Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 13

Dzosasa Kple Adzewɔwɔ Menyo O

Dzosasa Kple Adzewɔwɔ Menyo O

Satana di be nànye akunyawɔla. Ame geɖe saa vɔ na tɔgbui kukuwo alo gbɔgbɔwo be woakpɔ yewo ta tso dzɔgbevɔ̃e me. Wowɔa nusia elabena wovɔ̃a ŋusẽtɔ siwo le gbɔgbɔxexea me. Wodoa dzosigɛwo kple alɔnugɛwo. Wonoa “atike” alo sia ti siwo wobe dzoka le wo me. Ame aɖewo tsɔa nanewo siwo woxɔ se be ŋusẽ le wo me akpɔ yewo ta la dana ɖe woƒe aƒewo me alo ɖia wo ɖe to me. Ame bubuwo “saa dzo” elabena woxɔ se be ana yewoakpɔ dzidzedze le dɔwɔwɔ, suku dodokpɔwo, alo zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me.

Ametakpɔnu nyuitɔ kekeake si akpɔ tawò tso Satana si mee nye be nànye Yehowa xɔlɔ̃. Ŋusẽ le Yehowa Mawu kple eƒe dɔlawo ŋu sasasã wu Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo. (Yakobo 2:19; Nyaɖeɖefia 12:9) Yehowa di vevie be yeazã yeƒe ŋusẽ akpɔ ye xɔlɔ̃wo ta—amesiwo kuna ɖe eŋu bliboe.—Kronika II, 16:9.

Mawu ƒe Nya gblɔ be: ‘Mègasa dzo o.’ Yehowa tsri dzosasa kple adzewɔwɔ elabena nuwɔna mawo ate ŋu akplɔ ame ade Satana Abosam ƒe ŋusẽ te tẽ.—Mose III, 19:26.