Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 6

Na Nu Si Tae Nèxlẽ Ŋɔŋlɔa Ðo La Me Nakɔ

Na Nu Si Tae Nèxlẽ Ŋɔŋlɔa Ðo La Me Nakɔ

Yohanes 10:33-36

NU SI NÀWƆ: Mègaxlẽ ŋɔŋlɔ aɖe ko ayi nya bubu dzi o. Na ƒomedodo si le ŋɔŋlɔ si nèxlẽ kple nya vevi si me ɖem nèle dome la me nakɔ na wò nyaselawo nyuie.

ALE SI NÀWƆE:

  • He susu yi nya veviawo dzi. Ne èxlẽ mawunyakpukpui aɖe vɔ la, he susu yi eme nya siwo ku ɖe nya vevi si me dzrom nèle ŋu la dzi. Àte ŋu awɔ esia ne ègbugbɔ xlẽ nya vevi mawo alo nèbia nya aɖe si ana nyaselawo nade dzesi nya veviawo.

  • Te gbe ɖe nya vevia dzi. Ne èna wò nyaselawo nya susu si tae nèle ŋɔŋlɔ aɖe xlẽ ge hafi xlẽe la, na ale si ŋɔŋlɔa me nya veviawo ɖo kpe edzii la me nakɔ.

  • Na wò numeɖeɖea gɔme sese nanɔ bɔbɔe. Ƒo asa na nuƒoƒo tso nya bubu siwo meku ɖe nya vevia ŋu o la ŋu. Bu nu siwo wò nyaselawo nya tso nyatia ŋu xoxo la ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nànya nya siwo wòahiã be nàgblɔ atsɔ aɖe nyaa me be eme nakɔ na wo nyuie.