Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 18

Nye Mawu Xɔlɔ̃ Tegbee!

Nye Mawu Xɔlɔ̃ Tegbee!

Ebia agbagbadzedze hafi nàte ŋu adze xɔlɔ̃; ebia agbagbadzedze hafi nànye ame aɖe xɔlɔ̃ ɖaa. Woayra wò ŋutɔ ɖe agbagba siwo nàdze be yeava zu Mawu xɔlɔ̃ ahayi edzi anye exɔlɔ̃ ɖaa la ta. Yesu gblɔ na amesiwo xɔ edzi se bena: “Nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.” (Yohanes 8:32) Nukae nya ma fia?

Àte ŋu anɔ ablɔɖe me fifia. Àte ŋu avo tso alakpanufiafia kple alakpanya siwo Satana kaka la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me. Àte ŋu avo tso mɔkpɔkpɔmanɔamesi si xɔ ame miliɔn geɖe siwo menya Yehowa o ƒe agbe me la me. (Romatɔwo 8:22) Mawu xɔlɔ̃wo vo tso “vɔvɔ̃ na ku” gɔ̃ hã me.—Hebritɔwo 2:14, 15.

Ablɔɖe ate ŋu asu asiwò le Mawu ƒe xexe yeyea me. Ablɔɖe wɔnuku ka gbegbee nye si ate ŋu asu asiwò le etsɔme! Le Paradisonyigbaa dzi la, míavo tso aʋawɔwɔ, dɔléle, kple nuvlowɔwɔ si me. Míavo tso hiãkame kple dɔwuame si me. Míavo tso tsitsi kple ku si me. Míavo tso vɔvɔ̃, ameteteɖeanyi, kple madzɔmadzɔnyenye si me. Biblia gblɔ le Mawu ŋu be: “Èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na woe.”—Psalmo 145:16.

Mawu xɔlɔ̃wo anɔ agbe tegbee. Agbe mavɔ nye nunana xɔasi aɖe si Mawu ana amesiwo katã di be yewoadze xɔ̃e. (Romatɔwo 6:23) Wò ya bu alesi wòanɔ be nànɔ agbe tegbetegbe ŋu kpɔ ko!

Ɣeyiɣi anɔ asiwò nàwɔ nu geɖe. Ðewohĩ àdi be yeasrɔ̃ haƒonu aɖe ƒoƒo. Alo àdi be yeasrɔ̃ nutata alo anye atikpala. Ðewohĩ àdi be yeasrɔ̃ nu tso lãwo alo numiemiewo ŋu. Alo anɔ eme be àdi be yeazɔ mɔ anya dukɔ vovovowo me anya ame vovovowo. Ne èle agbe tegbee la, àte ŋu awɔ nusiawo katã bɔbɔe!

Ɣeyiɣi anɔ asiwò nàdze xɔlɔ̃ geɖe. Agbenɔnɔ tegbee ana be nàva nya ame bubu geɖe siwo hã va zu Mawu xɔlɔ̃wo. Àva nya woƒe ŋutetewo kple nɔnɔme nyuiwo, eye woava nye wò hã xɔ̃wòwo. Àlɔ̃ wo, eye woalɔ̃ wò. (Korintotɔwo I, 13:8) Agbenɔnɔ tegbetegbe ana nàkpɔ ɣeyiɣi geɖe atsɔ adze xɔlɔ̃ amesiame le anyigba dzi! Esi nyo wu wo katãe nye be ne ƒe alafawo va le yiyim la, mia kple Yehowa dome xɔlɔ̃wɔwɔa anɔ sesẽm ɖe edzi ɖaa. Neva eme be nànye Mawu xɔlɔ̃ tegbee!