Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 20

Nyataƒonya Si Awɔ Dɔ Ðe Ame Dzi

Nyataƒonya Si Awɔ Dɔ Ðe Ame Dzi

Nyagblɔla 12:13, 14

NU SI NÀWƆ: Le wò nyataƒonyaa me la, gblɔ nya siwo aʋã wò nyaselawo be woalɔ̃ ɖe nu si wosrɔ̃ dzi eye woawɔ ɖe edzi.

ALE SI NÀWƆE:

  • Kadodo nenɔ wò nyataƒonyaa kple tanyaa dome. Gahe susu yi tanyaa kple susu veviawo dzi ake.

  • Gblɔ nya siwo aʋã wò nyaselawo be woaɖe afɔ. Fia wò nyaselawo nu si woawɔ, eye nàna woakpɔ susu nyui siwo tae wòle be woawɔ wo ɖo. Ƒo nu dzonɔamemetɔe kple kakaɖedzi.

  • Na wò nyataƒonyaa me nakɔ eye wòanɔ kpuie. Mègade nya vevi bubu siwo ŋu mèƒo nu tsoe va yi o la nyataƒonyaa me o. Zã nya ʋɛ ale si wòanya wɔ nàtsɔ aʋã wò nyaselawo zi mamlɛtɔ be woaɖe afɔ.