Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 2

Nuƒoƒo Le Dzeɖoɖomɔ Nu

Nuƒoƒo Le Dzeɖoɖomɔ Nu

2 Korintotɔwo 2:17

NU SI NÀWƆ: Ƒo nu le dzɔdzɔme nu le anukwareɖiɖi me wòaɖe ale si nèle sesem le ɖokuiwò me le nyatia kpakple wò nyaselawo ŋu afia.

ALE SI NÀWƆE:

  • Do gbe ɖa eye nàdzra ɖo ɖe dɔa ŋu nyuie. Do gbe ɖa nàbia Mawu be wòakpe ɖe ŋuwò wò susu nanɔ wò gbedeasia ŋu, ke menye ɖokuiwò ŋu o. Na nya vevi siwo ŋu wòle be nàƒo nu tsoe la nanɔ susu me na wò nyuie. Zã wò ŋutɔ wò nyagbewo nàtsɔ aɖe nyawo me; mègagblɔ nyawo nya-ɖe-nya-nu abe ale si tututu wodze le agbalẽ me ene o.

  • Ƒo nu tso dzi me. De ŋugble le nu si tae wòhiã be wò nyaselawo nase gbedeasia ɖo la ŋu. Wò susu nenɔ wo ŋu. Esia awɔe be wò dzedzeme, wò asiwɔwɔ ɖe nyaa dzi kple ale si nàɖo moe siaa ana wòadze ƒãa be nyaa tso dzi me na wò, eye awɔe hã be àƒo nu vividoɖeameŋutɔe.

  • Kpɔ wò nyaselawo ŋkume. Nɔ wò nyaselawo ƒe ŋkume kpɔm nenye be esia wɔwɔ maɖia amewo nu le mia gbɔ o. Ne èle nuƒo ƒom la, nɔ ame ɖekaɖekawo ŋkume kpɔm le nyaselawo dome, ke menye be nànɔ ŋku tsam le ƒuƒoƒo bliboa dzi gbadzaa ko o.