Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 10

Gbetɔtrɔ Vovovoe

Gbetɔtrɔ Vovovoe

Lododowo 8:4, 7

NU SI NÀWƆ: Trɔ wò gbea ƒe sesẽme, eƒe kɔkɔme kple eƒe tsɔtsɔme be wò nyawo me nakɔ eye wòawɔ dɔ ɖe nyaselawo ƒe seselelãme dzi.

ALE SI NÀWƆE:

  • Trɔ wò gbea ƒe sesẽme. Na wò gbea nasẽ vie nàtsɔ ate gbe ɖe nya veviawo dzi alo nàtsɔ aʋã wò nyaselawo. Wɔ nenema ke ne èle Ŋɔŋlɔawo me ʋɔnudrɔ̃nyawo xlẽm. Bɔbɔ wò gbe ne èle nya aɖe si nèdi be wò nyaselawo nakpɔ mɔ na vevie la gblɔ ge alo ne èle nu ƒom tso nya aɖe si ku ɖe vɔvɔ̃ alo dzimaɖitsitsi ŋu.

  • Trɔ gbea ƒe kɔkɔme. Kɔ gbe dzi nàtsɔ aƒo nu dzonɔamemetɔe alo nàtsɔ aɖɔ nuwo ƒe lolome alo woƒe didime, ne esɔ be woawɔe nenema le mia gbɔ. Gake ɖiɖi gbea ƒe kɔkɔme ne èle nublanuinyawo alo nya siwo ku ɖe dzimaɖitsitsi ŋu gblɔm.

  • Trɔ wò nuƒoƒo ƒe tsɔtsɔme. Ne èdi be yeagblɔ dzidzɔnya aɖe la, ƒo nu wòatsɔ vie wu. Ƒo nu blewu ne èle nya veviwo gblɔm.