Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 16

Nyawo Nede Dzi Ƒo Eye Wòatu Ame Ðo

Nyawo Nede Dzi Ƒo Eye Wòatu Ame Ðo

Hiob 16:5

NU SI NÀWƆ: Wò nyawo neku ɖe nu siwo naa mɔkpɔkpɔ ame kple nu siwo dea dzi ƒo na ame la koŋ ŋu, ke menye kuxiwo ŋu o.

ALE SI NÀWƆE:

  • Susu nyui nenɔ asiwò ɖe wò nyaselawo ŋu. Ka ɖe edzi be wò haxɔsetɔwo di be yewoadze Yehowa ŋu. Ne ehiã be nàɖo aɖaŋu na wo gɔ̃ hã la, gbã, kafu wo tso dzi me ɣesiaɣi si wòanya wɔ.

  • Mègaƒo nu tso nya vɔ̃wo ŋu fũu o. Ne ehiã kokoko be nàƒo nu tso nya vɔ̃wo ŋu la, ke wɔ esia le go siwo me wòahiã le be nàtsɔe afia nu vevi aɖewo wò nyaselawo ko. Ke hã, wò nuƒo alo dɔdeasi bliboa netu ame ɖo.

  • Wɔ Mawu ƒe Nya la ŋu dɔ nyuie. He wò nyaselawo ƒe susu yi nu siwo Yehowa wɔ na amegbetɔwo, nu siwo wɔm wòle na wo kple nu siwo wòava wɔ na wo la dzi. De dzi ƒo na wò nyaselawo eye nàna woanɔ mɔ kpɔm na Mawu ƒe ŋugbedodowo me vava.