Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 1

Ŋgɔdonya Si Sɔ Nyuie

Ŋgɔdonya Si Sɔ Nyuie

Dɔwɔwɔwo 17:22

NU SI NÀWƆ: Ele be wò ŋgɔdonyaa nana nyaa sese nadzro wò nyaselawo, wòana wò nyatia nadze ƒãa, eye wòana wò nyaselawo nakpɔ nu si tae wòle be woatsɔ ɖe le eme.

ALE SI NÀWƆE:

  • Na nyaa sese nadzro amewo. Bia nya aɖe, ƒo nu tso nya aɖe ŋu, gblɔ agbemenudzɔdzɔ aɖe, alo nàƒo nu tso nyadzɔdzɔ yeye aɖe si me wò nyaselawo atsɔ ɖe le ŋu.

  • Na wò nyatia nadze ƒãa. Kpɔ egbɔ be wò ŋgɔdonyaa na taɖodzinu si le wò gbedeasia ŋu kple nyati si ŋu wòku ɖo la me kɔ na wò nyaselawo.

  • Na woakpɔ nu si tae nyatia le vevie. Trɔ asi le wò nyawo ŋu woasɔ ɖe wò nyaselawo ƒe nuhiahiãwo nu. Na woakpɔ ale si nyatia ate ŋu akpe ɖe wo ŋui la nyuie.