Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 19

Agbagbadzedze Be Nàɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ

Agbagbadzedze Be Nàɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ

Lododowo 3:1

NU SI NÀWƆ: Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woakpɔ asixɔxɔ si le nu si srɔ̃m wole ŋu eye woawɔ ɖe edzi.

ALE SI NÀWƆE:

  • Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woadzro wo ɖokuiwo me. Bia nya siwo ŋu wò nyaselawo aɖo na wo ɖokuiwo la wo be wòakpe ɖe wo ŋu woadzro wo ɖokuiwo me.

  • Ðee fia be yeka ɖe edzi be wodi be yewoawɔ nu si le eteƒe. De dzi ƒo na wò nyaselawo be woadzro wo ɖokuiwo me akpɔ nu si tae wowɔa nu nyuiwo ɖo. Kpe ɖe wo ŋu be woana susu nyuitɔ, si nye lɔlɔ̃ na Yehowa, lɔlɔ̃ na wo haviwo kple lɔlɔ̃ na Biblia ƒe nufiafiawo, naʋã wo. Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woakpɔe be nunya le nya si Biblia gblɔ me; mègahe nya ɖe wo ŋu o. Le esi nàde ŋukpe mo na wo teƒe la, na woase le wo ɖokuiwo me be ètu yewo ɖo, eye ède dzi ƒo na yewo be yewoawɔ yewoƒe ŋutete katã.

  • He susu yi Yehowa dzi. Te gbe ɖe ale si Biblia ƒe nufiafiawo, gɔmeɖosewo kple sededewo ɖea Mawu ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo kple ale si gbegbe wòlɔ̃ míi fiana la dzi. Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woabu ale si Yehowa sena le eɖokui me ŋu ahadi be yewoadze eŋu.