Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 5

Mawu Xɔlɔ̃wo Anɔ Paradiso Me

Mawu Xɔlɔ̃wo Anɔ Paradiso Me

Paradiso manɔ abe xexe si me míele egbea ene o. Menye Mawu ƒe didie wònye be kuxi kple xaxa, vevesese kple fukpekpe naxɔ anyigba dzi o. Mawu awɔ anyigba wòazu paradiso le etsɔme. Aleke Paradisoa anɔ? Na míakpɔ nusi Biblia gblɔ ɖa:

Ame nyuiwo. Paradiso anye Mawu xɔlɔ̃wo ƒeme. Woawɔ nu nyuiwo na wo nɔewo. Woanɔ agbe ɖe Mawu ƒe mɔ dzɔdzɔewo nu.—Lododowo 2:21.

Nuɖuɖu abɔ. Dɔwuame manɔ Paradisoa me kura o. Biblia gblɔ be: “Bli [alo nuɖuɖu] ado kpekpekpe le anyigba dzi.”—Psalmo 72:16.

Aƒe nyuiwo kple dɔwɔna dodzidzɔnamewo. Le Paradisonyigbaa dzi la, aƒe anɔ ƒome ɖesiaɖe si. Amesiame awɔ dɔ si ana dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ nasu esi.—Yesaya 65:21-23.

Ŋutifafa anɔ xexeame katã. Amewo magaku le aʋawɔwɔ me o. Mawu ƒe Nya gblɔ be: “[Mawu] tsia aʋawɔwɔwo nu.”—Psalmo 46:9, 10.

Lãmesẽ. Biblia do ŋugbe be: “[Paradisoa] me tɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) Ame aɖeke manye xɔdrɔ̃ alo ŋkuagbãtɔ alo tokunɔ alo aɖetututɔ o.—Yesaya 35:5, 6.

Vevesese, nuxaxa, kple ku nu ayi. Mawu ƒe Nya gblɔ be: “Ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4.

Ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o. Yehowa do ŋugbe be: “Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.”—Lododowo 2:22.

Amewo alɔ̃ wo nɔewo ade bubu wo nɔewo ŋu. Madzɔmadzɔnyenye, ameteteɖeanyi, ŋukeklẽ, kple fuléle maganɔ anyi o. Ðekawɔwɔ anɔ amewo dome eye woanɔ agbe ɖe Mawu ƒe mɔ dzɔdzɔewo nu.—Yesaya 26:9.