Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 15

Mawu Xɔlɔ̃wo Wɔa Nu Nyui

Mawu Xɔlɔ̃wo Wɔa Nu Nyui

Ne xɔlɔ̃ aɖe le asiwò si nèlɔ̃ hedea bubu eŋu la, àdze agbagba be yeanɔ abe eyama ene. Biblia gblɔ be: “Yehowa ƒe dɔme nyo, eye wòwɔa nuteƒe.” (Psalmo 25:8) Be míanye Mawu xɔlɔ̃ la, ele be míaƒe dɔme nanyo eye míawɔ nuteƒe. Biblia gblɔ be: “Mizu mawusrɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene, eye mizɔ le lɔlɔ̃ me.” (Efesotɔwo 5:1, 2) Mɔ siwo nu míawɔ esia le dometɔ aɖewoe nye si:

Kpe ɖe ame bubuwo ŋu. “Mina míawɔ nu nyui na amesiame.”—Galatiatɔwo 6:10.

Wɔ dɔ sesĩe. “Fiafitɔ la nagafi fi o, ke boŋ nedze agbagba, ne wòatsɔ eƒe asiwo awɔ dɔ nyui.”—Efesotɔwo 4:28.

Nɔ dzadzɛ le ŋutilã kple agbenɔnɔ gome. “Mina míakɔ mía ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.”—Korintotɔwo II, 7:1.

Wɔ nu ɖe wò ƒomea me tɔwo ŋu le lɔlɔ̃ kple bubu me. “Mia dome ɖesiaɖe nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃anyɔnu . . . abe ye ŋutɔ ɖokui ene; ke nyɔnu la nasi srɔ̃a ɖa. Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo.”—Efesotɔwo 5:33–6:1.

Ðe lɔlɔ̃ fia amewo. “Mina míalɔ̃ mía nɔewo; elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu me.”—Yohanes I, 4:7.

Wɔ dukɔa ƒe sewo dzi. “Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu . . . Mitu fe na amesiame, alesi dze: Amesi tɔ nye nudzɔdzɔ la, midzɔ nu nɛ; amesi tɔ nye adzɔnana la, mina adzɔe.”—Romatɔwo 13:1, 7.