Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 18

Nufiame Nanɔ Eme Na Nyaselawo

Nufiame Nanɔ Eme Na Nyaselawo

1 Korintotɔwo 9:19-23

NU SI NÀWƆ: Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woabu tame le nyatia ŋu ale be woase le wo ɖokuiwo me be yewosrɔ̃ nu vevi aɖe.

ALE SI NÀWƆE:

  • Bu nu siwo wò nyaselawo nya xoxo la ŋu. Mègagbugbɔ nu siwo nyaselawo nya xoxo la gblɔ dzro ko o, ke boŋ kpe ɖe wo ŋu woabu nyatia ŋu le mɔ bubu nu.

  • Ku nu me eye nàde ŋugble. Ne anya wɔ la, zã nyateƒenya siwo ŋu amewo menya nu boo tso o alo nyadzɔdzɔ yeyewo nàtsɔ aɖe susu veviwo me. De ŋugble le wò nyatia kpakple kadodo si le wò nyatia kple nyateƒenya siwo nèdi be yeazã le wò nuƒoa me dome la ŋu nyuie.

  • Na woakpɔ ale si wò gbedeasia le vevie. Na wò nyaselawo nakpɔ ale si Ŋɔŋlɔawo me nyawo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu le woƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me. Ƒo nu tso kpɔɖeŋu, amewo ƒe nɔnɔme kple nuwɔna aɖewo koŋ siwo ka wò nyaselawo la ŋu.