Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 4

Susuhehe Yi Ŋɔŋlɔawo Dzi Nyuie

Susuhehe Yi Ŋɔŋlɔawo Dzi Nyuie

Mateo 22:41-45

NU SI NÀWƆ: Dzra wò nyaselawo ƒe susu ɖo ale be woanɔ mɔ kpɔm na ŋɔŋlɔ si xlẽ ge nàla.

ALE SI NÀWƆE:

  • De ŋugble le nu si tae nèle ŋɔŋlɔa xlẽ ge ɖo la ŋu. He susu yi ŋɔŋlɔ ɖe sia ɖe si nàxlẽ la dzi le mɔ aɖe nu be wò nyaselawo ƒe susu nanɔ nya vevi si dzi nèdi be yeate gbe ɖo le ŋɔŋlɔa me la ŋu.

  • Tsɔ Biblia ɖo kpe edzi. Ne èle nu ƒom na ame siwo xɔ Mawu dzi se la, te gbe ɖe edzi be Mawu ƒe Nyae Biblia nye. Àto esia me aɖee afia be Biblia nye nunya vavãtɔ tsoƒe.

  • Na woanɔ mɔ kpɔm na ŋɔŋlɔ si xlẽ ge nàla. Bia nya aɖe si ŋu ŋɔŋlɔa aɖo, he susu yi kuxi aɖe si gbɔ woate ŋu azã ŋɔŋlɔa atsɔ akpɔ la dzi, alo nàhe susu yi gɔmeɖose aɖe si ƒe kpɔɖeŋu adze le Ŋɔŋlɔawo me ŋutinyaa me la dzi.