Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 11

Dzonɔameme

Dzonɔameme

Romatɔwo 12:11

NU SI NÀWƆ: Ƒo nu dzonɔamemetɔe nàtsɔ aʋã wò nyaselawo woaɖe afɔ.

ALE SI NÀWƆE:

  • Na nyaa nawɔ dɔ ɖe wò dzi dzi. Ne èle wò nuƒoa alo dɔdeasia dzram ɖo la, de ŋugble le ale si gbegbe gbedeasia le vevie la ŋu nyuie. Dze agbagba nàse nyati si me dzro ge nàla la gɔme nyuie ale be nàte ŋu aƒo nu tso dzi me.

  • Bu wò nyaselawo ŋu. De ŋugble le viɖe si nyaselawo akpɔ tso nu si nàxlẽ alo nu si nàfia wo me la ŋu. Bu mɔ siwo nu nàgblɔ nyaawo le be wò nyaselawo nakpɔ woƒe vevienyenye adze sii nyuie wu la ŋu.

  • De agbe wò nuƒoa me. Ƒo nu dzonɔamemetɔe. Na wò asiwɔwɔ ɖe nya dzi le dzɔdzɔme nu kple ale si nàɖo moe naɖe wò seselelãmewo afia.