ, eye be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu. (Timoteo II, 3:16) Wodzea agbagba tsɔa nya siwo woɖea gbeƒãe wɔa dɔe.

Yehowa xɔlɔ̃wo lɔ̃a wo nɔewo. Yesu ɖe lɔlɔ̃ fia amewo esi wòfia nu wo tso Mawu ŋu, eye wòyɔ dɔ amesiwo nɔ dɔ lém. Amesiwo le subɔsubɔha vavãtɔ me hã lɔ̃a wo nɔewo. Abe Yesu ene la, womeɖia gbɔ ame dahewo alo gbebubudolawo o. Yesu gblɔ be amewo ato lɔlɔ̃ si woɖena fiana wo nɔewo dzi anya be yeƒe nusrɔ̃lawoe wonye.—Yohanes 13:35.

Mawu xɔlɔ̃wo dea bubu Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa ŋu. Ne ame aɖe gbe wò ŋkɔ zazã la, xɔ̃wò kplikplikplie ame ma nyea? Ao! Ne ame aɖe nye mía xɔlɔ̃ la, míezãa eƒe ŋkɔ, eye míeƒoa nu nyui tso mía xɔlɔ̃a ŋu na amewo. Eyata ele be amesiwo di be yewoanye Mawu xɔlɔ̃ nazã eƒe ŋkɔ eye woaƒo nu tso eŋu na amewo. Yehowa di be míawɔ ema.—Mateo 6:9; Romatɔwo 10:13, 14.

Abe Yesu ene la, Mawu xɔlɔ̃wo fiaa nu amewo tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. Mawu ƒe Fiaɖuƒeae nye dziƒodziɖuɖu si awɔ anyigba la wòazu paradiso. Mawu xɔlɔ̃wo gblɔa Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyui sia na ame bubuwo.—Mateo 24:14.

Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoanye Mawu xɔlɔ̃wo. Wodea bubu Biblia ŋu eye wolɔ̃a wo nɔewo. Azɔ hã wozãa Mawu ƒe ŋkɔ hedea bubu eŋu eye wofiaa nu ame bubuwo tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔe nye vavãtɔ le anyigba dzi egbea.