Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 1

Mawu Le Kpewòm Be Nàva Nye Ye Xɔlɔ̃

Mawu Le Kpewòm Be Nàva Nye Ye Xɔlɔ̃

Mawu di be nànye ye xɔlɔ̃. Èbu eŋu kpɔ be yeate ŋu anye Ame gãtɔ kekeake si le xexeame katã xɔlɔ̃a? Woyɔ Abraham, amesi nɔ anyi le blema be Mawu xɔlɔ̃. (Yakobo 2:23) Xɔlɔ̃wɔwɔ nɔ Mawu kple ame bubu siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me hã dome, eye eyra wo ale gbegbe. Egbea la, amewo tso anyigba ƒe akpa sia akpa va nye Mawu xɔlɔ̃wo. Wò hã àte ŋu anye Mawu xɔlɔ̃.

Mawu ƒe xɔlɔ̃ nyenye nyo wu be nànye amegbetɔ ɖesiaɖe xɔlɔ̃. Mawu menaa mɔkpɔkpɔ buna ɖe exɔlɔ̃ nuteƒewɔlawo gbeɖe o. (Psalmo 18:26) Mawu ƒe xɔlɔ̃ nyenye nyo wu be kesinɔnuwo nanɔ asiwò. Ne kesinɔtɔ ku la, eƒe ga zua ame bubuwo tɔ. Gake kesinɔnu aɖe le amesi wɔa xɔlɔ̃ kple Mawu si si ame aɖeke mate ŋu axɔ le esi o.—Mateo 6:19.

Ame aɖewo adze agbagba be yewoana nàdzudzɔ nusɔsrɔ̃ tso Mawu ŋu. Xɔ̃wò kple ƒowòmetɔ aɖewo gɔ̃ hã awɔ nusia. (Mateo 10:36, 37) Ne amewo ko wò alo do ŋɔdzi na wò la, bia ɖokuiwò be, ‘Ameka ŋue medi be madze—amegbetɔwo loo alo Mawu?’ Bu nya sia ŋu kpɔ: Ne ame aɖe gblɔ na wò be nàdzudzɔ nuɖuɖu ɖe, àɖo toea? Màɖo toe o! Ehiã be nàɖu nu hafi ate ŋu anɔ agbe. Gake Mawu ate ŋu ana nànɔ agbe tegbee! Eyata mègana ame aɖeke nana nàdzudzɔ nusɔsrɔ̃ tso alesi nàwɔ anye Mawu xɔlɔ̃ ŋu gbeɖe o.—Yohanes 17:3.